Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba dzi Tegbee!
Wowɔ agbalẽvi sia be wòakpe ɖe ŋuwò nànya amesi wɔ anyigba kple nusiwo katã le edzi. Ègbɔna nyanya ge be Mawu, amesi wɔ anyigba la, ŋkɔ le esi. Míaƒo nu le nusita Mawu wɔ ame kple alesi nàwɔ ase agbe ƒe vivi le anyigba dzi tegbee la hã ŋuti.
Míeka ɖe edzi be nɔnɔmetatawo akpe ɖe ŋuwò nàdze si nusiawo nyuie. Be wòaɖe vi geɖe na wò la, ele be nàxlẽ Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ ɖe nɔnɔmetata geɖe gbɔ la. Ne èwɔ esia la, àxlẽ Mawu ƒe ŋugbedodo nyui siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo kple nusi Mawu be nàwɔ be nàkpɔ ŋugbedodo siawo ƒe emevava la na ɖokuiwò.
Ðewohĩ àdi be yeatsɔ agbalẽvi sia akpe ɖe ame bubuwo ŋui. Ne viwo le asiwò la, àte ŋu atsɔe akpe ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Ne ame tsitsi geɖe menya nuxexlẽ le miaƒe dukɔa me o la, àte ŋu atsɔ nɔnɔmetatawo akpe ɖe wo ŋu be woase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme, be woawo hã nate ŋu akpe ɖe woƒe aƒelikawo ŋu.
Míekpɔ mɔ vevie be agbalẽvi sia me nyawo sɔsrɔ̃ aʋu mɔ na wò be nàkpɔ yayra geɖe, eye nàfia ame bubuwo hã alesi woawɔ anɔ agbe le anyigba sia dzi tegbee.