INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt axa 16-axa 17
  • Nyabiase 7: Nya kae Biblia gblɔ ɖi tso míaƒe ŋkekeawo ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase 7: Nya kae Biblia gblɔ ɖi tso míaƒe ŋkekeawo ŋu?
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Nyabiase 7: Nya kae Biblia gblɔ ɖi tso míaƒe ŋkekeawo ŋu?

NYABIASE 7

Nya kae Biblia gblɔ ɖi tso míaƒe ŋkekeawo ŋu?

Ŋutsu aɖe le ŋugble dem tso ale si Biblia me nyagblɔɖiwo abe aʋawɔwɔ, nuɖuɖu ƒe veve kple sedzimawɔmawɔ ene le eme vam le xexea me godoo ŋu

“Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu . . . Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.”

Mateo 24:7, 8

“Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo ado eye woakplɔ ame geɖewo atrae; eye le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.”

Mateo 24:11, 12

“Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo la, dzika megatso mia ƒo o; ele be nu siawo nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.”

Marko 13:7

“Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo; eye woakpɔ nu dovoɖinamewo kple dzesi gãwo tso dziƒo.”

Luka 21:11

“Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu, ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le, gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.”

2 Timoteo 3:1-5

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe