Hadzidzi 82
Srɔ̃ Kristo Ƒe Tufafa
Tatatɔ
1. Yesue nye ame vevitɔ nɔ’anyi kpɔ,
Gake medo ’ɖokui ɖe dzi gbeɖe o.
Eti Ma’u ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ yome,
’Ye wòbɔbɔ eɖokui nu sia nu me.
2. Ame si’o le dagbadagbam wòkpe be
Woava nɔ kɔkuti si yetsɔ la te.
Woakpɔ gbɔdzɔe ne wodi Fiaɖuƒea gbã.
Aƒetɔ la nye ame fatu vavã.
3. Yesu be mí katã míenye nɔviwo,
Eya ta mègadi nɔƒe kɔkɔ o.
’Me fatuwo xɔ asi le Ma’u ŋkume.
Edo ŋugbe be woanyi ’nyigba dome.
(Kpɔ Mat. 5:5; 23:8; Lod. 3:34; Rom. 12:16 hã.)