NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NEHEMIYA 9-11
Tadeagula Wɔnuteƒewo Kpe Asi Ðe Teokrasiɖoɖowo Ŋu
Mawu ƒe amewo lɔ̃ faa kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le mɔ vovovowo nu
Dukɔ la dzra ɖo eye woɖu Agbadɔŋkekenyui la le mɔ nyuitɔ nu.
Dukɔ la ƒoa ƒu gbe sia gbe be yewoaɖo to Mawu ƒe Sea xexlẽ, eye esia na wokpɔ dzidzɔ.
Dukɔ la ʋu woƒe nu vɔ̃wo me, do gbe ɖa, eye wobia Yehowa be wòayra yewo.
Dukɔ la lɔ̃ ɖe edzi be yewoayi edzi akpe asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu.
Teokrasiɖoɖo siwo ŋu wokpe asi ɖo dometɔ aɖewo nye:
Srɔ̃ɖeɖe tso Yehowa subɔlawo ko dome
Gadzɔdzɔ
Sabat la ɖuɖu
Nakefɔfɔ hena vɔsamlekpuia
Agblemenukuwo kple lãwo ƒe gbãtɔwo tsɔtsɔ na Yehowa