Nu Ka Tae Mawu Zi Kpi?
“Yehowa, nu ka ŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me?”a—PSALMO 10:1.
ŊKUDADA ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe akpa dzi ɖeɖe dzaa ana nàlɔ̃ ɖe edzi be “xaxaɣiwo” mee míele. Eye ne dzigbãnya aɖe dzɔ ɖe mía dzi—wowɔ nu vlo aɖe ɖe mía ŋu, afɔku gã aɖe dzɔ ɖe mía dzi, alo míaƒe ame vevi aɖe ku—la, ɖewohĩ míabia be, Ðe Mawu le nu siawo kpɔm hafia? Ðe wòtsɔ ɖe le eme na mía? Ðe wòli ŋutɔ gɔ̃ hã ya?
Ke hã, ɖe nèbu eŋu kpɔ be ate ŋu anɔ eme be nukpɔsusu masɔmasɔwo dzie míetua nu siwo míekpɔa mɔ be Mawu nawɔ la ɖo ɣeaɖewoɣia? Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ɖevi sue aɖe do dziku le esi fofoa dzo yi dɔ me ta. Ðevia di be ye fofo nanɔ ye gbɔ le aƒe me. Ese le eɖokui me be egblẽ ye ɖi. Le ŋkeke bliboa me la, sẽ kple sẽ ko, ebia be “Papa ɖe?”
Mesesẽ be míakpɔe be ɖevia ƒe nuŋububu mesɔ o. Nya lae nye be, le ɣeyiɣi ma tututu me la, fofoa le dɔ wɔm be yeatsɔ akpɔ ƒome bliboa dzi. Ðe manye nukpɔsusu masɔmasɔ ma tɔgbi ye nana míebiana be, “Afi kae Mawu le hafi nu siawo le dzɔdzɔm hã oa”?
Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo adi be Mawu nanye ame si hea to na nu gbegblẽ wɔlawo enumake. Ame bubuwo hã bua Mawu abe Papa Kristmas ene, be enye dɔmenyotɔ gã aɖe le dziƒo, si ƒe dɔe wònye be wòanɔ nu nyuiwo, abe dɔwɔɖui, srɔ̃ɖeɖe, alo lotoɖuɖu ene, nam amewo.
Nukpɔsusu eveawo siaa fia be ne Mawu mehe to, alo wɔ míaƒe didiwo dzi na mí enumake o la, ke efia be metsɔ ɖeke le míaƒe fukpekpewo kple nuhiahiãwo me o. Gake menye nenemae wòle kura o. Nya lae nye be, le ɣeyiɣi sia tututu me la, Yehowa Mawu le dɔ wɔm be yeatsɔ akpɔ ameƒomea katã ƒe kuxiwo gbɔ, togbɔ be menye nu siwo ame geɖe le mɔ kpɔm be wòawɔ fifia la wɔm wòle o hã.
Ke nu ka wɔm Mawu le fifia? Be míaɖo biabia sia ŋu la, ele be míatrɔ ayi amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze, esime ameƒomea kple Mawu dome ƒomedodo ɖo afɔku me—gake menye le mɔ si nu womate ŋu awɔ naneke tso eŋu le o.
Nu Vɔ̃ Me Tsonu Gbegblẽwo
Tsɔe be amewo ʋu le aƒe aɖe me hegblẽe ɖi bemalémalé nɛ hena ƒe geɖe. Zingli aɖewo fo le etame, ʋɔtruawo ɖe le ʋɔtrutiawo nu, amewo gblẽ nu le gliawo ŋu. Aƒe sia nɔ nɔnɔme nyui me tsã—gake megale nenema fifia o. Ne èbu ale si gbegbe nu gblẽ le aƒea ŋui ŋu la, àkpɔe be edzadzraɖo manye dɔ vi o; manye gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ƒe nya o.
Azɔ de ŋugble tso nu si gbegbe gblẽ le ameƒomea ŋu ƒe 6,000 aɖewoe nye esia, esime Satana, si nye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ aɖe, na Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu la ŋu kpɔ. Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ ma la, atsu kple asi gbãtɔa nɔ lãmesẽ deblibo me, eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ nɔ ʋuʋu ɖi na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa. (1 Mose 1:28) Ke hã, esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, wogblẽ nu le amegbetɔ siwo katã woava dzi le anyigba dzi la ƒe etsɔme ŋu.
Mègabu nu si aglãdzedze ma gblẽ le ameƒomea ŋu la nu tsɛ o. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.” (Romatɔwo 5:12) To vovo na ku si wòhe vae la, nu vɔ̃ gblẽ ƒomedodo si wòle be wòanɔ mía kple mía Wɔla la dome la me, eye wòkpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe ŋutilã, tamesusu, kple seselelãmewo dzi. Eya ta ɖeko nɔnɔme si me míeva le la le abe aƒe si wogblẽ ɖi bemalémalé nɛ ɣeyiɣi didi aɖe ene. Ame dzɔdzɔe Hiob ɖɔ míaƒe nɔnɔmea wòsɔ nyuie esime wògblɔ be amegbetɔ ƒe “agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.”—Hiob 14:1.
Gake ɖe ema fia be Mawu gblẽ ameƒomea ɖi tso esime Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃a? Kura o! Tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la, mía Fofo si le dziƒo la le nu siwo ava ɖe vi na ameƒomea le etsɔme la wɔm. Be míanya nu siwo wɔm Mawu le fifia la, anyo be míadzro afɔɖeɖe etɔ̃ aɖewo siwo hiã le aƒe aɖe si wogblẽ ɖi eteƒe didi ɖɔɖɔɖo me la me, bene míakpɔ ale si esiawo sɔ kple nu siwo wɔm Mawu le fifia be yeatsɔ aɖɔ ameƒomea ɖo.
1 Ne aƒe aɖe dome gblẽ la, aƒea tɔ alé ŋku ɖe eŋu ahatso nya me nenye be yeaɖɔe ɖo alo yeagbãe.
Le mía dzila gbãtɔawo ƒe aglãdzedze le Eden bɔa me megbe teti ko la, Yehowa Mawu na eme kɔ ƒãa be yeɖoe be yeaɖɔ nu si gblẽ le ameƒomea ŋu la ɖo. Egblɔ na gbɔgbɔ makpɔmakpɔ si nɔ megbe na aglãdzedzea be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—1 Mose 3:15.
Nya mawo fia be Yehowa do ŋugbe be yeava tsrɔ̃ ame si gbɔ Eden bɔa me ƒe aglãdzedzea tso la ɖa. (Romatɔwo 16:20; Nyaɖeɖefia 12:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔe ɖi be ‘dzidzimevi’ aɖe ava ɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ me.b (1 Yohanes 3:8) Ŋugbedodo mawo na míeka ɖe nyateƒenya sia dzi be: Mawu ɖoe be yeaɖɔ ameƒomea ɖo, ke menye be yeatsrɔ̃e ɖa o. Gake esia wɔwɔ axɔ ɣeyiɣi.
2 Xɔtuɖaŋuŋutinunyala aɖe awɔ ale si xɔa ava nɔ le eɖɔɖɔɖo megbe la ƒe nɔnɔmetata.
Yehowa Mawu tsɔ se aɖewo na Israel viwo, eye wòwɔ ɖoɖo wotu gbedoxɔ si me woanɔ ta dem agu nɛ le. Biblia gblɔ be: “Nu mawo nye nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli.” (Kolosetɔwo 2:17) Abe xɔ ƒe nɔnɔmetata ene la, nu mawo nye kpɔɖeŋu na nane si de ŋgɔ wu.
Le kpɔɖeŋu me, Israel viwo tsɔ lãwo sa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta bene woate ŋu atsɔ nu vɔ̃ mawo ake yewo. (3 Mose 17:11) Vɔsa mawo nye vɔvɔli na vɔsa gã si woava wɔ ƒe alafa geɖewo le emawo megbe, si aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ me.c Avɔgbadɔ kple gbedoxɔ si me Israel viwo subɔ le la nye kpɔɖeŋu na nu siwo Mesia la ava wɔ, tso eƒe vɔsakua dzi va se ɖe esime wòalia yi dziƒo.—Kpɔ aɖaka si le axa 7.
3 Wotiaa xɔtula aɖe be wòazɔ ɖe xɔa ɖɔɖɔɖo ŋuti nɔnɔmetata si wowɔ la dzi ahaɖɔ xɔa ɖo.
Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, si va na nu si Israel viwo ƒe vɔsawo nɔ tsitre ɖi na la va eme le mɔ ŋutɔŋutɔ nu esime wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe na ɖe ameƒomea ƒe nu vɔ̃wo ta. Ema tae Yohanes amenyrɔɖetsimela te ŋu yɔ Yesu be “Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa” ɖo. (Yohanes 1:29) Yesu lɔ̃ faa va wɔ dɔ gã ma. Egblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.”—Yohanes 6:38.
Menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu koe nye be Yesu ‘nava tsɔ eƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta’ ko evɔ o, ke boŋ be Yesu nabla nu kple eyomedzela aɖewo hã hena Fiaɖuƒe aɖe. (Mateo 20:28; Luka 22:29, 30) Fiaɖuƒe mae nye nu si dzi Mawu ato ana eƒe tameɖoɖo na ameƒomea nava eme. Woyɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbedeasia be “nya nyui” elabena gbedeasi sia ɖee fia be Mawu ɖo dziɖuɖu aɖe anyi le dziƒo, si ava kpɔ ameƒomea ƒe nyawo gbɔ le anyigba dzi.—Mateo 24:14; Daniel 2:44.d
Ameƒomea Ðɔɖɔɖo Ƒe Dɔa Le Edzi Yim
Hafi Yesu natrɔ ayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me . . . Eye kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mateo 28:19, 20.
Eya ta nu si gblẽ le ameƒomea ŋu ɖɔɖɔɖo ƒe dɔa mese ɖe Yesu ƒe ku dzi o. Ayi edzi ʋuu va se ɖe “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi”—si ƒe nuwuwu Mawu Fiaɖuƒea ate anyigbaa dzi ɖuɖu. Nuwuɣi ma mee míele fifia. Ale si míewɔ nyae nye be dzesi siwo ŋu nya Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” ŋu la le eme vam fifia.e—Mateo 24:3-14; Luka 21:7-11; 2 Timoteo 3:1-5.
Egbea la, Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe se si Yesu de be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia la dzi le dukɔ 236 sɔŋ me. Wotrɔa asi le Gbetakpɔxɔ magazinewo, abe esi xlẽm nèle ene, ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nànya nu geɖe wu tso Fiaɖuƒe ma kple nu siwo wòava wɔ la ŋu. Nya sia dzena le Gbetakpɔxɔ ɖe sia ɖe ƒe axa evelia be: “Magazine sia . . . [faa] akɔ na amewo katã kple nya nyui la be, eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ le dziƒo la, aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa, eye wòatrɔ anyigba la wòazu paradiso. Edea dzi ƒo na amewo be woaxɔ Yesu Kristo, si ku ɖe mía ta bene agbe mavɔ nasu mía si, eye wònye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dzi ɖum fifia la, dzi ase.”
Ele eme baa be àte ŋu anɔ ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedzewo kple dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu nya sem, alo dzigbãnya aɖewo ate ŋu adzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò egbea ya. Gake Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be menye ɖe Mawu ŋlɔ mí be o. “Mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Eye tame si wòɖo be yeaɖɔ nu si dome mía dzila gbãtɔawo gblẽ ɖo la ava eme godoo.—Yesaya 55:11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Edze le Biblia me be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.
b Kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 19 hena 1 Mose 3:15 ŋuti numeɖeɖe bubuwo.
c Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 5 lia hena nyatakaka bubuwo.
d Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia hena numekɔkɔ bubuwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu.
e Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia hena nyatakaka bubuwo.
[Chart/Pictures on page 7]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
“Nu Ŋutɔŋutɔ aɖe ƒe Kpɔɖeŋu”—Nu Si Avɔgbadɔa Nɔ Tsitre Ði Na
VƆSAMLEKPUI LA
Ale si Mawu lɔ̃ faa xɔ Yesu ƒe vɔsaa.—HEBRITƆWO 13:10-12.
NUNƆLAGÃ LA
Yesu.—HEBRITƆWO 9:11.
1 Le Avuléŋkeke dzi la, nunɔlagã la saa vɔ ɖe dukɔa ƒe nu vɔ̃wo ta.—3 MOSE 16:15, 29-31.
1 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia dzi la, Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.—HEBRITƆWO 10:5-10; 1 YOHANES 2:1, 2.
KƆKƆEƑE LA
Nɔnɔme si me Yesu nɔ abe amesiamina ene.—MATEO 3:16, 17; ROMATƆWO 8:14-17; HEBRITƆWO 5:4-6.
XƆMETSOVƆ LA
Yesu ƒe amegbetɔ ŋutilã, si nye dometsotso nɔ eƒe anyigbadzigbenɔnɔ kple dziƒogbenɔnɔ dome.—1 KORINTOTƆWO 15:44, 50; HEBRITƆWO 6:19, 20; 10:19, 20.
2 Nunɔlagã tsoa Kɔkɔeƒe la yia xɔmetsovɔa godo, si nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.
2 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, ‘eyi ɖe xɔmetsovɔa godo,’ esime wòyi dziƒo “bene wòado ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume azɔ le mía ta.”—HEBRITƆWO 9:24-28.
KƆKƆEƑEWO ƑE KƆKƆEƑE LA
Dziƒo.—HEBRITƆWO 9:24.
3 Ne nunɔlagã la ge ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea la, ehlẽa vɔsalã la ƒe ʋu ɖe nubablaɖakaa ŋgɔ.—3 MOSE 16:12-14.
3 Yesu lé avu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta bliboe esime wòtsɔ eƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi la ƒe asixɔxɔ yi na Mawu.—HEBRITƆWO 9:12, 24; 1 PETRO 3:21, 22.