NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LODODOWO 17-21
Nɔ Ŋutifafa Me Kple Amewo
Menye nudogoɖenunue ŋutifafa si le Yehowa ƒe amewo dome nye o. Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, míate ŋu ado dziku vevie gake aɖaŋu si Mawu ƒe Nyaa ɖona wɔa dɔ ɣesiaɣi.
Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, Kristotɔ wɔnuteƒewo tia ŋutifafa yome le mɔ siawo nu . . .
woléa wo ɖokuiwo kpoo
wokpɔa egbɔ be yewonya nyateƒe si ku ɖe nya bliboa ŋu hafi ɖea afɔ
wolɔ̃na faa be yewoatsɔ agɔdzedzea ake