Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
JUNE 4-10
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MARKO 15-16
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mr 15:24, 29
eye woma wo: Yohanes gblɔ nya aɖewo le Yh 19:23, 24 si Mateo, Marko kple Luka ya megblɔ o: Anɔ eme be Roma srafowo dzidze nu ɖe Yesu ƒe awudziwui kple eƒe awutewuia dzi; asrafoawo ma awudziwuia “ɖe akpa ene me be asrafo ɖeka naxɔ ɖeka”; womedi be yewoama awutewuia ya o, eya ta wodzidze nu ɖe edzi; eye esia na nya si le Ps 22:18 ku ɖe ale si woadzidze nu ɖe Mesia ƒe awu dzi la va eme. Enye nu si bɔ be ame siwo wu ame aɖe la natsɔ eƒe awuwo, eya ta woɖea awu le nu vlo wɔlawo ŋu hafi wua wo, eye esia gaɖia gbɔ amea ɖe edzi.
heʋuʋu ta: Zi geɖe ne amewo le ta ʋuʋum la, wogblɔa vlodoamenyawo, gbɔɖiamenyawo kple fewuɖunyawo. Ame siwo tso eme va yina la na nyagblɔɖi si le Ps 22:7 la va eme le manyamanya me.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 15:43
Yosef: Nya si Nyanyuigbalẽ ŋlɔla eneawo ŋlɔ tso Yosef ŋu la to vovo tso wo nɔewo gbɔ, elabe wo dometɔ ɖe sia ɖe tɔ ɖe dzesi le mɔ aɖe nu. Adzɔxɔla Mateo gblɔ be enye “kesinɔtɔ aɖe”; Marko, si ŋlɔ eƒe agbalẽa na Romatɔwo koŋ la gblɔ be enye “adaŋudeha la me tɔ xɔŋkɔ aɖe” si ŋutɔ hã le Mawu Fiaɖuƒe la lalam; Luka, si nye atikewɔla si sea veve ɖe ame nu la gblɔ be enye “ame nyui kple ame dzɔdzɔe” ame si meda asi ɖe woƒe nugbeɖoɖo ɖe Yesu ŋu kple woƒe nuwɔnaa dzi o; Yohanes ɖeɖe koe gblɔ be enye Yesu ƒe “nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.”—Mt 27:57-60; Mr 15:43-46; Lk 23:50-53; Yh 19:38-42.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 15:25
Gaƒoƒo etɔ̃lia: Efia, ŋdi ga 9 lɔƒo. Ame aɖewo hea susu yia vovototo sue sia si le afi sia kple nya si le Yh 19:14-16 dzi. Afi ma gblɔ be “anye gaƒoƒo adelia” lɔƒoe Pilato ɖe asi le Yesu ŋu be woawu. Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo megblɔ nu si gbɔ vovototoa tso o hã la, de ŋugble tso nya siawo ŋu kpɔ: Zi geɖe la, nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe nu siwo dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la wɔ ɖeka kple wo nɔewo. Nyanyuigbalẽ eneawo katã gblɔ be nunɔlawo kple dumegãwo kpe ta ŋdi kanya eye wona wokplɔ Yesu yi na Roma Nutodziɖula Pontio Pilato. (Mt 27:1, 2; Mr 15:1; Lk 22:66–23:1; Yh 18:28) Mateo, Marko kple Luka siaa gblɔ be esi Yesu nɔ atia ŋu la, viviti do ɖe anyigba la dzi “tso gaƒoƒo adelia . . . va se ɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.” (Mt 27:45, 46; Mr 15:33, 34; Lk 23:44) Nu si anya kpɔ ŋusẽ ɖe gaƒoƒo si tututu dzi wowu Yesu le ye nye esi: Ame aɖewo bua ameƒoƒo kple atam be ekpe ɖe amea wuwu ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, woƒoa amea ale gbegbe be wòkuna. Le Yesu gomea, woƒoe kutɔkutɔe ale gbegbe be wòva hiã be ame aɖe naxɔ eƒe fuwɔameti si wòtsɔ la akpee. (Lk 23:26 Yh 19:17) Ne wobu eƒoƒo kple atam kpe ɖe ewuɣia ŋu la, ke ɣeyiɣi aɖe va yi hafi wohee ɖe ati ŋu ŋutɔŋutɔ. Mt 27:26 kple Mr 15:15 ɖo kpe edzi be woƒoe kple atam eye wohee ɖe ati ŋu. Eya ta mewɔ nuku o be ame vovovowo ate ŋu aƒo nu tso ɣeyiɣi vovovowo ŋu be eya dzie wowui, eye esia nɔ te ɖe afi si wobu gaƒoƒoa tsoe dzi. Ðewohĩ esia na míekpɔ nu si tae Pilato ƒe nu ku esi wòse be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. (Mr 15:44) Azɔ hã, ale si amewo maa ŋkekea ɖe akpa ene me zi geɖe wònyea gaƒoƒo etɔ̃ etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe, abe ale si wònɔna le zã hã gome ene la, dze le Biblia ŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ŋkeke mama alea na míekpɔ nu si tae woƒoa nu tso gaƒoƒo etɔ̃lia, adelia, kple asiekelia si woxlẽna tso esime agu dze si anɔ abe ŋdi ga ade lɔƒo ene la ŋu. (Mt 20:1-5; Yh 4:6; Dw 2:15; 3:1; 10:3, 9, 30) Azɔ hã, naneke meli si dzi amewo nɔa te ɖo nyaa game o, eya ta wotsɔa nya si nye “lɔƒo” kpena ɖe gaƒoƒoawo ŋu abe ale si wòdze le Yh 19:14 ene. (Yh 19:14; Mt 27:46; Lk 23:44; Yh 4:6; Dw 10:3, 9) Kpuie ko la: Anɔ eme be Marko anya bui tso eƒoƒo kple atam va ɖo ehehe ɖe ati ŋu la dzi, gake Yohanes ya bui tso esi wohee ɖe ati ŋu. Anye be wo ame evea sia bui tso gaƒoƒo etɔ̃ etɔ̃awo ƒe hatsotso si te ɖe nudzɔdzɔa ŋu la dzi, eye Yohanes zã nya si nye “lɔƒo” kpe ɖe etɔa ŋu. Nu siawo gbɔe wòanya tso be vovototo dze le nuŋlɔɖiawo me. Eya ta togbɔ be Yohanes va ŋlɔ etɔa le ƒe aɖewo megbe hã la, eƒo nu tso ɣeyiɣi si to vovo na Marko tɔ la ŋu, eye esia fia be menye ɖeko wòva kpɔ Marko ƒe nuŋlɔɖia dzi ŋlɔ o.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 16:8
elabena vɔvɔ̃ lé wo: Blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ aɖewo siwo ŋu kakaɖedzi le la ɖee fia be Marko ƒe Nyanyuigbalẽa wu enu kple nya siwo le kpukpui 8 lia. Ame aɖewo gblɔna be ale si nyaa wu enu la tso kpo akpa be mate ŋu anye nuŋlɔɖi gbãtɔa ƒe nuwuwu o. Ke hã, Marko ŋutɔ ƒe nuŋlɔɖiwo tsona kpokpokpo, eya ta woƒe nyawo mate ŋu anye nyateƒe o. Azɔ hã, ƒe alafa enelia me agbalẽnyala siwo nye Jerome kple Eusebius gblɔ be nya siwo nye “elabena vɔvɔ̃ lé wo” ye wu nuŋlɔɖi si ŋu kakaɖedzi le la nu.
Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo kple Biblia si gɔme woɖe ɖe gbe aɖewo me la tsɔ nyataƒonya legbeetɔ alo kpuitɔ kpe ɖe kpukpui 8 lia ŋu. Nyataƒonya legbeetɔ (si nye kpukpui 12 bubuwo) dze le Codex Alexandrinus, Codex Ephraemi Syri rescriptus, kple Codex Bezae Cantabrigiensis la me. Woŋlɔ agbalẽ siawo katã le ƒe alafa atɔ̃lia K.Ŋ. Edze le Latin Vulgate, Curetonian Syriac kple Syriac Peshitta la hã me. Ke hã medze le ƒe alafa enelia ƒe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ eve siwo nye Codex Sinaiticus kple Codex Vaticanus, alo le ƒe alafa enelia alo atɔ̃lia ƒe Codex Sinaiticus Syriacus la me loo alo le Sahidic Coptic ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si dzi Marko le la me o. Nenema kee Marko ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ siwo le Armeniagbe kple Georgiagbe me la wu enu ɖe kpukpui 8 lia.
Emegbe nyataƒonya kpuitɔ va dze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ kple Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me (nya ʋɛ aɖewo koe nyataƒonya kpuitɔ sia nye). Nyataƒonya legbeetɔ kple kpuitɔ siaa dze le Codex Regius si woŋlɔ le ƒe alafa enyilia K.Ŋ. la me, eye woŋlɔ nyataƒonya kpuitɔ gbã. Egblɔ do ŋgɔ na nyataƒonya ɖe sia ɖe be, nya siawo dze le nuŋlɔɖi yeye aɖewo me, togbɔ be elɔ̃ ɖe edzi be kakaɖedzi mele wo dometɔ aɖeke ŋu o hã.
NYATAƑONYA KPUITƆ
Nyataƒonya kpuitɔ si yi edzi tso Mr 16:8 mekpe ɖe Ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ŋu o. Afi ma xlẽ be:
Ke wogblɔ nu siwo katã ƒe se wòde la na ame siwo nɔ Petro ŋu la kpuie. Eye le nu siawo megbe la, Yesu ŋutɔ to wo dzi ɖo ɖeɖe mavɔ la ƒe gbeƒãɖeɖe kɔkɔe magblemagblẽ la ɖe ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe.
NYATAƑONYA LEGBEETƆ
Nyataƒonya legbeetɔ si yi edzi tso Mr 16:8 mekpe ɖe Ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ŋu o. Afi ma xlẽ be:
9 Esi wòfɔ le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanyaa la, eɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ la gbã; eyae nye ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le. 10 Eyi ɖaka eta na ame siwo nɔ anyi kpakpii tsã la, elabena wonɔ nu xam henɔ avi fam. 11 Gake woawo la, esi wose be egbɔ agbe, eye be Maria kpɔe la, womexɔe se o. 12 Eye le nu siawo megbe la, edze le nɔnɔme bubu me na wo dometɔ eve, siwo nɔ mɔ dzi yina kɔƒe aɖe me; 13 eye wotrɔ gbɔ va ka eta na ame susɔeawo. Womexɔ ame siawo hã dzi se o. 14 Gake emegbe eɖe eɖokui fia ame wuiɖekeawo ŋutɔ esime wonɔ kplɔ̃ ŋu, eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ ta, elabena womexɔ ame siwo kpɔe be efɔ azɔ tso ame kukuwo dome la dzi se o. 15 Eye wògblɔ na wo be: “Miyi xexe blibo la katã me, eye míaɖe gbeƒã nya nyui la na nuwɔwɔwo katã. 16 Ame si xɔe se, eye wonyrɔe la, akpɔ ɖeɖe, gake ame si mexɔe se o la, woabu fɔe. 17 Eye dzesi siwo akplɔ ame siwo xɔe se ɖo lae nye esi: Le nye ŋkɔ me la, woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, woado gbe bubuwo, 18 eye woatsɔ woƒe asiwo alé dawo, eye ne wono nu wuame ɖe sia ɖe hã la, mawɔ nuvevi aɖeke wo kura o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi, eye woƒe lãme asẽ.”
19 Ale, esi Aƒetɔ Yesu ƒo nu kpli wo vɔ la, wokɔe yi dziƒo, eye wòva bɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me. 20 Eya ta woyi ɖaɖe gbeƒã le afi sia afi, eye Aƒetɔ la nɔ dɔ wɔm kpli wo henɔ megbe na gbedeasi la to dzesi siwo kpe ɖe eŋu la dzi.
JUNE 11-17
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 1
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 1:69
xɔxɔ ƒe dzo: Alo “ɖela sẽŋu.” Zi geɖe le Biblia me la, lãwo ƒe dzo tsia tsitsre ɖi na ŋusẽ, aʋadziɖuɖu kple dziɖuɖu. (1Sa 2:1; Ps 75:4, 5, 10; 148:14; etenuŋɔŋlɔwo) Azɔ hã wozã nya dzo na dziɖulawo kple fiaɖuƒewo, ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa, eye wotsɔa woƒe aʋadziɖuɖu sɔna kple dzo eve siwo le wo nɔewo tutum. (5Mo 33:17; Da 7:24; 8:2-10, 20-24) Gake le afi sia la nyagbɔgblɔ si nye “xɔxɔ ƒe dzo” la ku ɖe Mesia ŋu be enye ɖela triakɔ, ame si si ŋusẽ le be wòaxɔ na ame.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 1:76
àdze Yehowa ŋgɔ: Yohanes Amenyrɔɖetsimela ‘adze Yehowa ŋgɔ’ le mɔ sia nu be adzra mɔ dzi ɖo na Yesu, ame si ava le Fofoa ƒe ŋkɔ me.—Yh 5:43; 8:29.
JUNE 18-24
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 2-3
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 2:41
Yesu dzilawo yia: Sea mebia tso nyɔnuwo si be woayi Ŋutitotoa ɖuƒe o. Gake Maria dzea Yosef yome yia Yerusalem ƒe sia ƒe va ɖua azã sia. (2Mo 23:17; 34:23) Yosef kple Maria kplɔa woƒe ƒome si nɔ dzidzim ɖe edzi la wozɔa mɔ kilometa 300 yiyi kple gbɔgbɔ ɖaɖua azã sia ƒe sia ƒe.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 2:46, 47
wòle nya biam wo: Abe ale si ame siwo nɔ to ɖom Yesu ƒe nuwɔna ɖee fia ene la, nya siwo biam wònɔ la menye ale si ɖevi anɔ nya gɔme biam be yeanya nyawo dzro ko o. (Lk 2:47) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “wòle nyawo biam” ate ŋu afia ale si ʋɔnudrɔ̃lawo biaa nyawoe ɣeaɖewoɣi eye esia ate ŋu afia be ame eve nanɔ nyawo biam wo nɔewo. (Mt 27:11; Mr 14:60, 61; 15:2, 4; Dw 5:27) Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be zi geɖe la, subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ aɖewo tsia gbedoxɔa me le azãa ɖuɖu vɔ megbɔ eye wofiaa nu le akpata siwo keke la dometɔ ɖeka me. Amewo nɔa anyi ɖe subɔsubɔhakplɔla mawo ƒe afɔnu be yewoaɖo to wo eye yewoabia nyawo wo.
ƒe mo wɔ yaa: Helagbe me dɔwɔnya si wozãna na “mo wɔ yaa” ate ŋu afia ale si nu nawɔ nuku na ame ɣeyiɣi didii.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 2:51, 52
edzi bɔbɔ eɖokui: Alo “bɔbɔ eɖokui; eye wòyi edzi ɖo to wo.” Helagbe me dɔwɔnya sia fia nu si woayi edzi anɔ wɔwɔm. Esi ale si Yesu nya Mawu ƒe Nyaa wɔ nuku na nufialawo le gbedoxɔa me vɔ megbe la, edze edzilawo yome yi aƒe me eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo. Eƒe toɖoɖo sia ɖe dzesi wu ɖevi ɖe sia ɖe tɔ; enye mɔ si dzi wòto na Mose ƒe Sea va eme le go sia go me.—2Mo 20:12; Ga 4:4.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 2:14
eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi: Asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo me nyawo xlẽ be “eye ŋutifafa nanɔ anyigba dzi, woakpɔ ŋudzedze ɖe amewo ŋu,” eye nya siawo dze le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me. Gake ale si wòdze le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me la wɔ ɖeka kple esi dze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ geɖe me. Nya sia si mawudɔlawo gblɔ la mefia be ɖe Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe amewo katã ŋu, nɔnɔme ka kee ɖale wo si o. Ke boŋ eku ɖe ame siwo ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖo le esi woxɔ edzi se bliboe eye wodze Via yome la ta.—Kpɔ numeɖeɖe si le ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo si le kpukpui sia ke ŋu.
ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo: Edze ƒãa be mawudɔlawo ƒe nya si nye ‘kpɔa ŋudzedze ɖo’ si dze le kpukpui sia me la nye esi Mawu ɖena fiana, ke menye amegbetɔwo o. Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya eu·do·kiʹa gɔme be “amenuveve; nyo ame ŋu; kpɔ ŋudzedze.” Wozã Helagbe me dɔwɔnya eu·do·keʹo si do ƒome kplii la le Mt 3:17; Mr 1:11; kple Lk 3:22 afi si Mawu ƒo nu na Via, esi wonyrɔe ɖe tsi me vɔ megbe teti. Nya ma fia, “woakpɔ ŋudzedze; ame si gbɔ womelɔ̃a nu le o; woave ame nu; woalɔ̃ ame ƒe nya.” Le ale si wozãe le teƒe siawo ta la, nya “ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo” (an·throʹpois eu·do·kiʹas) la ku ɖe ame siwo ƒe nu dzea Mawu ŋu, siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo, eye woagate ŋu aɖe egɔme be “ame siwo ƒe nu dzea eŋu; ame siwo gbɔ melɔ̃a nu le o.” Eya ta nya sia si mawudɔlawo gblɔ la ku ɖe ale si Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu la ŋu, menye ɖe ame sia ame ko ŋu o, ke boŋ eku ɖe ame siwo ƒe nu adze Mawu ŋu le esi woxɔ edzi se bliboe eye woava dze Via yome ta la ŋu. Togbɔ be Helagbe me nya eu·do·kiʹa ate ŋu aku ɖe ale si amegbetɔ nakpɔ ŋudzedze ɖe nɔvia ŋu le teƒe aɖewo hã la, (Ro 10:1; Flp 1:15), zi geɖe la, wozãnɛ wòkuna ɖe ale si Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu la ŋu, alo ame ƒe nu nanyo eŋu, nu si ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo ŋu (Mt 11:26; Lk 10:21; Ef 1:5, 9; Flp 2:13; 2Te 1:11). Wozã nya ‘kpɔa ŋudzedze ɖo’ le Septuagint la me le Ps 51:18 [50:20, LXX] wòku ɖe Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu ŋu.
JUNE 25–JULY 1
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 4-5
nwtsty ƒe media
Gbedoxɔ La Tame
Anye be Satana na Yesu va tɔ ɖe “gbedoxɔa tame [alo, “ƒe kɔkɔƒe”]” eye wògblɔ nɛ be wòati kpo ava dze anyigba, gake míenya teƒe si tututu Yesu tɔ ɖo la o. Esi nya “gbedoxɔ” si wozã le afi sia la fia gbedoxɔ bliboa ta la, anye be Yesu tɔ ɖe gbedoxɔ bliboa ƒe anyieheɣedzeƒekpa dzi (1) le dzogoe aɖe dzi. Alo anye be etɔ ɖe gbedoxɔ bliboa ƒe dzogoe bubu dzi. Ne eti kpo tso teƒe siawo dometɔ aɖe la, ate ŋu aku, negbe ɖe Yehowa de asi eme ko.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 4:17
nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa: Agbalẽ ɖeɖi ɖekaɖeka 17 siwo wotɔ kpe ye wotsɔ wɔ Yesaya ƒe Ƒukukua Me Gbalẽ Xatsaxatsaa, si wɔe be eƒe didime anɔ abe meta 7.3 ene (afɔ 24) eye woɖo nyawo ɖe akpa 54 me. Anye be agbalẽ xatsaxatsa si wozãna le ƒuƒoƒe si le Nazaret la didi alea. Esi wònye be tawo kple kpukpuiwo menɔ eme le ƒe alafa gbãtɔ me o ta la, ele be Yesu nadi afi si tututu wòdi be yeaxlẽ. Gake esi wòte ŋu ke ɖe afi si nyagblɔɖinyawo le ŋu ta la, efia be enya Mawu ƒe Nya la nyuie.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 4:25
ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade: Le 1Fi 18:1 la, Eliya gblɔ be kuɖiɖia awu enu “le ƒe etɔ̃lia me.” Eya ta ame aɖewo gblɔna be Yesu ƒe nyawo tsi tre ɖe esi dze le 1 Fiawo la ŋu. Ke hã, nya siwo dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me mefia be kuɖiɖia menɔ anyi wòde ƒe etɔ̃ o. Edze ƒãa be nya si nye “le ƒe etɔ̃lia me” la ku ɖe ɣeyiɣi si Eliya gblɔ na Ahab zi gbãtɔ be kuɖiɖia adze egɔme la ŋu. (1Fi 17:1) Kuɖiɣia anya dze egɔme xoxo—zi geɖe la, kuɖiɣi tea ŋu nɔa anyi ɣleti ade, gake edze abe edidina vie wu ale si wokpɔa mɔe ene. Azɔ hã, kuɖiɖia mewu enu enumake esime Eliya gayi Ahab gbɔ eye wògblɔ nɛ be “le ƒe etɔ̃lia me” o, gake ewu enu le dodokpɔ si wowɔ le Karmel-toa dzi vɔ megbe. (1Fi 18:18-45) Eya ta Yesu ƒe nya siwo dze le afi sia kple Yesu dadavia tɔ si dze le Yak 5:17 la wɔ ɖeka kple esi le 1Fi 18:1.