INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 10 axa 13
  • Gbetɔtrɔ Vovovoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbetɔtrɔ Vovovoe
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbetɔtrɔ Vovovoe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gbe Ƒe Ðiɖime Si Sɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 10 axa 13

NUSƆSRƆ̃ 10

Gbetɔtrɔ Vovovoe

Mawunyakpukpui

Lododowo 8:4, 7

NU SI NÀWƆ: Trɔ wò gbea ƒe sesẽme, eƒe kɔkɔme kple eƒe tsɔtsɔme be wò nyawo me nakɔ eye wòawɔ dɔ ɖe nyaselawo ƒe seselelãme dzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Trɔ wò gbea ƒe sesẽme. Na wò gbea nasẽ vie nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi alo nàtsɔ aʋã wò nyaselawo. Wɔ nenema ke ne èle Ŋɔŋlɔawo me ʋɔnudrɔ̃nyawo xlẽm. Bɔbɔ wò gbe ne èle nya aɖe si nèdi be wò nyaselawo nakpɔ mɔ na vevie la gblɔ ge alo ne èle nu ƒom tso nya aɖe si ku ɖe vɔvɔ̃ alo dzimaɖitsitsi ŋu.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Mègana wò gbe nanɔ sesẽm enuenu ale gbegbe be wò nyaselawo nase le wo ɖokuiwo me be èle nya hem ɖe yewo ŋu o. Mègawɔ nu wòagbɔ eme atsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzi o.

  • Trɔ gbea ƒe kɔkɔme. Kɔ gbe dzi nàtsɔ aƒo nu dzonɔamemetɔe alo nàtsɔ aɖɔ nuwo ƒe lolome alo woƒe didime, ne esɔ be woawɔe nenema le mia gbɔ. Gake ɖiɖi gbea ƒe kɔkɔme ne èle nublanuinyawo alo nya siwo ku ɖe dzimaɖitsitsi ŋu gblɔm.

  • Trɔ wò nuƒoƒo ƒe tsɔtsɔme. Ne èdi be yeagblɔ dzidzɔnya aɖe la, ƒo nu wòatsɔ vie wu. Ƒo nu blewu ne èle nya veviwo gblɔm.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Mègatrɔ gbea ƒe tsɔtsɔme zi ɖeka kpoyi ne wò nyaselawo naɖi vo o. Mègaƒo nu kabakaba ale gbegbe be wòasesẽ na wò nyaselawo be woase nya si gblɔm nèle gɔme o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe