INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yehowa Nye “Nya Ɣaɣlawo Ðefiala”
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 15
    • Yehowa Nye “Nya Ɣaɣlawo Ðefiala”

      “Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo ɖefiala.”​—DAN. 2:47.

      ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

      Nyatakaka siwo ku ɖe etsɔme ŋu kawoe Yehowa ɖe fia mí?

      Nu kawoe lã wɔadã la ƒe ta ade gbãtɔawo tsi tre ɖi na?

      Ƒomedodo kae míede dzesi le lã wɔadã la kple legba si Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃e me la dome?

      1, 2. Nu kae Yehowa ɖe fia mí, eye nu ka tae wòwɔ esia ɖo?

      DZIÐUÐU kawoe anɔ anyigba dzi ɖum esime Mawu Fiaɖuƒea ahe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ava nuwuwui? Míenya ŋuɖoɖoa, elabena Yehowa Mawu, ‘Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana’ la, ɖee fia mí. Ekpe ɖe mía ŋu míede dzesi dziɖuɖu mawo to nya siwo nyagblɔɖila Daniel kple apostolo Yohanes ŋlɔ ɖi la dzi.

      2 Yehowa ɖe ŋutega vovovo siwo ku ɖe lã siwo va ɖe wo nɔewo yome ŋu la fia ŋutsu mawo. Egaɖe nu si nyagblɔɖidrɔ̃e aɖe si ku ɖe galegba gã aɖe ŋu fia la hã me na Daniel. Yehowa na woŋlɔ nya mawo ɖe Biblia me eye wòna wokpɔ wo ta be woaɖe vi na mí. (Rom. 15:4) Ewɔ esia be yeado ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ be, eteƒe madidi o, eƒe Fiaɖuƒea agbã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã.—Dan. 2:44.

      3. Hafi míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme nyuie la, nu ka gɔme wòle be míase gbã, eye nu ka tae?

      3 Ne míetsɔ nya siwo Daniel kple Yohanes ŋlɔ ɖi la ƒo ƒu la, menye fia, alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, enyi ko woɖe fia o, ke woɖe ale si woado ɖe wo nɔewo yome la hã fia. Ke hã hafi míate ŋu ase nyagblɔɖi mawo gɔme nyuie la, ele be míase nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me la gɔme gbã. Nu ka tae? Elabena Biblia bliboa kple nyagblɔɖi siwo katã le eme la do ƒome kple nyagblɔɖi sia.

      DA LA ƑE DZIDZIMEVIA KPLE LÃ WƆADÃ LA

      4. Ame kawoe ƒo ƒu nye nyɔnua ƒe dzidzimevi la, eye nu kae dzidzimevi ma awɔ?

      4 Le aglãdzedze si do mo ɖa le Eden bɔa me megbe teti la, Yehowa do ŋugbe be “nyɔnu” aɖe adzi ‘dzidzimevi’ aɖe.a (Mixlẽ 1 Mose 3:15.) Dzidzimevi ma ava gbã ta na da la, si tsi tre ɖi na Satana la, mlɔeba. Emegbe Yehowa ɖee fia be dzidzimevi ma adzɔ tso Abraham me, anye Israel dukɔa me tɔ, anye Yudatɔ, eye wòanye Fia David ƒe dzidzimevi. (1 Mose 22:15-18; 49:10; Ps. 89:4, 5; Luka 1:30-33) Kristo Yesu ye va nye dzidzimevi ma ƒe akpa vevitɔ. (Gal. 3:16) Kristo hamea me tɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lae nye dzidzimevia ƒe akpa evelia. (Gal. 3:26-29) Yesu kple amesiamina siawoe ƒo ƒu nye Mawu Fiaɖuƒea, si nye dɔwɔnu si Mawu azã atsɔ atsrɔ̃ Satana.—Luka 12:32; Rom. 16:20.

      5, 6. (a) Xexemeŋusẽ nenie Daniel kple Yohanes kpɔ? (b) Nu kae lã wɔadã si ŋu woƒo tso le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe tawo le tsitre ɖi na?

      5 Nyagblɔɖi gbãtɔ ma si wogblɔ le Eden la gblɔ hã be ‘dzidzimevi’ aɖe anɔ Satana si. Eƒe dzidzimevia alé fu nyɔnua ƒe dzidzimevia. Ame kawoe ƒo ƒu nye da la ƒe dzidzimevia? Woawoe nye ame siwo katã dze Satana yome eye wolé fu Mawu hetsi tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Le ŋutinya katã me la, Satana ma eƒe dzidzimevia ɖe dunyahedziɖuɖu vovovowo, alo fiaɖuƒe vovovowo, me. (Luka 4:5, 6) Ke hã amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒe ʋɛ aɖewo koe kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Mawu ƒe amewo dzi, Israel dukɔa loo alo Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea. Nu ka tae nyateƒenya sia ɖe dzesi? Elabena eɖe nu si tae dziɖuŋusẽ gã enyi ko ŋue Daniel ƒe ŋutegaawo kple Yohanes tɔwo siaa ƒo nu tsoe la me.

      6 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe ŋutega wɔnuku aɖewo fia apostolo Yohanes. (Nyaɖ. 1:1) Le wo dometɔ ɖeka me la, Yohanes kpɔ ʋɔ driba aɖe, si le tsitre ɖi na Abosam la, wòle tsitre ɖe atsiaƒu gã aɖe to. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 13:1, 2.) Yohanes kpɔ lã wɔmoya aɖe wòdo tso atsiaƒu ma me eye Abosam tsɔ ŋusẽ gã nae. Mawudɔla aɖe gblɔ na Yohanes emegbe be lã wɔadã dzĩ la, si nye lã wɔadã si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 13:1 la ƒe legba la, ƒe ta adreawo le tsitre ɖi na “fia” alo dziɖuɖu “adre.” (Nyaɖ. 13:14, 15; 17:3, 9, 10) Esime Yohanes nɔ nya siawo ŋlɔm la, wo dometɔ atɔ̃ dze anyi, ɖeka nɔ dzi ɖum ɣemaɣi, eye ɖeka “meva ɖo haɖe o.” Fiaɖuƒe, alo xexemeŋusẽ, kawoe wonye? Mina míasrɔ̃ nu tso lã si woɖɔ le Nyaɖeɖefia gbalẽa me la ƒe ta ɖe sia ɖe ŋu. Míakpɔ ale si Daniel ƒe agbalẽa hã na numekɔkɔ tsitotsito tso fiaɖuƒe siawo dometɔ geɖe ŋu ƒe alafa geɖewo hafi wova do gɔ̃ hã.

      LÃ LA ƑE TA EVE GBÃTƆAWO​—EGIPTE KPLE ASIRIA

      7. Nu kae lã la ƒe ta gbãtɔa le tsitre ɖi na, eye nu ka tae?

      7 Lã la ƒe ta gbãtɔa le tsitre ɖi na Egipte. Nu ka tae? Elabena Egipte ye nye xexemeŋusẽ gbãtɔ si lé fu Mawu ƒe amewo. Abraham ƒe dzidzimeviwo, siwo me nyɔnua ƒe dzidzimevi si ŋugbe wodo la adzɔ tso la, dzi ɖe edzi hesɔ gbɔ ɖe Egipte. Emegbe la, Egiptetɔwo te Israel ɖe anyi. Satana dze agbagba be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe dukɔa ɖa ale be dzidzimevia nagava o. Alekee wòwɔe? Ena Farao de se be woawu ŋutsuvi siwo katã Israel viwo adzi la. Gake Yehowa gblẽ ɖoɖo ma me eye wòɖe eƒe dukɔa tso kluvinyenye me le Egipte. (2 Mose 1:15-20; 14:13) Emegbe la, etsɔ Ŋugbedodonyigba la na Israel viwo.

      8. Xexemeŋusẽ kae lã la ƒe ta evelia le tsitre ɖi na, eye nu kae wòdze agbagba be yeawɔ?

      8 Lã la ƒe ta evelia le tsitre ɖi na Asiria. Fiaɖuƒe sẽŋu sia hã dze agbagba be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo. Enye nyateƒe be Yehowa zã Asiria tsɔ he to na to ewo fiaɖuƒea le woƒe trɔ̃subɔsubɔ kple aglãdzedze ta ya. Ke hã esia megbe la, Asiria va dze Yerusalem dzi. Ðewohĩ Satana ƒe taɖodzinue nye be yeatsrɔ̃ fiaƒome si me Yesu ava do tso mlɔeba la ɖa. Yehowa medi be woatsrɔ̃ Yerusalem o, eya ta etsrɔ̃ Asiriatɔwo ƒe aʋakɔa eye wòɖe eƒe amewo.—2 Fia. 19:32-35; Yes. 10:5, 6, 12-15.

      LÃ LA ƑE TA ETƆ̃LIA​—BABILON

      9, 10. (a) Nu kae Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo wɔ? (b) Nu kae wòle be wòadzɔ hafi nyagblɔɖi aɖewo nate ŋu ava eme?

      9 Lã si Yohanes kpɔ la ƒe ta etɔ̃lia le tsitre ɖi na fiaɖuƒe si ƒe fiadu nye Babilon. Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye woɖe eƒe amewo aboyoe. Gake hafi Yehowa naɖe mɔ ɖe gbɔɖiamenu sia ŋu la, exlɔ̃ nu Israel vi dzeaglãwo tso afɔku sia ŋu. (2 Fia. 20:16-18) Yehowa gblɔ na Israel viwo hã be yemagaɖe mɔ gbeɖe woƒe fiawo nanɔ yeƒe “fiazikpui” dzi le Yerusalem ake o. (1 Kron. 29:23) Ke hã Yehowa do ŋugbe hã be Fia David ƒe dzidzimevi aɖe, si nye ‘ame si tɔ wònye le se nu’ la, ava ahaxɔ fiaɖuŋusẽa.—Eze. 21:30-32.

      10 Nyagblɔɖi bubu hã ɖee fia be Yudatɔwo akpɔtɔ anɔ ta dem agu na Yehowa le gbedoxɔa me le Yerusalem ne Mesia, alo Amesiamina, si ŋugbe wodo la va ɖo. (Dan. 9:24-27) Wogblɔ le nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ do ŋgɔ hafi woɖe aboyo Israel yi Babilon la me be woadzi ame sia le Betlexem. (Mixa 5:1) Hafi nyagblɔɖi siawo nate ŋu ava eme la, ehiã be woaɖe asi le Yudatɔwo ŋu tso aboyo me, woatrɔ ayi wo denyigba dzi, eye woagbugbɔ atu gbedoxɔ la. Gake Babilontɔwo meɖea asi le woƒe aboyomewo ŋu gbeɖe o. Ke aleke Mawu ƒe amewo awɔ atrɔ ayi wo denyigba dzi? Yehowa na ŋuɖoɖoa to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.—Amos 3:7.

      11. Nu kae le tsitre ɖi na Babilon Fiaɖuƒea le Daniel kple Yohanes ƒe nyagblɔɖiawo me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

      11 Nyagblɔɖila Daniel hã nɔ aboyomeawo dome le Babilon. (Dan. 1:1-6) Yehowa to edzi ɖe fiaɖuƒe vovovo siwo ava ɖe wo nɔewo yome le xexemeŋusẽ ma megbe la fia. Yehowa zã dzesi vovovowo tsɔ ɖe nya ɣaɣla mawo fia. Le kpɔɖeŋu me, ena Babilon Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe, si me wòkpɔ legba gã aɖe le, eye legba la ƒe akpa vovovowo nye ga vovovowo. (Mixlẽ Daniel 2:1, 19, 31-38.) Yehowa to Daniel dzi ɖee fia be legbaa ƒe ta si nye sika la le tsitre ɖi na Babilon Fiaɖuƒea.b Xexemeŋusẽ si ava ɖe Babilon yome lae akɔta kpakple abɔ siwo nye klosalo la le tsitre ɖi na. Xexemeŋusẽ kae anye ema? Eye aleke wòawɔ nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

      LÃ LA ƑE TA ENELIA​—MEDO-PERSIA

      12, 13. (a) Nu kae Yehowa ɖe fia ku ɖe Babilon dzi ɖuɖu ŋu? (b) Nu ka tae wòsɔ be woɖɔ Medo-Persia Fiaɖuƒea be enye lã wɔadã la ƒe ta enelia?

      12 Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ na Daniel ƒe ɣeyiɣia la, Yehowa ɖe nu geɖe fia ku ɖe xexemeŋusẽ si aɖu Babilon dzi la ŋu to nyagblɔɖila Yesaya dzi. Menye mɔ si dzi woato axɔ Babilon dugã la koe Yehowa gblɔ ɖi o, ke eyɔ dziɖula si awɔ esiae hã ƒe ŋkɔ. Dziɖula mae nye Kores, Persiatɔ la. (Yes. 44:28–45:2) Woɖe ŋutega eve bubuwo fia Daniel ku ɖe Medo-Persia Xexemeŋusẽa ŋu. Le ɖeka me la, woɖɔ fiaɖuƒe sia be ele abe sisiblisi si wotsɔ ɖo go ɖeka me la ene. Wogblɔ nɛ be ‘wòaɖu lã geɖe.’ (Dan. 7:5) Le ŋutega bubu me la, Daniel kpɔ agbo dzoevee aɖe si le tsitre ɖi na xexemeŋusẽ eve ƒokpli sia ke.—Dan. 8:3, 20.

      13 Yehowa zã Medo-Persia Fiaɖuƒea tsɔ mu Babilon ƒu anyi eye wòna Israel viwo trɔ yi wo de, abe ale si wògblɔe ɖi ene. (2 Kron. 36:22, 23) Gake emegbe la, Medo-Persia Fiaɖuƒea va dze agbagba be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo. Woŋlɔ nugbe aɖe si Persia Fiaɖuƒea ƒe amegã aɖe, si ŋkɔe nye Haman la, ɖo be yeatsrɔ̃ wo la ƒe ŋutinya ɖe Biblia gbalẽ si nye Ester la me. Ewɔ ɖoɖo be woatsrɔ̃ Yudatɔ siwo katã le Persia Fiaɖuƒe gã la me la ɖa eye wòɖo ŋkeke aɖe koŋ ɖi na ametsɔtsrɔ̃ gã sia. Gake Yehowa gakpɔ eƒe amewo ta tso Satana ƒe dzidzimevia ƒe fulélea si me ake. (Est. 1:1-3; 3:8, 9; 8:3, 9-14) Eya ta esɔ ŋutɔ be woɖɔ Medo-Persia Fiaɖuƒea be enye lã wɔadã si ŋuti woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia me ƒe ta enelia.

      LÃ LA ƑE TA ATƆ̃LIA​—HELA

      14, 15. Numeɖeɖe kawoe Yehowa na ku ɖe blema Hela Fiaɖuƒea ŋu?

      14 Lã wɔadã si ŋu woƒo nu tso le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe ta atɔ̃lia le tsitre ɖi na Hela. Abe ale si Daniel gblɔe esime wònɔ drɔ̃e si Nebukadnezar ku la me ɖem nɛ ene la, legbaa ƒe ƒodo kple ali, siwo nye akɔbli la le tsitre ɖi na xexemeŋusẽ sia ke. Wogaɖe ŋutega eve bubu, siwo na numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe fiaɖuƒe sia ƒe nɔnɔme kple eƒe fia gãtɔ ŋu la, fia Daniel.

      15 Le ŋutegaawo dometɔ ɖeka me la, Daniel kpɔ lãkle aɖe si to aʋala ene. Lã la le tsitre ɖi na Hela, si aɖu dukɔwo dzi afɔtsɔtsɔe. (Dan. 7:6) Le ŋutega bubu aɖe me la, Daniel gblɔ ale si gbɔ̃tsu aɖe, si dzo gã aɖe le ŋugbladome na la, wu agbo dzoevee, si tsi tre ɖi na Medo-Persia, la afɔtsɔtsɔe. Yehowa gblɔ na Daniel be gbɔ̃tsu la le tsitre ɖi na Hela eye dzo gã la le tsitre ɖi na eƒe fiawo dometɔ ɖeka. Eyome la, Daniel ŋlɔ ɖi be dzo gã la aŋe eye dzo ene siwo melolo de enu o la ato ɖe eteƒe. Togbɔ be woŋlɔ nyagblɔɖi sia ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi Hela va zu xexemeŋusẽ hã la, eƒe akpa ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Aleksanda Gãtɔ, si nye blema Hela fia gãtɔ lae ho aʋa ɖe Medo-Persia Fiaɖuƒea ŋu. Eyae nye dzo gã la. Gake eteƒe medidi o, dzo sia ŋe; fia gã la ku esime wòkpɔ ŋusẽ blibo eye wòxɔ ƒe 32 pɛ ko. Mlɔeba la, eƒe aʋafia ene ma eƒe fiaɖuƒea le wo nɔewo dome.—Mixlẽ Daniel 8:20-22.

      16. Nu kae Antiochus IV wɔ?

      16 Esi Hela ɖu Persia Fiaɖuƒea dzi megbe la, eva nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Israel viwo dzi. Kaka ɣemaɣi naɖo la, Yudatɔwo trɔ yi Ŋugbedodonyigbaa dzi eye wogbugbɔ tu gbedoxɔa le Yerusalem xoxo. Wogakpɔtɔ nye Mawu ƒe dukɔ tiatia, eye Mawu gabua gbedoxɔa be enye teƒe si wòle be woade ta agu na ye le. Gake le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me la, Hela, si nye lã wɔadã la ƒe ta atɔ̃lia la, dze Mawu ƒe amewo dzi. Antiochus IV, si nye ame siwo nyi Aleksanda ƒe fiaɖuƒe si woma la dome la dometɔ ɖeka, ɖi trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui aɖe ɖe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la me eye wòde se be woawu ame sia ame si galé Yudasubɔsubɔ me ɖe asi. Fu ka gbegbee nye esi Satana ƒe dzidzimevia lé Mawu ƒe amewo! Gake eteƒe medidi o, xexemeŋusẽ bubu va xɔ ɖe Hela teƒe. Xexemeŋusẽ kae anye lã wɔadã la ƒe ta adelia?

      LÃ LA ƑE TA ADELIA SI ŊU “ŊƆDZI KPLE VƆVƆ̃” LE​—ROMA

      17. Akpa vevi kae lã la ƒe ta adelia wɔ le nya si le 1 Mose 3:15 la me vava me?

      17 Roma Fiaɖuƒea ye nye xexemeŋusẽ si nɔ dzi ɖum esime woɖe lã wɔadã la ƒe ŋutega la fia Yohanes. (Nyaɖ. 17:10) Ta adelia sia wɔ akpa vevi aɖe le nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 la me vava me. Satana zã Roma dziɖulawo tsɔ gblẽ nu le dzidzimevia ŋu hena ɣeyiɣi aɖe, si fia be eɖu “afɔkpodzi” nɛ. Aleke wòwɔ esiae? Wobu Yesu be etsi tsitre ɖe yewoƒe dziɖuɖua ŋu eye wodrɔ̃ ʋɔnui hewui. (Mat. 27:26) Gake eteƒe medidi o, abi ma ku, elabena Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre.

      18. (a) Dukɔ yeye kae Yehowa tia, eye nu ka tae? (b) Aleke da la ƒe dzidzimevia yi edzi lé fu nyɔnua ƒe dzidzimevia?

      18 Israel dukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo kple Roma Fiaɖuƒea teƒenɔlawo ɖo nugbe ɖe Yesu ŋu, eye Israel dukɔa me tɔ akpa gãtɔ hã gbe nu le egbɔ. Eya ta Yehowa gbe dzɔdzɔme Israel be womeganye yeƒe dukɔ o. (Mat. 23:38; Dɔw. 2:22, 23) Etia dukɔ yeye aɖe, si nye “Mawu ƒe Israel la.” (Gal. 3:26-29; 6:16) Dukɔ mae nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la, si me tɔwo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa. (Ef. 2:11-18) Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, da la ƒe dzidzimevia yi edzi lé fu nyɔnua ƒe dzidzimevia. Roma Fiaɖuƒea dze agbagba zi geɖe be yeatsrɔ̃ Kristo hame, si nye nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia ɖa.c

      19. (a) Aleke Daniel ɖɔ xexemeŋusẽ adelia? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati bubu aɖe me?

      19 Le drɔ̃e si gɔme Daniel ɖe na Nebukadnezar me la, Roma Fiaɖuƒea ye ata siwo nye gayibɔ la tsi tre ɖi na. (Dan. 2:33) Daniel gakpɔ ŋutega aɖe hã, gake menye Roma Fiaɖuƒea ko esia ɖɔ o, ke eɖɔ xexemeŋusẽ si ado tso Roma Fiaɖuƒea me la hã. (Mixlẽ Daniel 7:7, 8.) Roma Fiaɖuƒea nɔ abe lã aɖe si ŋu “ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le . . . eye wòsesẽ ŋutɔ” la ene hena ƒe alafa geɖe. Ke hã nyagblɔɖia gblɔ be “dzo ewo” ado tso fiaɖuƒe sia me eye dzo bubu aɖe, si le sue la, ato ɖe wo dome, eye wòakpɔ ŋusẽ geɖe. Nu kawoe dzo ewo siawo kpakple dzo sue la le tsitre ɖi na? Legba gã si Nebukadnezar kpɔ le drɔ̃e me la ƒe akpa kae wɔ ɖeka kple dzo sue la? Woaɖo nyabiase siawo ŋu le nyati si le axa 14 lia la me.

  • Yehowa Ðea Nu Siwo ‘Ava Dzɔ Kpuie La Fiana’
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 15
    • Yehowa Ðea Nu Siwo ‘Ava Dzɔ Kpuie La Fiana’

      ‘Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nae, be wòaɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la afia eƒe kluviwo.’​—NYAÐ. 1:1.

      ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

      Legba gã la ƒe akpa kawoe le tsitre ɖi na Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa?

      Aleke Yohanes ɖɔ ƒomedodo si le Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa kple Dukɔ Ƒoƒuawo dome lae?

      Aleke Daniel kple Yohanes ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu ŋui?

      1, 2. (a) Nu ka gɔmee Daniel kple Yohanes ƒe nyagblɔɖiawo akpe ɖe mía ŋu míase? (b) Nu kawoe lã wɔadã la ƒe ta ade gbãtɔawo le tsitre ɖi na?

      NE MÍETSƆ Daniel kple Yohanes ƒe nyagblɔɖiawo sɔ kple wo nɔewo la, woakpe ɖe mía ŋu míase fifi xexemenudzɔdzɔ geɖe kple esiwo ava dzɔ le etsɔme la gɔme. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ ne míetsɔ Yohanes ƒe ŋutega si ku ɖe lã wɔadã la ŋu la sɔ kple Daniel ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe lã dziŋɔ si dzo ewo li na la ŋu, kpakple ale si Daniel ɖe drɔ̃e me legba gã la gɔme? Eye nu kae nyagblɔɖi siawo gɔme sese nyuie aʋã mí míawɔ?

      2 Mina míadzro ŋutega si Yohanes kpɔ ku ɖe lã wɔadã la ŋu la me. (Nyaɖ., ta 13) Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, lã la ƒe ta ade gbãtɔawo le tsitre ɖi na Egipte, Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma. Xexemeŋusẽ siawo katã lé fu nyɔnua ƒe dzidzimevia. (1 Mose 3:15) Ta adelia, si nye Roma la, yi edzi nye xexemeŋusẽ sẽŋu aɖe hena ƒe alafa geɖe le esi Yohanes ŋlɔ eƒe ŋutegaa vɔ megbe. Mlɔeba la, ta adrelia ava xɔ ɖe Roma teƒe. Xexemeŋusẽ kae anye ema, eye aleke wòawɔ nu ɖe nyɔnua ƒe dzidzimevia ŋu?

      BRITAIN KPLE AMERIKA VA KPƆ ŊUSẼ

      3. Nu kae lã dziŋɔ si to dzo ewo la tsi tre ɖi na, eye nu kae dzo ewoawo fia?

      3 Míate ŋu ade dzesi nu si lã wɔadã si ŋu woƒo nu tso le Nyaɖeɖefia ta 13 lia me la ƒe ta adrelia fia ne míetsɔ Yohanes ƒe ŋutega la sɔ kple Daniel ƒe ŋutega si me wòkpɔ lã dziŋɔ si to dzo ewo le la.a (Mixlẽ Daniel 7:7, 8, 23, 24.) Lã si Daniel kpɔ la le tsitre ɖi na Roma Xexemeŋusẽa. (Kpɔ nɔnɔmetata siwo le axa 12-13.) Le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me la, Roma Fiaɖuƒea te mama. Dzo ewo siwo to ɖe lã dziŋɔ la ƒe ta la le tsitre ɖi na fiaɖuƒe siwo do tso Roma Fiaɖuƒea me.

      4, 5. (a) Nu kae dzo sue la wɔ? (b) Xexemeŋusẽ kae lã wɔadã la ƒe ta adrelia le tsitre ɖi na?

      4 Le Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe lã si to dzo ewo ŋu me la, dzo bubu aɖe, “dzo sue aɖe,” to ɖe wo dome, eye wòtu dzo ewoawo dometɔ etɔ̃ ɖa. Aleke nu sia dzɔe? Esia va eme esime Britain (Grande-Bretagne), si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa sue aɖe tsã la, va kpɔ ŋusẽ. Va se ɖe ƒe alafa 17 lia me la, ŋusẽ boo menɔ Britain ŋu o. Roma Fiaɖuƒe xoxoa ƒe nuto bubu siwo nye Spain, Netherlands, kple France la kpɔ ŋusẽ sãsãsã wu Britain. Gake Britain va ɖu fiaɖuƒe mawo dzi ɖekaɖeka, eye wòkpɔ ŋusẽ wu wo katã. Kaka ƒe alafa 18 lia ƒe domedome naɖo la, Britain nɔ ŋusẽ kpɔm gbɔna xexemefiaɖuƒe sesẽtɔ zu ge. Gake mezu lã wɔadã la ƒe ta adrelia ɣemaɣi o.

      5 Togbɔ be Britain kpɔ ŋusẽ blibo hã la, dukɔ siwo nɔ eƒe ŋusẽ te le Dziehe Amerika la ʋli vevie eye woxɔ ablɔɖe heƒo ƒu zu United States (États-Unis alo Amerika). Togbɔ be edzɔ alea hã la, Britain ɖe mɔ na Amerika (U.S.A.) be wòakpɔ ŋusẽ, eye wòzã eƒe ƒudzisrafowo tsɔ kpɔ wo ta. Kaka Aƒetɔ ƒe ŋkekea nadze egɔme le ƒe 1914 me la, Britain va zu fiaɖuƒe gãtɔ kekeake le ŋutinya me eye Amerika va zu mɔɖaŋunu deŋgɔwo wɔƒe gãtɔ le anyigba dzi.b Le Xexemeʋa I me la, Amerika wɔ nubabla tɔxɛ aɖe kple Britain. Lã wɔadã la ƒe ta adrelia do azɔ—eyae nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Aleke lã la ƒe ta sia wɔ nu ɖe nyɔnua ƒe dzidzimevia ŋu?

      6. Aleke lã la ƒe ta adrelia wɔ nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

      6 Esi Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme eteƒe medidi o la, ta adrelia dze Mawu ƒe amewo, siwo nye Kristo nɔvi susɔe siwo kpɔtɔ nɔ anyigba dzi la, dzi. (Mat. 25:40) Yesu gblɔe ɖi be, le yeƒe anyinɔɣia la, ame siwo ƒo ƒu nye dzidzimevia la ƒe akpa susɔe aɖe anɔ dɔ dzi vevie le anyigba dzi. (Mat. 24:45-47; Gal. 3:26-29) Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ho aʋa ɖe ame kɔkɔe mawo ŋu. (Nyaɖ. 13:3, 7) Le Xexemeʋa I wɔɣi la, ete Mawu ƒe amewo ɖe to, exe mɔ ɖe woƒe agbalẽ aɖewo nu, eye wòlé kluvi nuteƒewɔla ƒe ha la teƒenɔlawo de gaxɔ me. Lã wɔadã la ƒe ta adrelia tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe, abe ɖe wowu wo hena ɣeyiɣi aɖe ene. Yehowa kpɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui sia do ŋgɔ eye wòɖee fia Yohanes. Mawu gagblɔ na Yohanes hã be woagbɔ agbe dzidzimevia ƒe akpa evelia alo woade dzo yeye eme be wòayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. (Nyaɖ. 11:3, 7-11) Egbeŋkekeawo me Yehowa subɔlawo ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi be nya mawo va eme.

      ANGLO-AMERIKA XEXEMEŊUSẼA KPLE AFƆ SIWO NYE GAYIBƆ KPLE TSU LA

      7. Ƒomedodo kae le lã wɔadã la ƒe ta adrelia kple legba gã la dome?

      7 Ƒomedodo kae le lã wɔadã la ƒe ta adrelia kple legba gã la dome? Britain do tso Roma Fiaɖuƒea me, eye ne míagblɔe la, nenema kee wòle le United States alo Amerika hã gome. Ke nya kae míagblɔ tso legba la ƒe afɔwo ŋu? Woɖɔ wo be wonye gayibɔ kple tsu tsaka. (Mixlẽ Daniel 2:41-43.) Esia ku ɖe ɣeyiɣi si me lã la ƒe ta adrelia—Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa—akpɔ ŋusẽ la ŋu. Abe ale si ko nane si wotsɔ gayibɔ kple tsu tsaka wɔ la mesesẽna abe esi wotsɔ gayibɔ ɖeɖe ko wɔ o ene la, nenemae Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa mesẽ de fiaɖuƒe si me wòdzɔ tso la nu o. Nu kae wɔe be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa mesẽ tututu o?

      8, 9. (a) Aleke xexemeŋusẽ adrelia ɖe gayibɔŋusẽ fiae? (b) Nu kae tsu si le legbaa ƒe afɔawo me le tsitre ɖi na?

      8 Ɣeaɖewoɣi la, lã wɔadã la ƒe ta adrelia ɖea gayibɔŋusẽ fiana. Le kpɔɖeŋu me, eɖe eƒe ŋusẽa fia esi wòɖu dzi le Xexemeʋa I me. Ta adrelia ƒe gayibɔŋusẽ gadze ƒãa le Xexemeʋa II lia hã me.c Le aʋa ma megbe la, lã la ƒe ta adrelia gaɖea gayibɔ ƒe ŋusẽa fiana ɣeaɖewoɣi. Ke hã wotsɔ tsu tsaka gayibɔ la tso eƒe ŋusẽkpɔɣi ke.

      9 Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia Yehowa subɔlawo di vevie be yewoase nu si legba gã la ƒe afɔwo fia la gɔme. Daniel 2:41 gblɔ be gayibɔ kple tsu aƒo ƒu anye “fiaɖuƒe” ɖeka, ke menye fiaɖuƒe geɖe o. Eya ta tsu la le tsitre ɖi na nu siwo le Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ƒe fiaɖuƒea me, siwo wɔe be mete ŋu sẽ de Roma Fiaɖuƒea, si nye gayibɔ la, nu o. Woyɔ tsu la be “amegbetɔwo ƒe ƒomeawo,” alo dukɔmevi dzrowo. (Dan. 2:43) Le Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa me la, dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesi ta ʋlilawo, dɔwɔlawo ƒe gomenɔamesi ta ʋlihawo, kple ablɔɖetaʋlilawo tso be yewoaʋli yewoƒe gomenɔamesiwo ta. Dukɔmevi dzro siawo wɔe be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa mete ŋu le eƒe gayibɔŋusẽa ŋu dɔ wɔm o. Gakpe ɖe eŋu la, dunyahelawo ƒe nukpɔsusuwo toa vovo, eye esi wònye nu vi aɖe koe dunyahela aɖewo tsɔ toa bubuwo ŋu le akɔdaɣi ta la, esia gbɔdzɔa ŋusẽ si le dukplɔla xɔŋkɔwo gɔ̃ hã si la me, ale be wometea ŋu wɔa woƒe ŋugbedodowo dzi o. Daniel gblɔe ɖi be: “Fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asesẽ, eye akpa aɖe masesẽ o.”—Dan. 2:42; 2 Tim. 3:1-3.

      10, 11. (a) Nu kae gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe ‘afɔawo’ dzi? (b) Nya kae míate ŋu agblɔ tso afɔbideawo ƒe xexlẽme ŋu?

      10 Nubabla tɔxɛ si nɔ Britain kple Amerika dome la gakpɔtɔ yi edzi le ƒe alafa 21 lia me. Wowɔa nu ɖekae le xexea me nyawo gbɔ kpɔkpɔ me zi geɖe. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe legba gã la kple lã wɔadã la ŋu ɖo kpe edzi be xexemeŋusẽ bubu aɖeke mava xɔ ɖe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa teƒe o. Togbɔ be ŋusẽ mele xexemeŋusẽ mamlɛ sia ŋu abe Roma fiaɖuƒea, si nye ataawo, ene o hã la, matsrɔ̃ le eɖokui si o.

      11 Ðe gɔmesese tɔxɛ aɖe le legbaa ƒe afɔbideawo ƒe xexlẽme ŋua? Bu eŋu kpɔ ko: Le ŋutega bubuwo me la, Daniel yɔ xexlẽme aɖewo koŋ—le kpɔɖeŋu me, eyɔ dzo siwo lã vovovoawo to ɖe ta la ƒe xexlẽme. Gɔmesese aɖe le xexlẽme mawo ŋu. Ke hã esi Daniel nɔ legbaa ɖɔm la, meyɔ afɔbideawo ƒe xexlẽme o. Eya ta efia be gɔmesese aɖeke mele afɔbideawo ƒe xexlẽme ŋu o, abe ale si ko gɔmesese aɖeke mele abɔawo, asiawo, asibidɛawo, ataawo, kple afɔawo hã ƒe xexlẽme ŋu o ene. Daniel gblɔe eme kɔ be afɔbideawo anye gayibɔ kple tsu tsaka. Le eƒe nyaa nu la, míate ŋu aƒo nya ta be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ye anɔ dzi ɖum esime “kpe” si le tsitre ɖi na Mawu ƒe Fiaɖuƒea la ava dze legbaa ƒe afɔwo dzi.—Dan. 2:45.

      ANGLO-AMERIKA XEXEMEŊUSẼA KPLE LÃ WƆADÃ SI DZO EVE LI NA

      12, 13. Nu kae lã si dzo eve li na la le tsitre ɖi na, eye nu kae wòwɔna?

      12 Togbɔ be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa nye gayibɔ kple tsu tsaka hã la, ŋutega siwo Yesu ɖe fia Yohanes la ɖee fia be xexemeŋusẽ sia ayi edzi awɔ akpa vevi aɖe le ŋkeke mamlɛawo me. Nu kae wòawɔ? Yohanes kpɔ lã wɔadã dzoevee aɖe si ƒoa nu abe ʋɔ driba ene. Nu kae lã wɔnuku sia le tsitre ɖi na? Dzo eve li nɛ, eya ta enye dziɖuŋusẽ eve ƒokpli. Le afi sia hã la, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa kee Yohanes kpɔ, gake enɔ nu ɖedzesi aɖe wɔm.—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 13:11-15.

      13 Lã wɔadã sia dea dzi ƒo na amewo be woawɔ lã wɔadã si ta adre li na la ƒe legba. Yohanes ŋlɔ bena lã la ƒe legbaa nɔ anyi kpɔ, gake meli o, eye wòagava. Nu sia tututue dzɔ ɖe habɔbɔ aɖe si Britain kple Amerika do ɖe ŋgɔ la dzi. Eye ɖe woɖo be wòana xexea me fiaɖuƒewo katã nawɔ ɖeka eye wòanye wo teƒenɔla.d Habɔbɔ sia do le Xexemeʋa I megbe eye woyɔe be Dukɔwo ƒe Nubabla. Esi Xexemeʋa II lia dze egɔme la, meganɔ anyi o. Le aʋa ma me la, Mawu ƒe amewo ɖe gbeƒãe be, le nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nu la, lã wɔadã la ƒe legbaa agado ake. Eye egado hã vavã—eyae nye Dukɔ Ƒoƒuawo.—Nyaɖ. 17:8.

      14. Mɔ ka nue lã wɔadã la ƒe legbaa nye “fia enyilia” le?

      14 Yohanes yɔ lã la ƒe legbaa be “fia enyilia.” Le mɔ ka nu? Womegblɔ be enye lã wɔadã gbãtɔa ƒe ta enyilia o. Lã ma ƒe legba koe wònye. Ŋusẽ ɖe sia ɖe si ŋu dɔ wòwɔna la tsoa dukɔ siwo le habɔbɔa me la gbɔ, vevietɔ etsoa Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa, si lée ɖe te la gbɔ. (Nyaɖ. 17:10, 11) Gake wonaa ŋusẽe be wòawɔ nu abe fia ene, be wòaɖe dɔ aɖe koŋ, si ana nu vovovowo nadzɔ be woahe tɔtrɔ ava ŋutinya me.

      LÃ WƆADÃ LA ƑE LEGBAA TSRƆ̃ GBOLO LA

      15, 16. Nu kae gbolo la le tsitre ɖi na, eye nu kae dzɔ ɖe ame siwo kpea asi ɖe eŋu la dzi?

      15 Yohanes gblɔ hã be, kpɔɖeŋugbolo aɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ—si nye lã la ƒe legba la—dzi hele edom, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Woyɔ eƒe ŋkɔ be “Babilon Gã la.” (Nyaɖ. 17:1-6) Esɔ nyuie be gbolo sia le tsitre ɖi na alakpasubɔsubɔwo katã, eye woƒe akpa vevitɔe nye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo. Alakpasubɔsubɔhawo ɖenɛ fiana le dutoƒo be yewode Dukɔwo ƒe Nubabla la kple Dukɔ Ƒoƒuawo dzi, eye wodze agbagba be yewoafia mɔ habɔbɔ siawo.

      16 Ke hã le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, Babilon Gã la kpɔe be tsiawo, siwo le tsitre ɖi na ame siwo kpea asi ɖe eŋu la, mie nukutɔe. (Nyaɖ. 16:12; 17:15) Le kpɔɖeŋu me, esime lã la ƒe legbaa do zi gbãtɔ la, Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo—siwo nye Babilon Gã la ƒe akpa vevi aɖe la—kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣetoɖoƒe dukɔwo dzi. Egbea la, ame geɖe megadea bubu subɔsubɔhawo kple woƒe kplɔlawo ŋu o. Le nyateƒe me la, ame geɖe xɔe se be mawusubɔsubɔ ye hea aʋawɔwɔ vanɛ alo eya gbɔe xexemekuxiwo tso. Ame bubuwo le ɣli dom be ele be woaɖe subɔsubɔhawo katã ɖa le xexea me.

      17. Nu kae adzɔ ɖe alakpasubɔsubɔhawo dzi kpuie, eye nu ka tae?

      17 Ke hã alakpasubɔsubɔwo nu mayi le wo ɖokui si o. Ŋusẽ akpɔtɔ anɔ gbolo la ŋu, eye wòanɔ agbagba dzem be yeana fiawo nawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu va se ɖe esime Mawu ade susu aɖe dzi me na fia mawo. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 17:16, 17.) Eteƒe madidi o, Yehowa ana Satana ƒe nuɖoanyia ƒe dunyaheŋusẽwo, siwo ƒe teƒenɔlae Dukɔ Ƒoƒuawo nye la, nadze alakpasubɔsubɔhawo dzi. Gbolo la magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe fiawo dzi azɔ o, eye woaha eƒe kesinɔnuwo. Ƒe blaeve alo blaetɔ̃ ye nye esi va yi la, ame geɖe susu be woayi edzi ade bubu subɔsubɔhawo ŋu ɣesiaɣi eye ŋusẽ anɔ wo ŋu ɖaa. Gake egbea la, nɔnɔmeawo le tɔtrɔm. Togbɔ be ele alea hã la, eƒe ŋusẽa nu mayi keŋkeŋ le eɖokui si o. Tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe ava edzi le vo me.—Nyaɖ. 18:7, 8, 15-19.

      WOTSRƆ̃ LÃAWO

      18. (a) Nu kae lã wɔadã la awɔ, eye nu kae ado tso eme? (b) Fiaɖuƒe kawoe Daniel 2:44 gblɔ be Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃? (Kpɔ aɖaka le si le axa 17.)

      18 Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ɖa vɔ la, woaʋã lã wɔadã la, si nye Satana ƒe dunyahenuɖoanyia, be wòatso ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Esi wònye be anyigba dzi fiawo mate ŋu ade keke dziƒo ke o ta la, woaɖe woƒe dzikua ɖe ame siwo le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi le anyigba dzi la ŋu. Esia awɔe be woakpe aʋa mamlɛa kple Mawu. (Nyaɖ. 16:13-16; 17:12-14) Daniel ƒo nu tso aʋa mamlɛa ƒe akpa aɖe ŋu. (Mixlẽ Daniel 2:44.) Woatsrɔ̃ lã wɔadã si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 13:1 la, kple eƒe legba la, kpakple lã wɔadã si dzo eve li na la siaa.

      19. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si, eye nu kae wòle be míawɔ fifia?

      19 Míele lã la ƒe ta adrelia ƒe ŋkekewo me. Lã sia magato ta bubu ake hafi woatsrɔ̃e o. Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa akpɔtɔ anye xexemeŋusẽ ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ɖa. Daniel kple Yohanes ƒe nyagblɔɖiawo va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔ wo ɖi ene. Míate ŋu aka ɖe edzi be alakpasubɔsubɔ tsɔtsrɔ̃ kple Harmagedon-ʋa la ava kpuie. Mawu ɖe nu siawo fia do ŋgɔ. Ðe míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame siwo le nyagblɔɖi siawo me dzia? (2 Pet. 1:19) Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míanɔ Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi.—Nyaɖ. 14:6, 7.

      [Etenuŋɔŋlɔwo]

      a Le Biblia me la, wozãa xexlẽdzesi ewo tsɔ ɖɔa nu ƒe blibonyenye—le go sia me la, dzo ewoawo fia fiaɖuƒe siwo katã do tso Roma Fiaɖuƒea me.

      b Togbɔ be dziɖuŋusẽ siwo ƒo ƒu zu xexemeŋusẽ eve ƒokpli sia la nɔ anyi tso keke ƒe alafa 18 lia me hã la, Yohanes ɖɔe be ado le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze. Le nyateƒe me la, “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” la mee ŋutega siwo le Nyaɖeɖefia gbalẽa me la le eme vam le. (Nyaɖ. 1:10) Xexemeʋa I mee ta adrelia dze nuwɔwɔ gɔme abe xexemeŋusẽ eve ƒokpli ene.

      c Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, le Xexemeʋa II me la, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa tsrɔ̃ ame geɖe. (Dan. 8:24) Le kpɔɖeŋu me, Amerika da atɔmikbɔmb eve ɖe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ƒe futɔ aɖe ƒe anyigba dzi. Bɔmb siawo tsrɔ̃ ame geɖe ŋutɔ vavã.

      d Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! axa 240, 241, 253.

      [Aɖaka si le axa 17]

      NU KAWOE NYE “FIAÐUƑE MAWO KATÔ?

      Nyagblɔɖi si le Daniel 2:44 la gblɔ be, Mawu ƒe Fiaɖuƒea “agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo.” Fiaɖuƒe siwo legbaa ƒe akpa vovovoawo tsi tre ɖi na la ko ŋue wòku ɖo.

      Ke amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mamlɛawo ya ɖe? Nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, si hã ku ɖe fiaɖuƒewo ŋu, la ɖe nu geɖe wu fia. Eɖee fia be, woaƒo “anyigba blibo la dzi fiawo” katã nu ƒu be woawɔ aʋa kple Yehowa le “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la” dzi. (Nyaɖ. 16:14; 19:19-21) Eya ta menye fiaɖuƒe siwo legbaa tsi tre ɖi na la koe atsrɔ̃ o, ke amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu bubuawo katã hã atsrɔ̃ le Harmagedon me.

  • Woɖe Fia Enyi Fia
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 15
    • Woɖe Fia Enyi Fia

      Ne míetsɔ Biblia gbalẽ siwo nye Daniel kple Nyaɖeɖefia me nyawo ƒo ƒu la, menye fia, alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu, enyi ko woɖe fia o, ke woɖe ale si woado ɖe wo nɔewo yome la hã fia. Míate ŋu ase nyagblɔɖi mawo gɔme nyuie ne míese nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖe Biblia me la gɔme.

      Le ŋutinya katã me la, Satana ma eƒe dzidzimevia ɖe dunyahedziɖuɖu vovovowo alo fiaɖuƒe vovovowo me. (Luka 4:5, 6) Gake amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒe ʋɛ aɖewo koe kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Mawu ƒe amewo dzi, Israel dukɔa loo alo Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea. Dziɖuŋusẽ gã siawo tɔgbi enyi ko ŋue Daniel kple Yohanes ƒe ŋutegawo ƒo nu tso.

      [Nyaɖoɖo/​Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

      (Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

      DANIEL ƑE AGBALẼA NYAÐEÐEFIA GBALẼA ME

      ME NYAGBLƆÐIWO NYAGBLƆÐIWO

      1. Egipte

      2. Asiria

      3. Babilon

      4. Medo-

      Persia

      5. Hela

      6. Roma

      7. Britain kple

      Amerika (U.S.A.)a

      8. Dukɔwo ƒe Nubabla

      kple Dukɔ Ƒoƒuawo

      MAWU ƑE AMEWO

      Ƒe 2000 D.M.Ŋ.

      Abraham

      Ƒe 1500

      Israel dukɔa

      Ƒe 1000

      Daniel Ƒe 500

      D.M.Ŋ./M.Ŋ.

      Yohanes

      Mawu ƒe Israel

      Ƒe 500

      Ƒe 1000

      Ƒe 1500

      Ƒe 2000 M.Ŋ.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Fia eve siawo katã nɔ anyi le nuwuɣia me. Kpɔ axa 19.

      [Nɔnɔmetatawo]

      Legba gã la (Dan. 2:31-45)

      Lã ene do tso atsiaƒu me (Dan. 7:3-8, 17, 25)

      Agbo la kple gbɔ̃tsu la (Dan., ta 8)

      Lã wɔadã si ta adre li na (Nyaɖ. 13:1-10, 16-18)

      Lã dzoevee la dea dzi ƒo na amewo be woawɔ lã wɔadã la ƒe legba (Nyaɖ. 13:11-15)

      [Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

      Fotoawo tsoƒe: Egipte kple Roma: Photograph taken by courtesy of the British Museum; Medo-Persia: Musée du Louvre, Paris

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ—2012 | June 15
    • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

      Ɣekaɣie Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa zu xexemeŋusẽ adrelia le Biblia ƒe nyagblɔɖi nu?

      ▪ Menye xexemeŋusẽwo katãe galegba gã si Fia Nebukadnezar kpɔ la le tsitre ɖi na o. (Dan. 2:31-45) Xexemeŋusẽ atɔ̃ siwo ɖu dzi ɖe wo nɔewo yome tso Daniel ƒe ɣeyiɣia me eye wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi la koe wòle tsitre ɖi na.

      Ale si Daniel ɖɔ galegba lae la fia be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa maɖe Roma Xexemeŋusẽa ɖa o, ke boŋ ado tso eme. Daniel kpɔe be legba la ƒe atawo nye gayibɔ eye gayibɔa keke ta ge ɖe eƒe afɔwo kple afɔbidɛwo me. (Gayibɔ kple tsu le afɔawo kple afɔbidɛawo me.)a Esia fia be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ado tso ata siwo nye gayibɔ la me. Ŋutinya ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Britain (Grande-Bretagne) si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa aɖe tsã la va te ŋusẽkpɔkpɔ le ƒe 1700 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo. Emegbe eva hiã be woabu United States of America (États-Unis d’Amérique) be ezu dukɔ le eɖokui si. Ke hã le Biblia ƒe nyagblɔɖia nu la, xexemeŋusẽ adrelia medo ɣemaɣi o. Nu ka tae? Britain kple United States dukɔawo mekpɔ wɔ naneke ɖekae le mɔ ɖedzesi aɖe nu o. Wova wɔ nu ɖekae le Xexemeʋa I me.

      Le ɣeyiɣi mawo me la, “fiaɖuƒe la ƒe viwo” nɔ dɔ dzi vevie, vevietɔ, le United States, eye woƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã la nɔ Brooklyn, New York. (Mat. 13:36-43) Amesiaminawo ƒe ha la me tɔwo nɔ gbeƒã ɖem vevie le dukɔ siwo dzi Britain Fiaɖuƒegã la nɔ ɖuɖum la me. Le Xexemeʋa I me la, Britain dziɖuŋusẽa kple Amerika dziɖuŋusẽa wɔ nubabla tɔxɛ aɖe esime wonɔ aʋa wɔm kple dunyahedziɖuɖu siwo nye woƒe futɔwo. Eye esi dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nu va sẽ le aʋawɔɣia la, woawo hã wolé fu ame siwo nye Mawu ƒe “nyɔnu” la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe la, woxe mɔ ɖe woƒe agbalẽwo nu eye wolé wo dometɔ siwo nɔ ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la de gaxɔ me.—Nyaɖ. 12:17.

      Eya ta le Biblia ƒe nyagblɔɖia nu la, xexemeŋusẽ adrelia medo le ƒe 1700 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo esime Britain te ŋusẽkpɔkpɔ o. Ke boŋ Aƒetɔ la ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedzea ye xexemeŋusẽ adrelia do.b

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe