INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 108
  • Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae wòate ŋu agblẽ le ŋuwò?
  • ‘Wonana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene’
  • Ðe nya si amewo gblɔna tso nu siwo nèda ɖe Internet dzi ŋu le veviea?
  • Ðe Nane Gblẽ Le Ŋkɔxɔxɔ Ŋua?
    Nyɔ!—2012
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòazã Internet Le Mɔ Nyuitɔ Nu
    Nyɔ!—2014
  • Nu kae wòle be manya tso Internet dzi hahoo kadodowo ŋu?—Akpa 2
    Nyɔ!—2011
  • Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 108
Ðetugbui aɖe le eƒe fon dzi kpɔm hele alɔgbɔnu kom. Ame 85 kafu nu siwo wòda ɖe hahoo kadoƒe aɖe.

SƆHƐWO BIANA BE

Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?

Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Elaine gblɔ be: “Esi meva nya be ame alafa gbogbo aɖewo kpɔa foto kple nu bubu siwo nye sukuhatiwo da ɖe Internet dzi la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ei—woxɔ ŋkɔ ŋutɔ!’ Le nyateƒe mea, meʋã ŋu wo vie.”

Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò be màgava nɔ dzi tsim dzodzro be yeaxɔ ŋkɔ le Internet hahoo kadoƒewo o.

  • Nu kae wòate ŋu agblẽ le ŋuwò?

  • ‘Wonana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene’

  • Ðe nya si amewo gblɔna tso nu siwo nèda ɖe Internet dzi ŋu le veviea?

  • Kpɔ Nyuie Le “Ayeme Ðokuibɔbɔ” Ŋu

Nu kae wòate ŋu agblẽ le ŋuwò?

Biblia gblɔ le Lododowo 22:1 be “ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe.” Eya ta megblẽ be nàdi be ŋkɔ nyui nanɔ ye ŋu alo be amewo nalɔ̃ yeƒe nya o.

Gake didi sia ate ŋu asẽ le ame me ale gbegbe be adi be yeawɔ nu sia nu si ana yeaxɔ ŋkɔ. Ðe esia ate ŋu agblẽ nua? Onya, si xɔ ƒe 16, aɖo eŋu be Ɛ̃:

“Mekpɔe amewo wɔ movinuwo kple susu be yewoaxɔ ŋkɔ ta ko. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tea ŋu tia kpo tso dziƒoxɔ ƒe dzisasrã evelia dzi le míaƒe suku be amewo nakpɔ yewo.”

Esi ame aɖewo di be yewoahe yewo hatiwo ƒe susu ava yewo ɖokui dzi taa, wowɔa bometsinu aɖewo hewɔa eŋuti video dana ɖe Internet dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒewuivi aɖewo mi nunyadzalẽ ɖe dɔ me hewɔ eŋuti video da ɖe hahoo kadoƒewo, evɔ mele be wòadzɔ gbeɖe be ame nawɔ nu ma tɔgbi hafi o!

Biblia gblɔ be: “Migawɔ naneke le . . . bubu dzodzro didi ta o.”—Filipitɔwo 2:3.

Bu nya sia ŋu:

  • Aleke gbegbee ŋkɔxɔxɔ le Internet dzi le vevie na wò?

  • Ðe nàwɔ nu si agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu alo ade wò agbe afɔku me kple susu be xɔ̃wòwo nalɔ̃ wò nya alo be nàxɔ ŋkɔ le wo gbɔa?

    Nya siwo hawòtiwo gblɔ

    Leianna.

    “Ne ame aɖe di godoo be yeaxɔ ŋkɔ la, esia gblẽa nu, elabe ava trɔ eƒe nuƒoƒo, nudodowo alo agbenɔnɔ kple susu be yeaxɔ ŋkɔ dzro ko. Eye ate ŋu ava nɔ nu mawo dam ɖe Internet dzi gɔ hã. Viɖe aɖeke mele eme be nàxa ɖe ŋkɔxɔxɔ ta awɔ nu si nènya be menyo o.”—Leianna.

‘Wonana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene’

Ke hã, menye ɣesiaɣie amewo dea woƒe agbe afɔku me be yewoaxɔ ŋkɔ o. Erica, si xɔ ƒe 22, gblɔ be ame aɖewo wɔa ayemɔnu bubu aɖe ŋu dɔ:

“Amewo daa woƒe dzidzɔɣiwo ŋuti foto gbogbo aɖewo ɖe Internet dzi, si nana wòdzena abe xɔlɔ̃ gbogbo aɖewo le wo si siwo wo kpakpli wo nɔa agbe ɖum ɣesiaɣi ene. Wotoa esia dzi nana wòdzena abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene.”

Cara, si xɔ ƒe 15, gblɔ be ame aɖewo wɔa ameflunu ne wòadze abe ɖe woxɔ ŋkɔ ene:

“Mekpɔ amewo woɖe foto wo ɖokuiwo hetrɔ asi le eŋu wòdze abe ɖe wole kplɔ̃ɖoƒe aɖe ene, evɔ aƒe mee woɖe fotoa le.”

Matthew, si xɔ ƒe 22, gblɔ be yewɔ nu sia tɔgbi kpɔ:

“Meɖe foto aɖe heŋlɔ ɖe edzi be Everest Toa dzie meɖee le, evɔ nyemeɖo afɔ Asia kpɔ o!”

Biblia gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

Bu nya sia ŋu:

  • Ne èzãa hahoo kadodowo la, ɖe nèwɔa ameflunu be nàtsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzi geɖe wua?

  • Ðe foto kple nu siwo nèŋlɔna dana ɖe Internet dzi ɖea ame si nènye kple nu siwo dzi nèxɔ se fiana?

    Nya siwo hawòtiwo gblɔ

    Hannah.

    “Ame aɖewo awɔ nu sia nu ko kple susu be ame geɖe nakafu nu siwo yewoda ɖe Internet dzi. Aleke nèdi be amewo nanya wòe—be wò nuƒoƒo kple nudodo mesɔ o alo be ètsɔa nu siwo le asiwò ƒoa adegbeea? Alo àdi boŋ be amewo nanya nɔnɔme nyui siwo le asiwò eye woakpɔe be ètsɔa ɖe le eme na amewo vavã? Edzɔa dzi na mí ne míenya be amewo lɔ̃ míaƒe nya, gake ele be míakpɔ egbɔ be susu nyuiwo tae wolɔ̃ míaƒe nya ɖo.”—Hannah.

Ðe nya si amewo gblɔna tso nu siwo nèda ɖe Internet dzi ŋu le veviea?

Ame siwo dina be yewoaxɔ ŋkɔ le Internet dzi la wɔa nu sia nu si woate ŋui ale be ame gbogbo aɖewo naƒo nu tso foto kple nu bubu siwo wodana ɖe hahoo kadoƒewo dzia ŋu. Matthew, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, lɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu ma kpɔ:

“Mebiaa amewo be, ‘Ame nenie dzea yowòme le hahoo kadoƒewo?’ alo ‘Ame siwo kafu nu siwo nèda ɖe Internet dzia ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye ka?’ Esi medi be ame geɖe naŋlɔ nu tso nu siwo meda ɖe Internet dzi ŋu taa, nye hã meŋlɔa nu tso ame siwo nyemenya o kura gɔ̃ hã tɔ ŋu. Eva nɔ dzroyem be maxɔ ŋkɔ, eye hahoo kadodowo zazã na dzodzro sia nu gava sẽ ɖe edzi.”

Fotoawo: 1. Ðetugbui aɖe kpɔ ame agbɔsɔsɔ siwo kafu nu si wòda ɖe Internet dzi eye wòko alɔgbɔnu. 2. Ðetugbui ma ke suklinu gbogbo aɖewo ɖum. 3. Ðetugbuia tsɔ asi ɖo eƒe ƒodo dzi heyɔ ŋkume.

Ŋkɔxɔxɔ le Internet dzi le ko abe kpetike kple suklinu bubuwo ɖuɖu ene—avivi le nu me na wò, gake mana nàɖi ƒo o

Maria, si xɔ ƒe 25, gblɔ be le ame aɖewo gomea, ame geɖe ale si nu kafu nu si woda ɖe Internet dzia dzie wonɔa te ɖo bua asixɔxɔ si le yewo ŋu:

“Ne nyɔnuvi aɖe ɖe foto eɖokui da ɖe hahoo kadoƒe eye ame geɖe mekafui o la, esena le eɖokui me be yemedze tugbe o. Nuŋububu sia mesɔ o, gake nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me. Ne míagblɔe la, woa ŋutɔwo koe le fu wɔm wo ɖokui.”

Biblia gblɔ be: “Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.”—Galatiatɔwo 5:26.

Bu nya sia ŋu:

  • Ne èzãa hahoo kadodowoa, ɖe nèva kpɔe be enana nètsɔa ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple ame bubuwoa?

  • Ðe ame agbɔsɔsɔ siwo gblɔa kafukafunyawo tso nu siwo nèdana ɖe Internet dzi ŋue nɔa vevie na wò wu be nàdze xɔlɔ̃ vavãwoa?

    Nya siwo hawòtiwo gblɔ

    Joshua.

    “Ne èdi be yeaxɔ ŋkɔ le Internet dzia, ke ele be nàwɔ nu siwo ana amewo nalɔ̃ wò nya, eye zi geɖea, esia bia be nàwɔ nu abe woawo ke ene. Esia awɔe be nu siwo ŋu nàva nɔ dzi tsim ɖo koe nye ale si amewo bua wòe kple nu si nàwɔ be nàdze wo ŋu. Megblẽ be nàdi be woalɔ̃ yeƒe nya o, gake ne wò taɖodzinue nye be yeaxɔ ŋkɔ la, ke esia ŋu ko nàva nɔ dzi tsim ɖo atraɖii.”—Joshua.

Kpɔ nyuie le “ayeme ɖokuibɔbɔ” ŋu

Ame aɖewo ƒoa adegbe le nane ŋu, gake woƒoa nu wòdzena abe konyi fam wole ɖe eŋu ene. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi:

  • “Tso esime meƒle nye ʋu yeyea, fu ko ɖem amewo le nam be makɔ yewo!”

  • “Amewo gale nye kafum akpa ɖe ale si nyemegalolo abe tsã ene o ta!”

Le go siawo mea, amea faa konyi le nane ŋu ne wòadze abe ɖe wòbɔbɔ eɖokui ene, evɔ wònye adegbe ƒomee wòle hafi.

De dzesii: Zi geɖe la, medzɔa dzi na amewo ne ame aɖe ƒo adegbe alea o, elabe wonyana nu si wɔm wòle. Eye esi wònye be ayeme ɖokuibɔbɔe taa, zi geɖea esia vea dɔme na amewo wu adegbeƒoƒo gbadzaa ko.

Ne àgada foto ɖe hahoo kadoƒe aɖe alo aŋlɔ nane ada ɖe afi ma la, kpɔ nyuie le ayeme ɖokuibɔbɔ ŋu. Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia si me nunya lea dzi: “Na ame bubu nekafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nu o.”—Lododowo 27:2.

Numetoto: Aleke nàwɔ be màgava nɔ ŋkɔxɔxɔ dim le Internet dzi o?

  • Kpɔ egbɔ be nu siwo nèdana ɖe Internet dzi la ɖea ame si nènye kple nu siwo dzi nèxɔ se la fiana.

  • Ði anukware le nu siwo nèdana ɖe Internet dzi me.

  • Mègatsi dzi fũu ɖe nya siwo amewo agblɔ tso nu siwo nèdana ɖe hahoo kadoƒewo ŋu o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe