INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/15 axa 30-31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ɖeɖe—Nunanae Wònye Tso Mía Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Dzadzraɖo ɖe Srɔ̃ɖeɖe si Akpɔ Dzidzedze Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nunana Tso Mawu Gbɔ
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/15 axa 30-31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke wòle be Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeŋugbedodo ƒe vevienyenyee?

Srɔ̃ɖeŋugbedodo nye dzidzɔnya, gake eganye ŋkubiãnya hã. Kristotɔ tsitsi aɖeke mabu srɔ̃ɖeŋugbedodo nu tsɛe, asusu be yeate ŋu atso ŋugbedodoa me ɣesiaɣi le nyamaɖinyawo ta o. Ŋugbedodomenɔɣi nye ɣeyiɣi si me ame evea anya wo nɔewo nyuie hafi aɖe srɔ̃.

Ne míele nu ƒom tso nya sia ŋu la, ehiã be míade dzesii be srɔ̃ɖekɔnuwo kple afɔɖeɖe siwo doa ŋgɔ nɛ to vovo ale gbegbe le teƒe vovovo kple le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Biblia na esia ƒe kpɔɖeŋuwo.

Le mɔ aɖe nu la, wodo Lot vinyɔnu eve siwo “medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o” ƒe ŋugbe na duame ŋutsu eve. Ele be Lot ‘toawo naɖe vianyɔnuawo,’ gake Biblia megblɔ nusita wowɔ srɔ̃ɖeɖoɖoa alo alesi wowɔe na mí o. Ame tsitsiwoe nyɔnuviawo nyea? Woawo ŋutɔe tia amesi woaɖea? Ðe wowɔ srɔ̃ɖeŋugbedodoa to dutoƒowɔna aɖe wɔwɔ mea? Míenya o. (Mose I, 19:8-14) Míenya be Yakob ŋutɔe wɔ ɖoɖo kple Raxel fofo be yeaɖe Raxel ne yewɔ dɔ nɛ ƒe adre. Togbɔ be Yakob yɔ Raxel be “srɔ̃nye” hã la, womedɔ kple wo nɔewo le ƒe mawo me o. (Mose I, 29:18-21) Kpɔɖeŋu bubue nye be wobia tso Dawid si be wòaɖu Filistitɔwo dzi hafi aɖe Saul vinyɔnu. Ne Dawid te ŋu wɔ nusi Saul bia la, ekema ate ŋu aɖe vianyɔnu Mixal. (Samuel I, 18:20-28) “Srɔ̃ɖeŋugbedodo” mawo to vovo na wo nɔewo, eye woto vovo na esiwo bɔ le dukɔ geɖe me egbea.

Mose ƒe Sea wɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeŋugbedodo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu ate ŋu aɖe srɔ̃ wu ɖeka; ate ŋu anɔ te ɖe nu geɖe dzi agbe srɔ̃a, gake edze ƒã be srɔ̃nyɔnua ya mate ŋu agbee o. (Mose II, 22:16, 17; Mose V, 24:1-4) Ele na ŋutsu si lé ɖetugbi nɔaƒe si womedo ŋugbe na o hedɔ kplii la be wòaɖee ne fofoa lɔ̃ ɖe edzi, eye mate ŋu agbee akpɔ o. (Mose V, 22:28, 29) Srɔ̃ɖeɖe ŋuti se bubuwo li, abe esi ku ɖe ɣeyiɣi si me mele be woadɔ nyɔnu gbɔ o ŋu ene. (Mose III, 12:2, 5; 15:24; 18:19) Se kawoe ku ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo ŋu?

Le sea nu la, alesi wobua Israel-nyɔnu si wodo ŋugbe na to vovo na amesi womedo ŋugbe na o; le go aɖewo me la, wobunɛ abe srɔ̃tɔ ene. (Mose V, 22:23-29; Mateo 1:18, 19) Israel-viwo mate ŋu ado ŋugbe na ƒometɔ aɖewo alo aɖe wo o. Zi geɖe la, amesiawo nyea ƒometɔ kpikplikpliwo, gake womeɖe mɔ be woado ŋugbe na ame aɖewo alo aɖe wo o le domenyinyi ƒe gomenɔamesiwo ta. (Mose III, 18:6-20; kpɔ March 15, 1978 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 25-8.) Eme kɔ be mele be mawusubɔlawo nabu srɔ̃ɖeŋugbedodo nu tsɛe o.

Israel-viwo nɔ Sea ƒe ɖoɖo mawo katã te, gake Kristotɔwo mele Se ma kple eƒe ɖoɖo siwo ku ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodo alo srɔ̃ɖeɖe ŋu la te o. (Romatɔwo 7:4, 6; Efesotɔwo 2:15; Hebritɔwo 8:6, 13) Le nyateƒe me la, Yesu fia nu be Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖoɖowo to vovo na Sea tɔ. (Mateo 19:3-9) Gake meɖe srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃ɖeŋugbedodo ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔ o. Ke nyati si ŋu míele nu ƒom tsoe, si nye srɔ̃ɖeŋugbedodo le Kristotɔwo dome ya ɖe?

Le dukɔ geɖe me la, ame ŋutɔe tiaa amesi wòaɖe. Ne ŋutsu kple nyɔnu do ŋugbe na wo nɔewo ko la, wobua wo amesiwo ava ɖe wo nɔewo. Zi geɖe la, mebia be woawɔ nu bubu aɖeke atsɔ aɖo kpe ŋugbedodoa dzi o. Ele eme be le dukɔ aɖewo me la, ŋutsuawo lɔ̃a asigɛ tsɔtsɔ na nyɔnu si ɖe ge wogbɔna la be wòanye dzesi be yewodo ŋugbe na wo ya. Alo enye kɔnu be woaɖe gbeƒã srɔ̃ɖeŋugbedodoa na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le ƒomenuɖuƒe alo le ƒuƒoƒe sue bubu aɖe. Ame ŋutɔ ƒe tiatiae esiawo nye, menye Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwoe o. Ame evea ƒe lɔlɔ̃ be yewoaɖe yewo nɔewoe nye srɔ̃ɖeŋugbedodoa.a

Mele be Kristotɔ natsi dzi aƒo ta ɖe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, srɔ̃ɖeŋugbedodo, alo srɔ̃ɖeɖe me o. Míetaa nyati siwo nɔ te ɖe Biblia dzi siwo ate ŋu akpe ɖe trewo ŋu woanya ne nunya anɔ eme be yewoadze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme, ado ŋugbe na ame alo aɖe srɔ̃.b Susu vevi aɖe si le aɖaŋuɖoɖoa mee nye be Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nɔa anyi tegbee.—Mose I, 2:24; Marko 10:6-9.

Ele be Kristotɔ eve nanya wo nɔewo nyuie hafi adze tamebubu le srɔ̃ɖeŋugbedodo ŋu. Wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe meka ɖe eƒe gbɔgbɔmemenyenye kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu dzi ŋutɔŋutɔa? Ðe mekpɔ be mía kple ame ma míate ŋu asubɔ Mawu le míaƒe agbemeŋkekewo katã mea? Ðe míenya mía nɔewo ƒe nɔnɔmewo nyuiea? Ðe meka ɖe edzi be míasɔ na mía nɔewo tegbeea? Ðe míenya nu tso mía nɔewo ƒe tsãgbenɔnɔ kple fifi nɔnɔmewo ŋu nyuiea?’

Ne Kristotɔ eve nya do ŋugbe na wo nɔewo ko la, esɔ be wo kple ame bubuwo nakpɔ mɔ be srɔ̃ɖeɖe akplɔe ɖo. Yesu xlɔ̃ nu be: ‘Miaƒe Ẽ, nanye Ẽ, O, nanye O.’ (Mateo 5:37) Ele be Kristotɔ siwo do ŋugbe na wo nɔewo nabui nu vevii. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be Kristotɔ si do ŋugbe nakpɔe be ame kemɛa meƒo nu tso nu vevi aɖe ŋu o, alo eɣlae hafi yewodo ŋugbea. Ate ŋu anye kuxi sesẽ aɖe si ku ɖe amea ƒe tsãgbenɔnɔ ŋu, ate ŋu anye nuvlowɔwɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ gɔ̃ hã. Ele be Kristotɔa natso nya me le nusi wòawɔ ŋu ne eva nya nusia. Ðewohĩ ame evea adzro nyaa me tsitotsito ahalɔ̃ be yewomatso ŋugbedodoa me o. Alo wo ame evea woate ŋu atso nya me le nugɔmesese me be yewoatso ŋugbedodoa me. Gake ema wɔwɔ anye woawo ɖeɖe dome nya—menye nya si me wòle be ame bubuwo nade nui, adze agbagba asusu nu bubuwo, alo adrɔ̃ ʋɔnu o—enye nyametsotso si me ŋkubiã le. Le go bubu me la, amesi va nya nu tso nya sesẽa ŋu ate ŋu atso nya me le eɖokui si be yeatso ŋugbedodoa me, ne ame kemɛa di be yewoayi edzi hã.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le June 15, 1975 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.

Susu le eme be woakpɔ nya mawo gbɔ hafi aƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me. Yesu gblɔ be nusi ko ŋu Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ le si dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ aɖe ame bubu ye nye por·neiʹa, srɔ̃tɔ ɖeka ƒe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ. (Mateo 5:32; 19:9) Megblɔ be woate ŋu agbe srɔ̃ si woɖe le se nu ne wova nya nu tso kuxi sesẽ aɖe alo nuvɔ̃ si wowɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea ŋu o.

Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, enɔ bɔbɔe be woate ŋu adze anyi. Ne Yuda-ŋutsu va nya be anyi nɔ ye srɔ̃ ŋu hafi yeɖee (nyɔnua nya alo menya o) la, ɖe wòate ŋu agbeea? Yudatɔ si le Sea te ate ŋu agbee, gake Yesu megblɔ be ema asɔ ye yomedzelawo nawɔ o. Bu egbegbe nɔnɔme aɖewo ŋu kpɔ. Ŋutsu si ŋu agbadzà, nulɔdɔ si naa vidzinu ŋu kple exa ɖoa loholoho, HIV, alo dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi bubu aɖe le ate ŋu aɣla nya mawo ahaɖe srɔ̃. Ðewohĩ exɔ dɔa to gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me do ŋgɔ na ŋugbedodoa alo le ŋugbedodoa megbe. Srɔ̃nyɔnua ƒe nu nyanya tso ŋutsua ƒe dɔlélea alo agbegbegblẽ si wònɔ tsã ŋu (ne eva kpɔ be mate ŋu adzi vi o, alo be etu gɔ̃ hã) matrɔ srɔ̃tɔ siwo wonye o. Ŋɔŋlɔa meɖe mɔ be woanɔ te ɖe agbe baɖa si wonɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea dzi agbe srɔ̃ o, eye nenema ke wòanɔ ne dɔ aɖe le nyɔnua ŋu alo ne ŋutsu bubu ƒe fu gɔ̃ hã nɔ eƒo wòtsɔ ɣla hafi va ɖe srɔ̃a. Wozu srɔ̃tɔwo fifia, eye se bla wo ɖekae.

Enye nyateƒe be nɔnɔme wɔnublanui mawo mebɔ ya o, gake ele be kpɔɖeŋu mawo nate gbe ɖe nya vevi sia dzi ake be: Mele be woabu srɔ̃ɖeŋugbedodo nu tsɛe o. Hafi Kristotɔwo nado ŋugbe na wo nɔewo, eye ne wole eme la, ele be woadze agbagba anya wo nɔewo nyuie. Ele be woaɖi anukware le nane si ame kemɛa di be yeanya alo dze be wòanya la gbɔgblɔ me. (Le dukɔ aɖewo me la, se bia be ŋutsu kple nyɔnu siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo nayi kɔdzi woado wo akpɔ hafi woaɖe srɔ̃. Ame bubuwo adi be yewoawɔ dodokpɔ ma anya nuwo na yewo ɖokui.) Le mɔ sia nu la, dzidzɔ kple vevienyenye si anɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo me ana taɖodzinu si ŋu bubu le nava eme, esi ame evea ɖo ta srɔ̃ɖeɖe, si me dzidzɔ le eye wòle vevie wu gɔ̃ hã la me.—Lododowo 5:18, 19; Efesotɔwo 5:33.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le dukɔ aɖewo me la, dzilawo gakpɔtɔ wɔa srɔ̃ɖeɖoɖo na wo viwo. Ðewohĩ wodoa ŋgɔ wɔa esia ɣeyiɣi aɖe va yina hafi ame evea nava su te hena srɔ̃ɖeɖe. Hafi ɣemaɣi naɖo la, wobua wo be wole ŋugbedodo me, gake womezu srɔ̃tɔwo haɖe o.

b Kpɔ agbalẽ siwo nye Questions Young People Ask—Answers That Work, ta 28-32, kple Nusi Gbɔ Ƒome Ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, ta 2, siwo Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe