-
‘Nenemae Dzea Ŋuwò’Gbetakpɔxɔ—2015 | March 15
-
-
hafi wògblɔna be Biblia me nuŋlɔɖi aɖe tsi tre ɖi na nane si lolo wu. Esesẽna na nɔviwo be woase ale si míeɖe nuŋlɔɖi aɖewo ƒe kpɔɖeŋuwo kple nuawo ŋutɔŋutɔ me va yi la gɔme, aɖo ŋku wo dzi ahawɔ wo ŋuti dɔ. Gawu la, ne míehe susu yi Biblia me nuŋlɔɖiwo me vava gãtɔwo dzi fũu akpa la, nufiame vevi siwo le eme siwo dzi wòle be míawɔ ɖo la buna ɖe mí. Eya ta egbea, nufiame vevi siwo le Biblia me nuŋlɔɖiwo me, siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse, ana míado dzi, anɔ mawusosroɖagbe ahatu nɔnɔme nyui bubuwo ɖo koŋ dzie míaƒe agbalẽwo hea susu yina zi geɖe.c—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.
Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso kpɔɖeŋu si Nabot ɖo ɖi la me (Kpɔ memama 11)
11. (a) Aleke míese Nabot ŋuti nuŋlɔɖia gɔme fifia, eye aleke kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la aɖe vi na mí? (b) Nu ka tae fifia la, ƒãa hafi míaƒe agbalẽwo ƒoa nu tso kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu? (Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le Gbetakpɔxɔ sia me.)
11 Fifia ale si míese Nabot ŋuti nuŋlɔɖia gɔme la me gakɔ ɖe edzi hele bɔbɔe wu. Nabot meku le esi wòtsi tre ɖi na Yesu alo amesiaminawo ta o. Ke boŋ esi wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na Mawu tae. Eyi edzi wɔ Yehowa ƒe Se dzi togbɔ be dziɖula sesẽ aɖe ti eyome hã. (4 Mose 36:7; 1 Fiawo 21:3) Ðe esia menye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu subɔla siwo yome tim wole alea egbea oa? (Xlẽ 2 Timoteo 3:12.) Kristotɔwo katã ate ŋu ase nufiame ma gɔme bɔbɔe, aɖo ŋku edzi ahawɔ ɖe edzi be wòado ŋusẽ woƒe xɔse.
12. (a) Nya ta kae mele be míaƒo tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu o? (b) Nu kae kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia me nu goglowo ke hã gɔme? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
12 Ekema ɖe wòle be míaƒo nya ta be nufiamewo koe le Biblia me nuŋlɔɖiwo me, eye gɔmesese bubu aɖeke megale wo ŋu oa? Kura o! Le esi míaƒe agbalẽwo nanɔ nu si ƒe kpɔɖeŋu Biblia me nuŋlɔɖiwo nye me ɖem teƒe la, fifia wotea gbe ɖe ale si nuŋlɔɖiawo de nu wo nɔewo mee dzi boŋ. Le kpɔɖeŋu me, ale si Nabot wɔ nuteƒe le yometiti me va se ɖe ku me la ɖoa ŋku Kristo kple amesiaminawo ƒe nuteƒewɔwɔ dzi na mí. Azɔ hã, egaɖoa ŋku ale si ‘alẽ bubuawo’ dometɔ geɖe le nuteƒe wɔm dzi na mí. Ale si Yehowa le nu fiam mí le mɔ bɔbɔe nu la dze ƒãa.d—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.
YESU ƑE KPƆÐEŊUAWO ƑE GƆMEÐEÐE SI LE BƆBƆE
13. Ƒo nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖewo siwo gɔme míeva se nyuie fifia wu la ŋu.
13 Yesu Kristo ye nye Nufiala gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ. Elɔ̃a lododowo alo kpɔɖeŋuwo zazã le eƒe nufiafiawo me. (Mateo 13:34) Kpɔɖeŋuwo ɖea vi elabena woɖea nya goglowo me le mɔ bɔbɔe nu, wonana míebua tame eye nyaawo wɔa dɔ ɖe mía dzi wu. Esi ƒeawo va le yiyim la, woɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo me le míaƒe agbalẽwo me le mɔ bɔbɔe si me kɔ wu nu. Le kpɔɖeŋu me, July 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ na míegase Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe amɔʋãnu la, atiku sue la kple ɖɔ la ŋu gɔme ɖe edzi. Fifia míekpɔe be kpɔɖeŋu siawo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple ale si wòle kpekpem ɖe ame geɖe ŋu be woagbe nu le xexe vɔ̃ɖi sia gbɔ ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la ŋu.
Kpɔɖeŋuwo ɖea vi elabena woɖea nya goglowo me le mɔ bɔbɔe nu, wonana míebua tame eye nyaawo wɔa dɔ ɖe mía dzi wu
14. (a) Aleke míeɖe lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu me tsã? (b) Aleke míese Yesu ƒe lododoa gɔme fifia?
14 Ke aleke míawɔ ase lododo, alo ŋutinya siwo me nyawo de to, siwo Yesu gblɔ la gɔme? Lododo siawo ƒe ɖewo tsi tre ɖi na nanewo alo wonye nyagblɔɖiwo hã. Ðewo hã nye nufiame nyuiwo na mí. Ke aleke míawɔ anya esiwo tsi tre ɖi na nane kple esiwo nye nufiamewo ko? Ŋuɖoɖoa me va le kɔkɔm ɖe edzi tso ɣeaɖeɣi ke. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si míeɖea Yesu ƒe lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu mee tsã ŋu kpɔ. (Luka 10:30-37) Le ƒe 1924 me la, Gbetakpɔxɔ ɖe eme be Samariatɔ la tsi tre ɖi na Yesu, eye mɔ si ɖi abu tso Yerusalem yi Yerixo la le tsitre ɖi na ale si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi tso esime wodze aglã le Eden. Azɔ hã adzodala siwo nɔ mɔa dzi la tsi tre ɖi na adzɔha kple asitsala ŋuklẽlawo, eye nunɔlaa kpakple Lewitɔa le tsitre ɖi na Kristodukɔa. Gake egbea míaƒe agbalẽwo zãa kpɔɖeŋu ma tsɔ dea dzi ƒo na mí Kristotɔwo katã be míagakpɔ ame ŋkume o. Eye ele be míakpe ɖe ame siwo katã ɖo hiã me ŋu, vevietɔ míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea. Ale si Yehowa na nyateƒea me le kɔkɔm ɖe edzi la dzɔa dzi na mí ŋutɔ.
15. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
15 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu me. (Mateo 25:1-13) Aleke Yesu di be ye yomedzela siwo anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me la nase lododo wɔdɔɖeamedzi ma gɔme? Ðe ame sia ame, nu sia nu, alo lododoa me nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe tsi tre ɖi na ame alo nane si lolo wu si le ŋgɔa? Alo nufiame nyui aɖewo siwo dzi wòdi be míawɔ ɖo le ŋkeke mamlɛ siawo me lae le eme na mía? Na míakpɔe ɖa.
-
-
Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?Gbetakpɔxɔ—2015 | March 15
-
-
Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?
“Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—MATEO 25:13.
1, 2. (a) Nu kae Yesu gblɔ be adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me? (b) Biabia kawo mee míadzro?
KPƆE ɖa le susu me be Yesu ye nye ema bɔbɔ nɔ Amitoa dzi hedze ŋgɔ Yerusalem gbedoxɔa. Eya kple eƒe apostolo ene, siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes ye le afi ma. Yesu le nu wɔnuku siwo adzɔ le etsɔme la gblɔm ɖi, eye wole to ɖom vevie. Nyagblɔɖia ku ɖe nu siwo adzɔ le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ne Yesu le dzi ɖum le Mawu Fiaɖuƒea me la ŋu. Yesu gblɔ na wo be, le ɣeyiɣi vevi ma me la, ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ aɖe anɔ ye teƒe le anyigba dzi ahanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam ye yomedzelawo ɖe ɣeyiɣi dzi.—Mateo 24:45-47.
2 Eyome le nyagblɔɖi ma ke me la, Yesu do lo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu. (Xlẽ Mateo 25:1-13.) Míadzro biabia etɔ̃ siwo gbɔna la me le nyati sia me: (1) Nufiame vevi kae le lododoa me? (2) Aleke amesiamina wɔnuteƒewo le nuxlɔ̃ame si le lododoa me la dzi wɔm, eye nu kawoe do tso eme? (3) Aleke Yesu ƒe lododoa ate ŋu aɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe egbea?
NUFIAME VEVI KAE LE LODODOA ME?
3. Tsã la, aleke míeɖea ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa me le míaƒe agbalẽwo me, eye nu kae nye emetsonu?
3 Míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me be le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, kluvi nuteƒewɔla la trɔ asi le ale si woɖea Biblia me nuŋlɔɖi aɖewo mee ŋu. Fifia nufiame siwo le nuŋlɔɖiawo me la koŋ dzie kluvi nuteƒewɔlaa hea susu yina, ke menye nu si ƒe kpɔɖeŋu nuŋlɔɖiawo nye dzi o. Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋuti la ŋu kpɔ. Tsã la, míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me zi geɖe be akaɖi la, ami la kple amigoe la tsi tre ɖi na nane si lolo wu. Ðe wòanye be nu suesuesue ɖe sia ɖe me ɖeɖe tsitotsito wɔe be nufiame vevi siwo le lododoa me si dzi wòle be míawɔ ɖo kpata la to mía ŋua? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie.
Ele na ɖetugbuiawo be woanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim ne ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo
4. Le lododoa me la, aleke míewɔ nya (a) ame si nye ŋugbetɔsrɔ̃ la? (b) ame siwo ɖetugbuiawo le tsitre ɖi na?
4 Na míadzro nu vevi siwo le Yesu ƒe lododoa me la me. Gbã la, de ŋugble tso ame siwo le lododoa me ŋu. Ame kae nye ŋugbetɔsrɔ̃ la? Eyae nye Yesu. Míenya esia, elabena Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu do ŋgɔ be yee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la. (Luka 5:34, 35) Ame kawoe ɖetugbuiawo le tsitre ɖi na? Woawoe nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe “alẽha sue” la. Aleke míewɔ nya? Le lododoa me la, ele na ɖetugbuiawo be woanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim ne ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo. Azɔ kpɔ nya si Yesu gblɔ na eyomedzela amesiaminawo ɖa: ‘Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim, eye minɔ abe ame siwo le woƒe aƒetɔ lalam be wòagbɔ tso srɔ̃ɖeƒe ene.’ (Luka 12:32, 35, 36) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo kple apostolo Yohanes siaa tsɔ Kristo yomedzela amesiaminawo sɔ kple ɖetugbui dzadzɛwo. (2 Korintotɔwo 11:2; Nyaɖeɖefia 14:4, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Eya ta míekpɔe be Yesu yomedzela amesiaminawoe aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame siwo le Mateo 25:1-13 la yi na.
5. Aleke Yesu na míenya ɣeyiɣi si ŋuti eƒe lododoa ku ɖo?
5 Azɔ ɣeyiɣi ka ŋutie Yesu ƒe lododoa ku ɖo? Nya si Yesu gblɔ le eƒe lododoa ƒe nuwuwu lɔƒo kpe ɖe mía ŋu míenya esia. Egblɔ be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo.” (Mateo 25:10) Míesrɔ̃e le July 15, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me be Yesu ƒo nu tso ale si ‘wòava,’ ava ɖo, alo atrɔ agbɔ ŋu zi gbɔ zi enyi le eƒe nyagblɔɖi si le Mateo ta 24 kple 25 me. Esi Yesu ƒo nu tso ɣeyiɣi si ‘wòava’ alo atrɔ gbɔ ŋu la, ɣeyiɣi si me wòadrɔ̃ ʋɔnu xexe vɔ̃ɖi sia ahatsrɔ̃e le xaxa gã la mee wòwɔnɛ. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be Yesu ƒe lododoa ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu, ke hã xaxa gã la mee ‘wòava ɖo’ alo atrɔ agbɔ.
6. Nufiame vevi kae le lododoa me?
6 Nufiame vevi kae le Yesu ƒe lododo sia me? Ðo ŋku nya si gblɔm Yesu nɔ hafi do loa la dzi. Le Mateo ta 24 la, Yesu ƒo nu tso ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la ŋu. Kluvi la anye nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si anɔ ŋgɔ na Kristo yomedzelawo le ŋkeke mamlɛawo me. Yesu xlɔ̃ nu wo be woayi edzi awɔ nuteƒe. Le ta si kplɔ ema ɖo me la, Yesu zã ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa tsɔ xlɔ̃ nu eyomedzela amesiamina siwo katã anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me. Nufiame veviae nye be ‘woanɔ ŋudzɔ’ ale be dziƒofetua nagage le wo si o. (Mateo 25:13) Azɔ na míadzro lododoa me ayi ŋgɔe be míakpɔ ale si amesiaminawo le nuxlɔ̃amea dzi wɔmee ɖa.
ALEKE AMESIAMINAWO LE NUXLƆ̃AMEA DZI WƆMEE?
7, 8. (a) Nu ka tae míagblɔ be ɖetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi? (b) Aleke amesiaminawo dzra ɖo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava ŋu?
7 Le Yesu ƒe lododoa me la, egblɔ be ɖetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi esime ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo, ke womewɔ nu abe ɖetugbui tsibomeawo ene o. Nu ka tae? Elabena wodzra ɖo, eye wonɔ ŋudzɔ. Ehiã be ɖetugbui ewoawo katã nanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim le zã la me. Ðetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi elabena wotsɔ ami ɖe asi kpe ɖe woƒe akaɖiwo ŋu, gake ɖetugbui tsibomeawo ya mewɔe nenema o. Aleke Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo dzra ɖo ɖe Yesu ƒe vava ŋu?
8 Amesiaminawo le klalo be yewoawɔ yewoƒe dɔdeasia va se ɖe nuwuwu. Wonyae be Mawu subɔsubɔ abia be yewoatsɔ nu siwo ate ŋu asu yewo si le Satana ƒe xexea me hafi la asa vɔe, eye wolɔ̃ faa wɔ esia. Woɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, menye esi nuwuwua gogo ta o, ke boŋ le esi wolɔ̃ Yehowa kple Via ta. Woyia edzi wɔa nuteƒe eye womeɖea mɔ xexea ƒe ŋutilãmenudidi, agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o. Abe aɖaŋudzela siwo nɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nɔ bibim ene la, amesiaminawo hã yi edzi le keklẽm nyuie eye wole Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava lalam dzigbɔɖitɔe, ne edze abe mele vavam kaba o ene gɔ̃ hã.—Filipitɔwo 2:15.
Yesu xlɔ̃ nu amesiaminawo be woayi edzi awɔ nuteƒe
-