Akɔfafa
Biblia me nya siwo afa akɔ na mí ne dzi ɖe le mía ƒo
Dɔmedzoedodo; dzikudodo
Nɔnɔme sesẽ siwo me ame aɖewo to alo nu madzɔmadzɔ aɖe si wowɔ ɖe wo ŋu nana wodoa dɔmedzoe
Biblia me kpɔɖeŋu:
Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:
Biblia me kpɔɖeŋu:
Ru 1:6, 7, 16-18; 2:2, 19, 20; 3:1; 4:14-16—Esi Naomi trɔ yi Mawu ƒe amewo gbɔ eye wòlɔ̃ faa wokpe ɖe eŋu eye eya hã kpe ɖe amewo ŋu la, esia na wògakpɔ dzidzɔ
Hio 42:7-16; Yak 5:11—Hiob do dzi le xɔse me eye Yehowa yrae geɖe
Ame bubuwo ƒe nuwɔna manyomanyowo na ame aɖewo se veve vevie
Biblia me kpɔɖeŋu:
1Sa 1:6, 7, 10, 13-16—Hana se veve vevie esi Penina wɔ nu manyomanyowo ɖe eŋu eye Nunɔlagã Eli hã bu fɔe madzemadzee
Hio 8:3-6; 16:1-5; 19:2, 3—Hiob se veve vevie esi exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo bu wo ɖokui ame dzɔdzɔewo bu fɔe madzemadzee
Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:
Biblia me kpɔɖeŋu:
1Sa 1:9-11, 18—Esi Hana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa la eƒe dzi dze eme
Hio 42:7, 8, 10, 17—Esi Hiob tsɔ exɔlɔ̃ etɔ̃awo ƒe vodada ke wo la, Yehowa na wòhaya eye wògakpɔ dzidzɔ ake
Dzimaɖitsitsi
Kpɔ nyati si nye “Dzimaɖitsitsi”
Fɔbubu ame ɖokui si gbɔ eme
Ezr 9:6; Ps 38:3, 4, 8; 40:12
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Fi 22:8-13; 23:1-3—Esi woxlẽ Mose ƒe Sea na Fia Yosiya kple dukɔa la, wokpɔe be yewoda vo
Ezr 9:10-15; 10:1-4—Ame aɖewo gbe toɖoɖo eye woɖe dukɔ bubu me tɔwo, esia na nunɔla Ezra kple Israel-vi bubuwo xa nu vevie
Lk 22:54-62—Apostolo Petro xa nu vevie le esi wògbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ ta
Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Kr 33:9-13, 15, 16—Manase vɔ̃ɖi wu Israel fiawo katã gake esi wòtrɔ dzime la, wokpɔ nublanui nɛ
Lk 15:11-32—Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe vi nudomegblẽla aɖe ŋu tsɔ ɖee fia be Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ nu vɔ̃wo ake
Lãmegbegblẽ alo tsitsi wɔnɛ be ame aɖewo mate ŋu awɔ nu siwo wodi o
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Fi 20:1-3 —Fia Hizkiya xa nu vevie esi wòdze dɔ ɖo kudo nu
Flp 2:25-30—Esi Epafrodito va nya be hamea me tɔwo se be yedze dɔ la, elé blanui vevie elabe esusui be woagblɔ be yedo kpo nu le subɔsubɔdɔa me
Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Sa 17:27-29; 19:31-38—Wodea bubu nuteƒewɔla Barzilai ŋu ŋutɔ gake ebɔbɔ eɖokui eye wògbe dɔ aɖe si wode esi elabe ekpɔe be yetsi
Ps 41:1-3, 12—Anɔ eme be esi Fia David dze dɔ vevie la, eka ɖe edzi be Yehowa alé ye ɖe te
Mr 12:41-44—Yesu kafu ahosi dahe aɖe elabe nu siwo katã le esi lae wòdzɔ
Ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí le esi amewo wɔ nu wòve mí, wotrɔ mí to eme alo womewɔ ŋugbe si wodo na mí dzi o ta
Kpɔ nyati si nye “Mɔkpɔkpɔbuɖeame”
Ne míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo alo nu gbegblẽ aɖe si míewɔ na mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí
Kpɔ nyati si nye “Mɔkpɔkpɔbuɖeame”
Ne míesusui be míele ɖeke me o
Kpɔ nyati si nye “Ne Ewɔ Na Mí Be Míele Vevie Na Yehowa O”
Ne míesusui be mímate ŋu awɔ dɔ aɖe si wode mía si alo akpɔ kuxi aɖe gbɔ o
Biblia me kpɔɖeŋu:
Mawunyakpukpui siwo afa akɔ na wò:
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Mo 3:12; 4:11, 12—Yehowa ka ɖe edzi na nyagblɔɖila Mose enuenu be yeakpe ɖe eŋu le dɔ si yede asi nɛa me
Yr 1:7-10—Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Yeremiya be megavɔ̃ o elabe yeakpe ɖe eŋu le dɔ gã si wòawɔ la me
Ŋuʋaʋã
Kpɔ nyati si nye “Ŋuʋaʋã”
Ne nu tena ɖe mía dzi le esi amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie va yi o ta
Kpɔ nyati si nye “Ŋutasesẽ Le Ame Ŋu”
Vɔvɔ̃
Kpɔ nyati si nye “Vɔvɔ̃”
Yometiti
Kpɔ nyati si nye “Yometiti”