INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?

      ALEKE nàɖo biabia si nye, “Ðe wogbugbɔ wò gadzia?” ŋu? Sɔlemedela miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi la aɖo bibia sia ŋu kakaɖedzitɔe be, “Ɛ̃!” Woxɔe se be be woagbugbɔ ame adzi nye Kristotɔ vavãtɔ nyenye ƒe dzesi kple mɔ ɖeka si ko dzi ame ato akpɔ ɖeɖe. Woxɔ subɔsubɔhakplɔlawo abe mawunyaŋununyala Robert C. Sproul ene ƒe nukpɔsusuwo dzi se, ame si ŋlɔ bena: “Ne womegbugbɔ ame aɖe gadzi o la, . . . ke menye Kristotɔe wònye o.”

      Ðe wò hã nèle ame siwo xɔe se be gbugbɔgadzi nye mɔ si dzi ame ato akpɔ ɖeɖe la domea? Ne nenemae la, ɖikeke mele eme o be, àdi be yeakpe ɖe yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ŋu be woawo hã nake ɖe mɔ ma ŋu ahate edzi zɔzɔ. Gake hafi woate ŋu awɔ nenema la, ele be woase vovototo si le ame si wogbugbɔ dzi kple ame si womegbugbɔ dzi o dome la gɔme. Aleke nàɖe nu si wòfia be woagbugbɔ ame adzi la gɔmee?

      Ame geɖe xɔe se be nyagbɔgblɔ “gbugbɔgadzi” kuna ɖe ame aɖe si ɖe adzɔgbe tso dzi me be yeasubɔ Mawu kple Kristo eye esia na tɔtrɔ va eƒe agbe me wòva le ƒomedodo nyui me kple Mawu azɔ la ŋu. Le nyateƒe me la, egbegbe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ tso ame si wogbugbɔ dzi la ŋu be “zi geɖe la, enyea Kristotɔ aɖe si gbugbɔ do ŋusẽ eƒe xɔse alo gana wòde to ɖe edzi, vevietɔ le mawusubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe megbe.”—Merriam-Webster’s Collegiate Dictionary—Eleventh Edition.

      Ðe wòawɔ nuku na wò be Biblia meda asi ɖe numeɖeɖe ma dzi oa? Ðe nèdi be yeanya nu si tututu Mawu ƒe Nya, Biblia, fia ku ɖe gbugbɔgadzi ŋua? Nya sia me dzodzro tsitotsito aɖe vi na wò godoo. Nu ka tae? Elabena nu si wòfia be woagbugbɔ ame aɖe adzi ŋuti gɔmesese vavãtɔ akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe kple wò etsɔmemɔkpɔkpɔ dzi.

      Nu Kae Biblia Fia?

      Teƒe si ko nyagbɔgblɔ ‘gbugbɔ ame dzi’ dze le le Biblia bliboa mee nye Yohanes 3:1-12, afi si woƒo nu tso dzeɖoɖo wɔdɔɖeamedzi aɖe si yi edzi le Yesu kple subɔsubɔhakplɔla aɖe dome le Yerusalem la ŋu le. Biblia me nudzɔdzɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi bliboa dze le aɖaka si le axa si kplɔe ɖo me. Míekpe wò be nàxlẽe tsitotsito.

      Yesu te gbe ɖe ‘amedzidzi yeyee’a ƒe akpa vovovowo dzi le nuŋlɔɖi sia me. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe numeɖeɖea kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase vevi atɔ̃ siwo gbɔna:

      ◼ Vevienyenye ka gbegbee le amedzidzi yeyee ŋu?

      ◼ Ame ŋutɔe tianɛ be woagbugbɔ adzi ye yeyea?

      ◼ Taɖodzinu kae le eŋu?

      ◼ Aleke wogbugbɔa ame dzinae?

      ◼ Tɔtrɔ kae wòhena vaa ame ƒe agbe me?

      Mina míadzro biabia siawo me ɖekaɖeka.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Nyagbɔgblɔ ‘amedzidzi yeyee’ dze le 1 Petro 1:3, 23. Enye Biblia me nya bubu aɖe si ɖɔ ale si ‘wogbugbɔa ame dzinae.’ Woɖe nya evea siaa tso Helagbe me dɔwɔnya si nye gen·naʹo la me.

      [Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

      “Ele Be Woagbugbɔ Mi Adzi”

      “Ame aɖe nɔ anyi, si tso Farisitɔwo dome, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe. Ame sia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be: ‘Rabi, míenyae be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.’ Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: ‘Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la o.’ Nikodemo gblɔ nɛ be: ‘Aleke woawɔ adzi ame si nye ame tsitsi? Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe, alo ate ŋuia?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o. Nu si wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nu si wodzi tso gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o. Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eƒe gbe, gake mènyana afi si wòtso kple afi si yim wòle o. Nenema kee ame si wodzi tso gbɔgbɔ me hã le.’ Nikodemo ɖo eŋu nɛ gblɔ be: ‘Aleke nu siawo ate ŋu adzɔe?’ Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: ‘Israel ƒe nufiala nènye, gake mènya nu siawo oa? Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Nu si míenya lae míegblɔna, eye nu si míekpɔ la ŋue míeɖia ɖase le, gake miexɔa ɖase si míeɖina la o. Ne meƒo nu tso anyigba dzi nuwo ŋu na mi, eye miexɔe se o ɖe, aleke miawɔ axɔe ase ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na mi?’”—Yohanes 3:1-12.

  • Amedzidzi Yeyee—Aleke Gbegbe Wòle Vevie?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Amedzidzi Yeyee—Aleke Gbegbe Wòle Vevie?

      LE Yesu ƒe numedzodzro kple Nikodemo la katã me la, ete gbe ɖe ale si wòle vevie be woadzi ame yeyee, alo agbugbɔ ame adzi la dzi. Aleke wòna esia dze ƒãae?

      De dzesi ale si Yesu na amedzidzi yeyee ƒe vevienyenye dze ƒãa le eƒe numedzodzro kple Nikodemo me. Egblɔ be: “Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la o.” (Yohanes 3:3) Nya siwo nye “ne” kple “mate ŋu” te gbe ɖe ale si wòhiã vevie be woagbugbɔ ame adzi la dzi. Le kpɔɖeŋu me: Ne ame aɖe gblɔ be, “Ne ɣe medze o la, míate ŋu akpɔ kekeli o” la, efia be ŋdɔa ƒe ʋuʋu hiã godoo hafi woakpɔ kekeli. Nenema kee Yesu gblɔ be ele kokoko be woagbugbɔ ame adzi hafi wòakpɔ Mawu fiaɖuƒe la.

      Mlɔeba la, be Yesu nana ɖikeke aɖeke naganɔ nyaa ŋu o la, egblɔ be: “Ele be woagbugbɔ mi adzi.” (Yohanes 3:7) Eme kɔ ƒãa be le Yesu ƒe nyaa nu la, nudidie gbugbɔgadzi nye—ehiã godoo—hafi ame nate ŋu “age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.”—Yohanes 3:5.

      Esi Yesu bu amedzidzi yeyee be ele vevie nenema gbegbe ta la, ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be yewose nya sia gɔme nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèbu be Kristotɔ aɖe ŋutɔe atiae be woagbugbɔ ye adzia?

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

      “Ne ɣe medze o la, míate ŋu akpɔ kekeli o”

  • Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?

      AME kae nana wodzia ame yeyee? Ne mawunyagblɔla aɖewo le dzi dem ƒo na woƒe nyaselawo be woazu Kristotɔ siwo wogbugbɔ dzi la, woyɔa Yesu ƒe nya siawo be: “Ele be woagbugbɔ mi adzi.” (Yohanes 3:7) Mawunyagblɔla mawo zã nya mawo abe sedede ene be, “Mina woagbugbɔ mi adzi!” Wotoa esia dzi nɔa gbɔgblɔm be ekpo ɖe xɔsetɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ gbɔ be wòawɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi ahaɖe afɔ siwo hiã be woagbugbɔe adzi yeyee. Nuŋububu sia le fiafiam be ame ŋutɔe atiae be wòagbugbɔ ye adzi yeyee. Gake ɖe nukpɔsusu sia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ na Nikodemoa?

      Yesu ƒe nyaawo xexlẽ tsitotsito ana míakpɔe be Yesu mefia nu be ame ŋutɔe atiae be woadzi ye yeyee o. Nu ka tae míegblɔ nenema? Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woagbugbɔ dzi’ la gɔme be “ele be woadzi tso dziƒo.”a Eya ta le gɔmeɖeɖe evelia sia ƒe nya nu la, amedzidzi yeyee sia “tsoa dziƒo”—‘tso Fofo la gbɔ.’ (Yohanes 19:11; Yakobo 1:17) Ɛ̃, Mawu gbɔe wòtsona.—1 Yohanes 3:9.

      Ne nyagbɔgblɔ sia si nye “tso dziƒo” le susu me na mí la, nu si tae menye ame ŋutɔe tianɛ be woadzi ye yeyee o la gɔmesese anɔ bɔbɔe na mí. Wò ya de ŋugble tso ale si wowɔ dzi wò ŋu kpɔ. Wò ŋutɔe tiae be woadzi yea? Kura o! Fofowòe na wodzi wò. Nenema kee Mawu si nye mía Fofo si le dziƒo lae nana wodzia mí yeyee. (Yohanes 1:13) Eya ta apostolo Petro gblɔe wòsɔ nyuie be: “Woayra Mawu, ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã me la, [ena] wodzi mí yeyee.”—1 Petro 1:3.

      Sededee Wònyea?

      Gake ame aɖewo abia be, ‘Ne nyateƒee wònye be menye ame ŋutɔe atiae be wòagbugbɔ ye adzi o ɖe, ke nu ka tae Yesu de se be, “Ele be woagbugbɔ mi adzi” ɖo?’ Nyabiase nyui aɖee nye ema. Le nyateƒe me la, ne sededee Yesu ƒe nya mawo nye la, ke afia be èle gbe ɖem na mí be míawɔ nane si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu. Susu manɔ eme nenema o. Ke gɔmesese kae le nyagbɔgblɔ ele be “woagbugbɔ mi adzi” ŋu?

      Ŋkuléle ɖe nyagbɔgblɔ sia ŋu tsitotsito le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔe ɖo gbã me ɖee fia be menye sededee wònye o. Ke boŋ nyateƒenya aɖe ko wònye wògblɔ. Ne míagblɔe bubui la, nyateƒenya aɖe ko gblɔmee Yesu nɔ esi wògblɔ be ele be “woagbugbɔ mi adzi,” ke menye se dem wònɔ o. Eƒe nyaa fia be, “Ele be, woadzi mi atso dziƒo.”—Yohanes 3:7, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.

      Be míase nya sia gɔme la, mina míabu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be suku geɖewo le du aɖe me. Wotrɔ asi le ɖeka ŋu be wòanye dukɔa me vidzidzi siwo le nuto aɖe koŋ si didi tso du ma gbɔ me la ƒe suku. Gbe ɖeka la, ɖekakpui aɖe si menye nuto ma me tɔ o la va gblɔ na sukua ƒe tatɔ be, “Medi be manye wò sukuviawo dometɔ ɖeka.” Sukutatɔa gblɔ nɛ be, “Be nàde sukua la, ele be nànye nuto si me sukuviawo tso la me tɔ.” Edze ƒãa be menye sededee sukutatɔa ƒe nya siawo nye o. Menye se dem wòle na sukuvia be, “Nye nutoa me tɔ!” o. Nyateƒenya, alo nudidi si gbɔ woaɖo hafi ade sukua ko gblɔmee sukutatɔa nɔ. Nenema kee, esi Yesu gblɔ be: “Ele be woagbugbɔ mi adzi” la, nyateƒenya, alo nudidi si gbɔ wòle be woaɖo hafi ate ŋu “age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me” ko gblɔmee wònɔ.

      Nya mamlɛtɔ sia si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la do ƒome kple amedzidzi yeyee ƒe nya vevie bubu aɖe. Eku ɖe biabia si nye, Taɖodzinu kae le eŋu? la ŋuti. Ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na biabia sia nye nu vevi aɖe si ana míase nu si wòfia be woagbugbɔ ame adzi la gɔme bliboe.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Aleae woɖe Yohanes 3:3 gɔme le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me be: “Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.”

      [Nɔnɔmetata si le axa 6]

      Nu kawoe sɔ kple wo nɔewo le amedzidzi yeyee kple vidzidzi ŋutɔŋutɔ dome?

  • Amedzidzi Yeyee—Taɖodzinu Kae Le Eŋu?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Amedzidzi Yeyee—Taɖodzinu Kae Le Eŋu?

      AME geɖe xɔe se be ele be woagbugbɔ ame adzi hafi wòakpɔ ɖeɖe mavɔ. Gake de dzesi nya si Yesu ŋutɔ gblɔ tso taɖodzinu si le ame dzidzi yeyee sia ŋu. Egblɔ be: “Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu fiaɖuƒe la o.” (Yohanes 3:3) Eya ta ehiã be woagbugbɔ ame adzi be wòate ŋu age ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me, ke menye be wòakpɔ ɖeɖe o. Gake ame aɖewo abia be, ‘Ðe menye teƒeɖoɖo ɖeka ma ke ko ŋue nya eve siawo—gege ɖe Mawu Fiaɖuƒea me kple ɖeɖekpɔkpɔ—ku ɖo o hã? Menye nenemae kura o. Be míase vovototo si le nya eve siawo dome gɔme la, mina míadzro nu si nya “Mawu fiaɖuƒe” fia la me gbã.

      Dziɖuɖue fiaɖuƒe nyena. Eya ta nya “Mawu Fiaɖuƒe” fia “Mawu ƒe dziɖuɖu.” Biblia fia nu be Yesu Kristo si nye “amegbetɔvi” lae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye be hatidziɖulawo hã le esi. (Daniel 7:1, 13, 14; Mateo 26:63, 64) Gakpe ɖe eŋu la, ŋutega aɖe si woɖe fia apostolo Yohanes ɖee fia be Kristo ƒe hatidziɖulawo nye ame siwo wotia “tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomeviwo katã kple dukɔ sia dukɔ me,” eye “woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 20:6) Mawu ƒe nya la ɖee fia hã be ame siwo ava ɖu fia la nye “alẽha sue” si me tɔwo nye ame 144,000 “siwo woƒle tso anyigba dzi.”—Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

      Afi kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea anɔ aɖu dzi? Wogayɔa “Mawu fiaɖuƒe la” be “dziƒofiaɖuƒe la,” si ɖee fia be Yesu kple ehati siwo nye fiawo aɖu dzi tso dziƒo. (Luka 8:10; Mateo 13:11) Eya ta dziƒo dziɖuɖue Mawu Fiaɖuƒea nye, eye emetɔwoe nye Yesu Kristo kple hatidziɖula siwo wotia tso amegbetɔwo dome la ƒe ƒuƒoƒo.

      Ke nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be ele be woagbugbɔ ame adzi bene “wòage ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me”? Nu si wòwɔnɛ ye nye be ehiã be woagbugbɔ ame adzi bene wòate ŋu aɖu dzi kple Kristo le dziƒo. Kpuie ko la, taɖodzinu si le amedzidzi yeyee la ŋue nye be wòatrɔ asi le amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe ŋu be woava ɖu fia le dziƒo.

      Va se ɖe fifia la, míekpɔe be amedzidzi yeyee la le vevie ŋutɔ, eye Mawue nana wodzia ame yeyee, eye wòle asi trɔm le amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋu be woava nye dziɖulawo le dziƒo. Gake aleke tututue wodzia ame yeyee?

      [Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

      Taɖodzinu si le amedzidzi yeyee la ŋue nye be wòatrɔ asi le amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe ŋu be woava ɖu fia le dziƒo

      [Nɔnɔmetata si le axa 7]

      Yesu Kristo kple hatidziɖula siwo wotia tso ameƒomea me ƒe ƒuƒoƒoe nye Mawu Fiaɖuƒe la

  • Amedzidzi Yeyee—Aleke Wòdzɔnae?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Amedzidzi Yeyee—Aleke Wòdzɔnae?

      MENYE amedzidzi yeyee sia ƒe vevienyenye, ame si gbɔ wòtsona, kple taɖodzinu si le eŋu la ŋu koe Yesu ƒo nu tso na Nikodemo o, ke eƒo nu tso ale si wòdzɔnae hã ŋu. Yesu gblɔ be: “Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o.” (Yohanes 3:5) Eya ta tsi kple gbɔgbɔe wotsɔna gbugbɔ dzia ame. Gake nu kae nya “tsi kple gbɔgbɔ” sia fia?

      “Tsi Kple Gbɔgbɔ”—Nu Kae Wonye?

      Esi Nikodemo nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋuti nunyala ta la, ɖikeke mele eme o be enya ale si wozãa nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe gbɔgbɔ”—Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, si ate ŋu ana ame nawɔ nu tɔxɛwo—la le Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyuie. (1 Mose 41:38; 2 Mose 31:3; 1 Samuel 10:6) Eya ta esi Yesu zã nya “gbɔgbɔ” la, Nikodemo ase egɔme be gbɔgbɔ kɔkɔe, si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la ŋue wònɔ nu ƒom tso.

      Ke tsi si ŋu Yesu ƒo nu tso ya ɖe? Ðo ŋku nudzɔdzɔ siwo doŋgɔ kple esi yi edzi le Yesu ƒe dzeɖoɖo kple Nikodemo megbe la dzi. Nudzɔdzɔ mawo ɖee fia be Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo siaa nɔ amewo nyrɔm ɖe tsi me. (Yohanes 1:19, 31; 3:22; 4:1-3) Ame geɖewo nya nu tso esia ŋu nyuie le Yerusalem. Eya ta esi Yesu ƒo nu tso tsi ŋu la, Nikodemo ase egɔme be nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu nya gblɔm wòle, ke menye tsi dzro ko o.a

      “Gbɔgbɔ Kɔkɔe” Tsɔtsɔ Anyrɔ Ame

      Ne ‘tsi tsɔtsɔ dzi ame’ fia amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la, ke nu kae ‘gbɔgbɔ tsɔtsɔ dzi ame’ ya fia? Do ŋgɔ na Yesu kple Nikodemo ƒe dzeɖoɖoa la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe gbeƒãe be woatsɔ gbɔgbɔ hã anyrɔ amee, ke menye tsi ɖeɖe ko o. Egblɔ be: “Metsɔ tsi nyrɔ mi, gake [Yesu ya] atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ mi.” (Marko 1:7, 8) Nya Nyui ŋlɔla Marko ƒo nu tso zi gbãtɔ si nyɔnyrɔxɔxɔ sia tɔgbi yi edzi la ŋu. Eŋlɔ be: “Le ŋkeke mawo me la, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes nyrɔe ɖe Yordan me. Eye enumake esi wònɔ fɔfɔm tso tsia te la, ekpɔ be dziƒowo nu nɔ ʋuʋum, eye gbɔgbɔ la nɔ ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.” (Marko 1:9, 10) Esi wode Yesu Yordan tsia te la, efia be wotsɔ tsi nyrɔe. Le gaƒoƒo si me tututu gbɔgbɔa nɔ ɖiɖim ɖe edzi tso dziƒo lae wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔe.

      Anɔ abe ƒe etɔ̃ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kakaɖedzitɔe be: “Mele ŋkeke geɖe xɔ ge le esia megbe o la, woanyrɔ mi ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me.” (Dɔwɔwɔwo 1:5) Ɣekaɣie nu ma dzɔ?

      Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo ade 120 la ƒo ƒu ɖe aƒe aɖe me le Yerusalem. “Kasia wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe ya sesẽ aɖee ƒo ene, eye wòxɔ aƒe si me wonɔ la katã me. Eye wokpɔ aɖe siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene . . . , eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ.” (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Gbe ma gbe ke la, wobia tso ame bubu siwo nɔ Yerusalem si be woaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Apostolo Petro gblɔ na ameha aɖe be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.” Aleke amewo wɔ nui? “Ame siwo xɔ eƒe nya la kple dzi blibo la, wonyrɔ wo, eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔ abe akpe etɔ̃ ene kpee.”—Dɔwɔwɔwo 2:38, 41.

      Nyɔnyrɔxɔxɔ Ƒomevi Eve

      Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ siawo ɖe fia tso amedzidzi yeyee la ŋu? Woɖee fia be nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi eve dzie wotona dzia ame yeyee. De dzesii be wotsɔ tsi nyrɔ Yesu gbã. Emegbe exɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. Nenema kee, wonyrɔ nusrɔ̃la gbãtɔwo hã ɖe tsi me gbã (Yohanes Amenyrɔɖetsimelae nyrɔ wo dometɔ aɖewo), eye emegbe woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. (Yohanes 1:26-36) Nenema kee, wonyrɔ ame 3,000 siwo trɔ dzi me la ɖe tsi me gbã, eye emegbe woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la.

      Ne nyɔnyrɔxɔxɔ siwo yi edzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la le susu me na mí la, alekee wòle be míakpɔ mɔ be amedzidzi yeyee la nanɔ egbea? Ele be wòayi edzi nenema ke abe ale si wònɔ le Yesu ƒe apostoloawo kple nusrɔ̃la gbãtɔwo gome ene. Gbã la, ele be ame natrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me, aɖe asi le eƒe agbenɔnɔ vɔ̃wo ŋu, atsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa be yeasubɔe ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi le gaglãgbe. Esia megbe ne Mawu tiae be wòava nye dziɖula le Eƒe Fiaɖuƒea me la, woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami nɛ. Ame ŋutɔe ɖea afɔ siwo hiã la le nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi eve sia ƒe akpa gbãtɔ (nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me) la me; gake Mawu ŋutɔe wɔa akpa evelia ya (gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ nyrɔ amee). Ne wonyrɔ ame aɖe to mɔ eve siawo dzi la, ke ezu ame si wodzi yeyee.

      Gake nu ka tae Yesu gblɔ le eƒe dzeɖoɖo kple Nikodemo me be ‘woatsɔ tsi kple gbɔgbɔ adzi amee’? Egblɔ nenema tsɔ nɔ gbe tem ɖe edzi be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe ava ame siwo wotsɔ tsi kple gbɔgbɔ nyrɔe la ƒe agbe me. Nyati si kplɔe ɖo adzro amedzidzi yeyee ƒe akpa ma me.

      [Etenuŋɔŋlɔ]

      a Nenema kee apostolo Petro hã gblɔ ɣeaɖeɣi ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu be: ‘Ðe ame aɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi nua?’—Dɔwɔwɔwo 10:47.

      [Nɔnɔmetata si le axa 9]

      Yohanes tsɔ tsi nyrɔ Israel vi siwo trɔ dzi me

  • Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?
    Gbetakpɔxɔ—2009 | April 1
    • Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?

      NU KA tae Yesu gblɔ be ‘woatsɔ gbɔgbɔ adzi ame,’ esime wònɔ nu ƒom tso gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ anyrɔ amee ŋu? (Yohanes 3:5) Ne wozã nya “dzi” wònye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ la, ke efia “gɔmedzedze,” abe ale si ko gbɔgblɔ be “wodzi dukɔ aɖe” fia tɔtrɔ ƒe gɔmedzedze yeyee aɖe na dukɔ ma ene. Eya ta nyagbe “amedzidzi yeyee” fia “gɔmedzedze yeye.” Esia ta kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo nye “dzi” kple “amedzidzi yeyee” la zãza le gbe tem ɖe Mawu kple ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔe la dome ƒomedodo ƒe gɔmedzedze yeyee aɖe dzi. Aleke ƒomedodo me nɔnɔ ƒe tɔtrɔ blibo sia dzɔnae?

      Apostolo Paulo zã ƒome aɖe me tɔ zuzu ƒe kpɔɖeŋu tsɔ ɖe ale si Mawu trɔa asi le amegbetɔwo ŋu be woava zu dziɖulawo le dziƒo la me. Eŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me la be Mawu ‘axɔ wo abe viwo ene,’ bene wòate ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu “abe viawo ene.” (Galatiatɔwo 4:5; Hebritɔwo 12:7) Be míakpɔ ale si ‘amexɔxɔ abe vi ene’ ƒe kpɔɖeŋua kpena ɖe ame ŋu wòsea tɔtrɔ si ƒomevi vaa ame si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔe la ƒe agbe me gɔme la, gabu ɖekakpui si di be yeade suku si woɖo be nuto aɖe me tɔwo ko nade la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

      Tɔtrɔ Si Amexɔxɔ Abe Vi Ene Hena Vanɛ

      Le kpɔɖeŋu ma me la, womexɔ ɖekakpuia ɖe sukua o, le esi menye nuto si me tɔwo woɖo sukua na me tɔ o ta. Gake tsɔe be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va do mo ɖa gbe ɖeka. Vifofo aɖe si nye nuto si me tɔwo woɖo sukua na me tɔ la va xɔ ɖekakpui ma abe via ene le se nu. Alekee nuwo ava nɔ na ɖekakpuia azɔ? Esi vifofo sia xɔe abe via ene ta la, gomenɔamesi siwo le sɔhɛ siwo tso nuto ma me si la tututu ate ŋu ava su eya hã si—suku ma dede ƒe gomenɔamesi hã le eme. Exɔxɔ abe vi ene na be mɔnukpɔkpɔ yeyewo va su esi.

      Kpɔɖeŋu sia na míese tɔtrɔ si gaɖe dzesi wu kura, si vaa ame siwo wogbugbɔ dzi yeyee ƒe agbe me la gɔme. Bu nu siwo sɔ kple wo nɔewo ŋu kpɔ. Ele be ɖekakpui si ŋu míewɔ kpɔɖeŋua tso la naɖo amexɔxɔ ɖe sukua ƒe nudidia gbɔ, si nye be wòanye nuto ma me tɔ, hafi woaxɔe ɖe sukua me. Ke hã, mate ŋu aɖo nudidi ma gbɔ le eɖokui si o. Nenema kee, hafi mɔnukpɔkpɔ nasu amegbetɔ aɖewo si be woanye dziɖulawo le Mawu Fiaɖuƒea, alo dziƒodziɖuɖua, me la, ele be woaɖo dzedze na teƒe ma yiyi ƒe nudidia gbɔ—si nye be “woagbugbɔ wo adzi.” Ke hã, womate ŋu aɖo nudidi ma gbɔ le wo ɖokui si o, elabena Mawue nana wodzia ame yeyee.

      Nu kae he tɔtrɔ va ɖekakpuia ƒe agbe me? Ale si woxɔe abe vi ene le se nu lae. Gake ɖekakpuia xɔxɔ abe vi ene mena nɔnɔme si le eya ŋutɔ si la trɔ o. Ðekakpui si wònye la koe wòganye. Ke hã, esi woxɔ ɖekakpuia abe vi ene le se nu ta la, mɔnukpɔkpɔ si mesu esi tsã o la va su esi. Le nyateƒe me la, eva le ƒomedodo yeye aɖe me—abe ɖe wodzii yeyee ene. Eva zu vifofoa ƒe vi, si na mɔnukpɔkpɔ va su esi be wòade suku ma, eye wòanye ame si xɔe abe via ene la ƒe ƒomea me tɔ.

      Nenema kee, Yehowa trɔ nɔnɔme si me amegbetɔ madeblibowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le, to afɔ aɖe ɖeɖe le se nu dzi hexɔ wo abe viawo ene. Apostolo Paulo si nye ƒuƒoƒo ma me tɔ ŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “Viwo zuzu ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, gbɔgbɔ si ʋãa mí míedoa ɣli be: ‘Abba, Fofo!’ Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.” (Romatɔwo 8:15, 16) Ɛ̃, esi Mawu xɔ Kristotɔ siawo abe viwo ene ta la, wova zu Mawu ƒe ƒomea me tɔwo, alo “Mawu ƒe viwo.”—1 Yohanes 3:1; 2 Korintotɔwo 6:18.

      Gake ale si Mawu xɔ wo abe viwo ene la metrɔ ame siawo ƒe nɔnɔme o, elabena wokpɔtɔ nye ame madeblibowo. (1 Yohanes 1:8) Ke hã, abe ale si Paulo ɖe emee ene la, esi woxɔ wo abe viwo ene le se nu ta la, mɔnukpɔkpɔ si mesu wo si tsã o la va su wo si azɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ na ame siawo siwo woxɔ abe viwo ene la kpɔa kakaɖedzi blibo be yewoava nɔ agbe le dziƒo kple Kristo. (1 Yohanes 3:2) Kakaɖedzi sia si gbɔgbɔ kɔkɔea naa wo, si ŋu ɖikeke aɖeke mele o la nana nukpɔsusu bubu kura va nɔa wo si ɖe agbenɔnɔ ŋu. (2 Korintotɔwo 1:21, 22) Nyateƒee, wova le ƒomedodo yeye aɖe me—abe ɖe wodzi wo yeyee ene.

      Biblia gblɔ tso ame siwo Mawu xɔ abe viwo ene ŋu be: “Woanye Mawu kple Kristo la ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii hena ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:6) Woana ame siawo siwo Mawu xɔ abe viwo ene la nazu fiawo kpe ɖe Kristo ŋu le Mawu Fiaɖuƒea, alo dziƒodziɖuɖua, me. Apostolo Petro gblɔ na haxɔsetɔwo be woaxɔ “domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o,” si ‘wodzra ɖo ɖe dziƒo’ na wo. (1 Petro 1:3, 4) Domenyinu xɔasi aɖee wònye vavã!

      Ke hã, dziɖulanyenye ƒe nya sia fɔ bibia aɖe hã ɖe te. Ne ame siwo wogbugbɔ dzi la aɖu fia le dziƒo la, ame kawo dzie woaɖu fia ɖo? Míadzro bibia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

      [Nɔnɔmetata si le axa 10]

      Nya kae Paulo gblɔ tso ame xɔxɔ abe vi ene ŋu?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe