INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rr axa 10
  • Nu Kae Nye Tadedeagu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Tadedeagu?
  • Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔsubɔ Dzɔa Dzi Na Kristotɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Srɔ̃ Yesu—De Ta Agu Na Mawu Le Mɔ Si Dzea Eŋu Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Amekawo Ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
rr axa 10
Ƒome aɖe le ƒometadedeagu wɔm.

NUFIAMEÐAKA 1A

Nu Kae Nye Tadedeagu?

Woate ŋu aɖe nya tadedeagu gɔme be “bubudede mawu aɖe ŋu kple mawu ma lɔlɔ̃.” Le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, nya si gɔme woɖe be “tadedeagu” ate ŋu afia ale si ame nade bubu deto nuwɔwɔwo ŋu alo abɔbɔ ɖe wo te. (Mat. 28:9) Nya mawo ke agate ŋu afia Mawu alo trɔ̃ aɖe subɔsubɔ. (Yoh. 4:23, 24) Nya siwo ƒo xlã nyaa ye akpe ɖe ame ŋu wòase nu si wodi be woagblɔ la gɔme.

Yehowa, si nye Wɔla kple Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã la koe dze míasubɔ. (Nyaɖ. 4:10, 11) Ne míedea bubu Yehowa ŋu be eyae nye dziɖulagã eye míekɔa eƒe ŋkɔa ŋu la, ke efia be míele ta dem agu nɛ. (Ps. 86:9; Mat. 6:9, 10) Nya vevi eve siawo, siwo nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple eƒe ŋkɔ koŋ ŋue woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe agbalẽa me. Wozã nya “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa” zi gbɔ zi 217 le Ezekiel ƒe agbalẽa ɖeɖe me eye wozã nya “ne miadze sii be, nyee nye Yehowa” hã zi gbɔ zi 55 sɔŋ.—Eze. 2:4; 6:7.

Menye seselelãme dzro aɖe koe míaƒe tadedeagu na Mawu nye o; ele be dɔwɔwɔwo nakpe ɖe míaƒe tadedeagu vavãa ŋu. (Yak. 2:26) Esi míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe be míaɖo to eya si nye míaƒe Dziɖulagã la le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, eye míade bubu deto eƒe ŋkɔa ŋu. Ðo ŋku edzi be le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Yesu na wòdze ƒãa be kadodo le tadedeagu kple ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ dome. (Mat. 4:10, etenuŋɔŋlɔ) Mí Yehowa subɔlawo, míedina vevie be míasubɔe.a (5 Mose 10:12) Míewɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu ne míetsɔ mía ɖokuiwo na faa wɔ dɔ siwo do ƒome kple míaƒe subɔsubɔa. Dɔ mawo ƒe ɖewo ɖe?

Foto vovovoawo: Subɔsubɔdɔ kɔkɔe. 1. Nɔvinyɔnu aɖe le nya ŋu ɖom le kpekpea. 2. Nɔviwo le takpekpewɔƒea dzram ɖo.

Mɔ vovovowo dzie míetona subɔa Yehowa, eye wo katã dzea eŋu. Míesubɔa Yehowa ne míeɖe gbeƒã na amewo, ne míeyi kpekpewo le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me, alo ne míekpe asi ɖe Akpataa me dzadzraɖodɔwo alo etutu ŋu. Azɔ hã míesubɔa Yehowa ne míewɔa ƒometadedeagu, kpe asi ɖe kpekpeɖeŋu siwo wonana nɔvi siwo hiã tu ŋu, eye míelɔ̃ faa wɔ dɔ le takpekpewo me alo wɔ dɔ le Betel. (Heb. 13:16; Yak. 1:27) Ne tadedeagu dzadzɛa xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe dzi kple susu me la, míanɔ “subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm . . . , zã kple keli.” Tadedeagu na mía Mawu Yehowa, doa dzidzɔ na mí!—Nyaɖ. 7:15

Trɔ yi ta 1, memama 9

a Hebrigbe me nya bubu aɖe si gɔme ɖeɖe ate ŋu afia tadedeagu ye nye nya “subɔ.” Eya ta tadedeagu fia be woasubɔ.—2 Mose 3:12, etenuŋɔŋlɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe