INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 26
  • Nu Ka Tae Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔ Kple Fukpekpe Li Ðo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔ Kple Fukpekpe Li Ðo?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Akɔfafa na Fukpelawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 26
Nusɔsrɔ̃ 26 lia. Dzila siwo tsi dzi ɖe wo vi aɖe si dze afɔku vevie ŋu la le egbɔ le kɔdzi.

NUSƆSRƆ̃ 26

Nu Ka Tae Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔ Kple Fukpekpe Li Ðo?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ne afɔku aɖe dzɔ la, ame geɖe gblɔna be, “Nu ka tae nu sia dzɔ ɖo?” Gake edzɔ dzi na mí ŋutɔ be Biblia ɖo nya sia ŋu na mí eme kɔ nyuie!

1. Nu kae Satana wɔ si he nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va xexea me?

Satana Abosam dze aglã ɖe Mawu ŋu. Satana di be yeaɖu ame bubuwo dzi, eya ta, eble amegbetɔ gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa ale be woawo hã wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Ale si Satana wɔ esia ye nye be eda alakpa na Xawa. (1 Mose 3:1-5) Ena Xawa susui be Yehowa nɔ nu nyui aɖe tem eyama. Eƒe nyawo fia be amegbetɔwo akpɔ dzidzɔ wu ne womeɖo to Mawu o. Satana ka aʋatso gbãtɔ esi wògblɔ na Xawa be mele kuku ge o. Esia tae Biblia yɔ Satana be “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” ɖo.—Yohanes 8:44.

2. Nu kae Adam kple Xawa wɔ?

Yehowa na nu nyui geɖewo Adam kple Xawa. Egblɔ na wo be woate ŋu aɖu ati siwo le Eden-bɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tsetse faa, negbe ɖeka ko. (1 Mose 2:15-17) Gake wosẽ to eye woɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo la ƒe tsetse. Xawa ‘gbe eƒe tsetse la ƒe ɖe heɖu.’ Emegbe, Adam ‘hã ɖui.’ (1 Mose 3:6) Wo ame evea siaa meɖo to Mawu o. Esi Adam kple Xawa de blibo ta la, enɔa bɔbɔe na wo le dzɔdzɔme nu be woawɔ nu si le eteƒe. Gake esi woɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu ta la, wowɔ nu vɔ̃, eye woƒe nuwɔna sia ɖee fia be wogbe be Mawu megaɖo nu si yewoawɔ la na yewo o. Woƒe tomaɖomaɖoa wɔe be wokpe fu geɖe ŋutɔ.—1 Mose 3:16-19.

3. Aleke nu si Adam kple Xawa wɔ la gblẽ nu le mía ŋui?

Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ ta la, wozu ame madeblibowo, eya ta, woƒe dzidzimeviwo katã nyi blibomademade ƒe dome tso wo gbɔ. Biblia gblɔ tso Adam ŋu be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome.”—Romatɔwo 5:12.

Míekpea fu le susu vovovowo ta. Ɣeaɖewoɣi la, míekpea fu le esi míawo ŋutɔwo míetso nya me nyuie o ta. Ɣeaɖewoɣi hãa, míekpea fu le ame bubuwo ƒe nyametsotso gbegblẽwo ta. Eye ɣeaɖewoɣi hãa, míekpea fu le esi afɔku aɖe dzɔ ɖe mía dzi le vo me ta.—Xlẽ Nyagblɔla 9:11.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu siwo ɖee fia be menye Mawu gbɔe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpe siwo le xexea me egbea la tso o. Azɔ hã, àkpɔ ale si Mawu sena le eɖokui me ne míele fu kpem.

4. Ame si gbɔ míaƒe fukpekpewo tso

Ame geɖe xɔe se be Mawue le xexe sia dzi ɖum. Gake nyateƒe yea? Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Ame Kae Le Xexe Sia Dzi Ðum? (1:24)

Mixlẽ Yakobo 1:13 kple 1 Yohanes 5:19, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Mawu gbɔe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple fukpekpewo tsoa?

5. Nu kawoe do tso Satana ƒe dziɖuɖu me?

Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (3:07)

Mixlẽ 1 Mose 3:1-6, eye miadzro biabia siawo me:

  • Alakpa kae Satana da?—Kpɔ kpukpui 4 kple 5 lia.

  • Nya kae Satana gblɔ si na wòdze abe ɖe Yehowa le nu nyui aɖe tem amegbetɔwo ene?

  • Aleke Satana na wòdze abe mehiã be Yehowa naɖu amegbetɔwo dzi hafi woakpɔ dzidzɔ o ene?

Mixlẽ Nyagblɔla 8:9, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Esi wònye be menye Yehowae le xexe sia dzi ɖum o ta la, aleke nɔnɔmeawo le?

Nɔnɔmetata vovovoawo: Nɔnɔmetata siawo ɖe nu vovovo siwo dzɔ le anyigba dzi tso esime Mawu wɔe kple ale si anyigbaa ava zu Paradiso le etsɔme la fia. A. Anyigba dzi paradiso si me gbe damawo kple nu miemiewo le. B. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ƒe alafa geɖewoe nye esia wɔe be alakpasubɔsubɔ, ɖiƒoƒo, fuléle, kple aʋawɔwɔ xɔ aƒe ɖe anyigbaa dzi. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu sẽŋu siwo dze le nɔnɔmetataa mee nye Egipte, China, Hela, Roma, Great Britain kple Amerika. D. Mawu na anyigbaa gazu Paradiso eye amewo le edzi.
  1. A. Adam kple Xawa de blibo esime wonɔ Paradisoa me. Gake wova ɖo to Satana eye wodze aglã ɖe Yehowa ŋu

  2. B. Woƒe aglãdzedzea wɔe be nu vɔ̃, fukpekpe kple ku va xɔ xexea me

  3. D. Yehowa ava ɖe nu vɔ̃, fukpekpe kple ku ɖa. Amegbetɔwo agava de blibo, eye woanɔ agbe le Paradiso me

6. Yehowa sea veve ɖe mía nu ne míele fu kpem

Ðe Mawu sea veve ɖe mía nu ne míele fu kpema? Bu nya si Fia David kple apostolo Petro gblɔ ŋu kpɔ. Mixlẽ Psalmo 31:7 kple 1 Petro 5:7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Esi nèkpɔe be Yehowa nya fu siwo kpem míele eye wòsea veve ɖe mía nu la, aleke esia na nèse le ɖokuiwò me?

7. Mawu ava ɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa

Mixlẽ Yesaya 65:17 kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4, eye miadzro biabia sia me:

  • Yehowa do ŋugbe be yeava na gbɔdzɔe amegbetɔwo tso woƒe fukpekpewo katã me. Aleke nya sia fa akɔ na wòe?

Ènyaa?

Esi Satana ka aʋatso gbãtɔ la, eƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔ. Esia fia be, egblẽ Yehowa ŋu be menye Dziɖula dzɔdzɔe o eye melɔ̃a ame o. Madidi o, Yehowa ava ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa, eye ato esia me akɔ eƒe ŋkɔa ŋu. Ɣemaɣi la, aɖo kpe edzi be yeƒe dziɖuɖu ye nye nyuitɔ kekeake vavã. Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ye nye nya vevitɔ le xexe bliboa me.—Mateo 6:9, 10.

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mawu hea fukpekpewo vaa mía dzi be yeatsɔ ado mí akpɔ.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya sia la, nya kae nàgblɔ nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Satana Abosam kple Adam kpakple Xawa koŋ gbɔe wòtso be fukpekpe va le xexea me. Yehowa sea veve ɖe mía nu ŋutɔ ne míele fu kpem, eye ava ɖe míaƒe fukpekpewo ɖa kpuie.

Numetoto

  • Alakpanya kae Satana Abosam gblɔ na Xawa?

  • Aleke Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea gblẽ nu le mí katã ŋui?

  • Aleke míewɔ nya be Yehowa sea veve ɖe mía nu ne míele fu kpem?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nu si Biblia gblɔ be nu vɔ̃ nye la ŋu.

“Nu Kae Nye Nu Vɔ̃?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ numeɖeɖe bubuwo ku ɖe nya si Satana Abosam fɔ ɖe te le Eden-bɔa me la ŋu.

“Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?” (Gbetakpɔxɔ, January 1, 2014)

Àkpɔ nyabiase sesẽ aɖe ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le nyati sia me.

“Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Nazitɔwo Tsrɔ̃ Yudatɔwo?” (Nyati sia le jw.org)

Le video sia me la, àkpɔ nu si ŋutsu aɖe va nya ku ɖe fukpekpe siwo teƒe kpɔm wònɔ la ŋu.

Nyemegatsi Akogo Azɔ O (5:09)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe