INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 36
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Anukwareɖiɖi Ðea Vi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Si Ta Wònyo Be Woanye Anukwareɖila
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 36
Nusɔsrɔ̃ 36 lia. Ame aɖe le asi dem agbalẽ aɖe te.

NUSƆSRƆ̃ 36

Ði Anukware Le Nuwo Katã Me

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ame sia ame dina be ye xɔlɔ̃wo nanye ame siwo ɖia anukware. Yehowa hã dina be ye xɔlɔ̃wo nanye anukwareɖilawo. Gake esia menɔa bɔbɔe le xexe sia si me anukwaremaɖimaɖi bɔ ɖo la me o. Ne míeɖia anukware le nuwo katã me la, viɖe kawoe dona tso eme?

1. Nu kae nye susu vevitɔ si tae wòle be míanye anukwareɖilawo?

Ne míeɖia anukware na amewo la, míeɖenɛ fiana Yehowa be míelɔ̃e eye míedea bubu eŋu. Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowa nya nu sia nu si ŋu míebuna kple nu sia nu si míewɔna. (Hebritɔwo 4:13) Ɣesiaɣi si míeɖi anukware la, edea dzesii, eye esia doa dzidzɔ nɛ. Eƒe Nya, Biblia, gblɔ be: “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.”—Lododowo 3:32.

2. Nu siwo me míaɖi anukware le gbe sia gbe la dometɔ aɖewo ɖe?

Yehowa di be ‘míato nyateƒe na mía nɔewo.’ (Zakariya 8:16, 17) Nu kae esia fia? Efia be, míeɖale nu ƒom na míaƒe ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, mía nɔvi Kristotɔwo, alo dziɖuɖumegãwo o, míedaa alakpa na wo loo alo flua wo o. Ame siwo ɖia anukware la mefiaa fi o, eye womebaa ame o. (Xlẽ Lododowo 24:28 kple Efesotɔwo 4:28.) Eye woxea adzɔ ɖe sia ɖe si wòle be woaxe. (Romatɔwo 13:5-7) Le nu siawo kple ‘nu bubuwo katã me la, míeɖia anukware.’—Hebritɔwo 13:18.

3. Ne míeɖia anukware la, viɖe kawoe dona tso eme?

Ne amewo nya mí be míeɖia anukware la, wokana ɖe mía dzi. Ewɔnɛ hã be le hamea me la, ame sia ame sena le eɖokui me be yele dedie, abe ale si wònɔna le ƒome si me lɔlɔ̃ le ene. Eye dzitsinya nyui nɔa mía si. Azɔ hã, míaƒe anukwareɖiɖi ate ŋu aɖo “atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia,” eye ana ame bubuwo nadi be yewoava subɔ Yehowa.—Tito 2:10.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me tso míaƒe anukwareɖiɖi ŋu, ale si anukwareɖiɖi ɖea vi na mí, kple ale si míate ŋu aɖi anukware le nɔnɔme vovovowo me.

4. Anukwareɖiɖi dzea Yehowa ŋu

Mixlẽ Psalmo 44:21 kple Malaki 3:16, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu ka tae mesɔ kura be míasusu be míate ŋu aɣla nane ɖe Yehowa o?

  • Ne esesẽ na mí be míato nyateƒe gake míeto nyateƒe la, aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me?

Ðevi aɖe le nu ƒom na fofoa si bɔbɔ ɖe egbɔ. Aha vivi aɖe si le kplu me la kɔ ɖe kplɔ̃ dzi hetsra ɖe anyigba.

Ne ɖeviwo to nyateƒe la, edzɔa dzi na wo dzilawo. Ne míeto nyateƒe la, míenana dzi dzɔa Yehowa

5. Ði anukware ɣeawokatãɣi

Ame geɖe buna be manya wɔ be míaɖi anukware ɣesiaɣi o. Gake bu nu si tae wòle be míaɖi anukware ɣeawokatãɣi ŋu kpɔ. Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Nu Kawoe Nana Míekpɔa Dzidzɔ?—Dzitsinya Dzadzɛ (2:32)

Foto aɖe si woɖe tso video si nye ‘Nu Kawoe Nana Míekpɔa Dzidzɔ?—Dzitsinya Dzadzɛ’ la me. Ben gblɔ na eƒe dɔtɔ be yewɔ vodada gã aɖe, eyome wole asi nam wo nɔewo.

Mixlẽ Hebritɔwo 13:18, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me. Aleke míate ŋu aɖi anukware . . .

  • le ƒomea me?

  • le dɔme alo suku?

  • le go bubuwo me?

6. Anukwareɖiɖi ɖea vi na mí

Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adze abe anukwareɖiɖi made mía dzi o ene. Gake mlɔeba la, eva dzena kɔtɛ be anukwareɖiɖi ye nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ. Mixlẽ Psalmo 34:12-16, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke anukwareɖiɖi aɖe vi na wòe?

A. Atsu kple asi aɖe le kɔfi nom hele dze ɖom ɖekae. B. Dɔtɔ aɖe le eƒe dɔwɔla kafum le dɔwɔƒe. D. Ŋutsu aɖe si le eƒe ʋu me la tso ʋukuku ƒe mɔɖegbalẽvi le polis aɖe fiam.
  1. A. Ne srɔ̃tɔwo ɖia anukware na wo nɔewo la, woƒe srɔ̃ɖeɖea lia ke

  2. B. Dɔtɔwo kana ɖe woƒe dɔwɔla siwo ɖia anukware la dzi

  3. D. Dziɖuɖuteƒenɔlawo kpɔa ŋudzedze ɖe dumevi siwo ɖia anukware la ŋu

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Naneke megblẽ le alakpa suesuesuewo dada ŋu o.”

  • Nu ka tae nèka ɖe edzi be Yehowa lé fu alakpadada ƒomevi ɖe sia ɖe?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa di be ye xɔlɔ̃wo naɖi anukware ɣesiaɣi le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me.

Numetoto

  • Nu siwo me míaɖi anukware le la dometɔ aɖewo ɖe?

  • Nu ka tae mesɔ kura be míasusu be míate ŋu aɣla nane ɖe Yehowa o?

  • Nu ka tae nàdi be yeaɖi anukware ɣeawokatãɣi?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Aleke dzilawo ate ŋu afia wo viwo be woanye anukwareɖilawo?

Nye Nyateƒetola (1:44)

Ne míewɔa míaƒe ŋugbedodowo dzi la, viɖe kawoe dona tso eme?

Wɔ Wò Ŋugbedodowo Dzi Ne Nàxɔ Yayrawo (9:09)

Ne wowɔa adzɔ siwo míexena ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu la, ɖe wòle be míaganɔ exema? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.

“Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?” (Gbetakpɔxɔ, September 1, 2011)

Nu kae na nu fitifiti wɔla aɖe trɔ eƒe agbenɔnɔ eye wòva zu anukwareɖila?

“Mesrɔ̃e Be Yehowa Nye Mawu Nublanuikpɔla Si Tsɔa Nu Vɔ̃ Kena” (Gbetakpɔxɔ, May 1, 2015)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe