Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
• Nu ka tae wòle be Mesia la naku?
Yesu ƒe kua ɖo kpe edzi be ame deblibo ate ŋu atsɔ eɖokui ana Mawu le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu to eƒe kua me xe fe ɖe nu vɔ̃ si ƒe dome Adam ƒe dzidzimeviwo nyi la ta heto esia me ʋu agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na wo.—12/15, axa 22-23.
• Nu kae ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòazã aha sesẽ le ŋuɖɔɖo me?
Gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Ðokuidziɖuɖu sɔsrɔ̃, ale si ame aɖoe kplikpaa awɔ ɖe seɖoƒe si wòɖo ɖe ahanono ŋu dzi, kpakple hadede kple ame ɖɔʋuwo le vevie. Ele be ame si tiae be yeano aha la naɖo agbɔsɔsɔme si wòano la ɖi do ŋgɔ eye wòasrɔ̃ ale si wòagblɔ be ema nyo.—1/1, axa 7-9.
• Nu kae dzeɖoɖo kple ɖeviwo nyuie lɔ ɖe eme?
Elɔ nu geɖe ɖe eme wu dzeɖoɖo kpli wo ko. Ebia be woanɔ nya biam wo, eye woagbɔ dzi ɖi aɖo to wo ne wole nyawo ŋu ɖom. Ame geɖe kpɔe be nuɖuɣiwo koŋ ye nyo na dzeɖoɖo.—1/15, axa 18-19.
• Esi wònye be Yehowa de blibo ta la, gɔmesese ka nue wòwɔa nu emegbe wòvenɛ le?
Ɣeaɖewoɣi la, Mawu wɔa tɔtrɔ le ale si wòwɔa nu kple amewoe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, blema Israel viwo trɔ le Yehowa yome zi gbɔ zi geɖe hedze mawu bubuwo yome. Ne edzɔ alea la, Yehowa dzudzɔa wo ta kpɔkpɔ. Ke hã, ne dukɔa se veve ɖe woƒe vodadawo ta eye woƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu la, evenɛ le gɔmesesea nu be eƒe ‘dɔme trɔna ɖe wo ŋu.’ (Ʋɔn. 2:18)—2/1, axa 21.
• Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu ahiã le be ame nabu nyɔnyrɔxɔxɔ ake ŋu?
Woate ŋu awɔ esia nenye be le ɣeyiɣi si me amea xɔ nyɔnyrɔ la, enɔ nɔnɔme aɖe me, alo nɔ gome kpɔm le nuwɔna aɖe me le adzame, si ate ŋu ana woaɖee le hamea me hafi ne ɖe wòxɔ nyɔnyrɔ xoxo.—2/15, axa 22.
• Nukpɔsusu gbegblẽ etɔ̃ kawoe ame aɖewo tsɔ doa taflatsɛ ɖe anukwaremaɖimaɖi ta?
Ame aɖewo fia fi le ahedada ta hesusuna be naneke megblẽ le eŋu o. Ame bubuwo doa taflatsɛ be, “Ame sia ame wɔnɛ.” Eye ame geɖe siwo fɔ nu xɔasiwo gake wometsɔ wo na nuawo tɔwo o la ƒe nukpɔsusue nye be, “ne èfɔe ko la ezu tɔwò.” Biblia meda asi ɖe taflatsɛdonya mawo dometɔ aɖeke dzi o.—3/1, axa 12-14.
• Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe lu kple gbe wuwluiwo ŋu me la, nu kae nuku nyui la wuwu le tsitre ɖi na?
Yesu, Amegbetɔvi la, dzra anyigba la ɖo le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi. Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi kple emegbe siaa la, wowu nuku nyui la esime wosi ami na Kristotɔwo wozu Mawu ƒe viwo, alo Fiaɖuƒea ƒe viwo.—3/15, axa 20.
• Alekee wole kpɔɖeŋulu siwo le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me la nu ƒom ƒu ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒea? (Mat. 13:30)
Kpɔɖeŋu sia me vava xɔ ɣeyiɣi ƒe didime aɖe le nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi la me. Woƒoa Fiaɖuƒea ƒe vi amesiaminawo, siwo nye kpɔɖeŋuluawo, nu ƒu ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒea ne wokplɔ wo va Kristo hame si wogbugbɔ ɖo te la me, alo ne woyi ɖaxɔ woƒe dziƒofetua.—3/15, axa 22.
• Ame kawoe tso nya me heda asi ɖe agbalẽ siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me dzi?
Menye sɔlemeha aɖe alo subɔsubɔhakplɔla aɖekee o. Ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye fia mɔ Kristotɔ vavãwo wode dzesi ŋɔŋlɔ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me vavã. Esia wɔ ɖeka kple nyateƒe si wònye be gbɔgbɔa ƒe nukununana siwo Kristotɔwo ƒe hame gbãtɔa me tɔ aɖewo xɔ la dometɔ ɖekae nye “nya siwo tso gbɔgbɔ me la gɔme sese.” (1 Kor. 12:4, 10)—4/1, axa 28.