Dzidodo Le Dodokpɔwo Me Do Ŋusẽ Míaƒe Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu
Abe ale si Ada Dello Stritto Gblɔe ene
Ðeko meŋlɔ ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me nyawo ɖe nye nuŋlɔɖigbalẽ me vɔ koe nye esia. Mexɔ ƒe 36, gake gaƒoƒo eve sɔŋ ye metsɔ ŋlɔ nya ʋɛ mawo. Nu ka tae wòxɔ ɣeyiɣi nenema gbegbe ɖo? Danye aɖe eme.—Joel
ƑE 1968 mee mía kple srɔ̃nyeŋutsu míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo. Esi míedzi mía viŋutsuvi eve gbãtɔawo, siwo ƒe ŋkɔwoe nye David kple Marc, siwo le lãmesẽ nyui me vɔ la, medzi mía viŋutsu etɔ̃lia, si ŋkɔe nye Joel. Eƒe ɣeyiɣi mede hafi medzii le ƒe 1973 me o. Medzii le dɔnɔkɔdzi aɖe le Binche, si le Brussels ƒe anyiehe gome abe kilomita 60 ene, le Belgium. Esi medzii la, eƒe kpekpeme nye kilogram 1.7 pɛ ko. Esi woɖe asi le ŋunye le kɔa dzi la, ehiã be Joel ya natsi kɔa dzi bene eƒe kpekpeme nadzi ɖe edzi.
Kwasiɖa aɖewo va yi gake mía via ƒe nɔnɔmea menɔ kakam ɖe eme o, eya ta mía kple srɔ̃nye Luigi míekɔe yi ɖeviwo ƒe ɖɔkta aɖe gbɔ. Esi ɖɔktaa lé ŋku ɖe Joel ŋu vɔ la, egblɔ be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ be magblɔ na mi be, edze abe lãmesẽkuxi siwo katã mele Joel nɔviŋutsuviawo ŋu o la le Joel ŋu ene.” Ðoɖoe zi le ame sia ame nu hena ɣeyiɣi didi aɖe. Mekpɔe dze sii ɣemaɣi be lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le mía vi suea ŋu. Eyome ɖɔktaa ɖe kpɔ srɔ̃nye vie hegblɔ nɛ be: “Dɔléle si woyɔna be trisomy 21 ye le mia via ŋu.” Wodzia ame kple dɔléle sia, eye enaa ame ƒe susu tsia megbe. Wogayɔa dɔ sia be Down syndrome.Footnote deleted
Esi nya si ɖɔktaa gblɔ na mí la do nuxaxa na mí ŋutɔ ta la, míetso nya me be míagayi ɖɔkta bubu gbɔ. Ðɔkta sia nɔ Joel dom kpɔ hena gaƒoƒo ɖeka kloe nya aɖeke magblɔmagblɔe. Ɣeyiɣi kpui ma didi le mía kple Luigi ŋkume ŋutɔ. Mlɔeba la, ɖɔkta la fɔ mo dzi kpɔ mía ŋkume hegblɔ be, “Mia via ahiã miaƒe kpekpeɖeŋu geɖe ŋutɔ.” Eyome eƒo nu na mí dɔmenyotɔe gblɔ bena, “Gake Joel akpɔ dzidzɔ elabena edzilawo lɔ̃e vevie!” Nya sia wɔ nublanui nam ŋutɔ, eye mekɔe ɖe akɔnu ɖɔɖɔɖɔ míetrɔ yi aƒe me. Exɔ kwasiɖa enyi ɣemaɣi.
Kpekpewo Dede Kple Gomekpɔkpɔ Le Subɔsubɔdɔa Me Do Ŋusẽ Mí
Dodokpɔ bubu siwo ɖɔktawo gawɔ na Joel la ɖee fia be nu gblẽ le eƒe dzi ŋu vevie—dzia lolo wu ale si dze—eye ƒutomedɔ sesẽ aɖe hã nɔ eŋu. Esi wònye be eƒe dzi lolo akpa ta la, emimi ɖe eƒe dzitodzitowo ŋu eye esia wɔe be ate ŋu axɔ dɔ bubuwo bɔbɔe. Eteƒe medidi o, esime Joel xɔ ɣleti ene la, dzitodzitokamedɔ (alo axamedɔ ƒomevi aɖe) dze edzi si wɔe be wòhiã be míagakɔe ayi kɔa dzi, eye woɖee ɖe aga tso ɖevi bubuwo gbɔ. Eƒe fukpekpewo teƒe kpɔkpɔ gbã dzi na mí ŋutɔ. Edzroa mí vevie be míakɔe ɖe akɔnu ahanɔ akɔ fam nɛ, gake ete ɖe mía dzi ŋutɔ be kwasiɖa ewo sɔŋ va yi si womeɖe mɔ na mí be míaka asi eŋu teti hã o. Nu boo aɖeke meli mía kple Luigi míawɔ wu be míanɔ ekpɔm, aku ɖe mía nɔewo ŋu ahanɔ gbedodoɖa dzi o.
Le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, míeyia edzi kplɔa ɖevi mamlɛawo, David, si xɔ ƒe 6 kple Marc, si xɔ ƒe 3, ɣemaɣi la, yia hamea ƒe kpekpewo. Fiaɖuƒe Akpata me nɔnɔ nɔna na mí ko abe ɖe Yehowa lé mí ɖe asi belénametɔe ene. Gaƒoƒo siwo me míenɔa Fiaɖuƒe Akpataa me le mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dome la, míesena le mía ɖokui me be míedro míaƒe agba ɖe Yehowa dzi, eye esia naa míaƒe dzi dzea eme. (Ps. 55:23) Dɔnɔdzikpɔla siwo kpɔa Joel dzi la gɔ̃ hã gblɔ be yewokpɔ ale si Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le kpekpem ɖe mía ŋu míete ŋu le dzi dom la dze sii.
Le ɣeyiɣi mawo me la, meɖe kuku na Yehowa be wòado ŋusẽm be mate ŋu anɔ gbeadzi hã dem. Le esi manɔ aƒe me anɔ avi fam teƒe la, medi boŋ be manɔ dze ɖom kple amewo anɔ nu si tae ŋuɖoɖo ɖe ŋugbe si Mawu do be yeahe xexe aɖe si me dɔléle manɔ o vae la doa ŋusẽm la me ɖem na wo. Ɣesiaɣi si mete ŋu kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu.
“Nya Sia Wɔ Nuku Lo!”
Gbe si gbe míekɔ Joel tso kɔdzi va aƒe me mlɔeba la, dzi dzɔ mí ŋutɔ! Gake le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, míaƒe dzidzɔa trɔ zu nuxaxa. Joel ƒe lãmea ganyra enumake, eye wòhiã be míakɔe ayi kɔdzi afɔtsɔtsɔe. Esi ɖɔktawo doe kpɔ la, wogblɔ na mí be: “Ne adidi ƒãa la, ɣleti ade koe Joel aganɔ agbe.” Ɣleti eve megbe esi wòxɔ abe ɣleti enyi ene la, eva nɔ dzedzem abe ɖe ɖɔktawo ƒe nyaa le eme va ge ene, elabena Joel ƒe lãmea gava gblẽ ɖe edzi kura. Ðɔkta aɖe nɔ anyi kpli mí gblɔ na mí be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ be naneke meli míagate ŋu awɔ nɛ o.” Eye wògagblɔ kpee be: “Afi si wòɖo fifia la, Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe eŋu.”
Azɔ metrɔ yi kɔdzixɔ si me Joel nɔ la me. Togbɔ be nuxaxa yɔ nye dzi me eye ɖeɖi te ŋunye ale gbegbe hã la, meɖoe kplikpaa be egbɔ ko manɔ. Nɔvinyɔnu vovovowo va nɔa gbɔnye; ne ame aɖe dzo la, bubu vana, elabena enɔ na Luigi be wòayi aɖakpɔ mía viŋutsu tsitsitɔawo gbɔ. Kwasiɖa ɖeka va yi, eye kasia, dzidɔ sesẽ aɖe dze Joel dzi le vo me. Dɔnɔdzikpɔlawo le du dzi va xɔa me enumake gake womete ŋu kpe ɖe eŋu le mɔ aɖeke nu o. Miniti ʋɛ aɖewo megbe la, wo dometɔ aɖe gblɔ kple gbe blewu be, “Evɔ azɔ. . . ” Wɔna vɔ le ŋunye, eye mewu avi hedo le xɔa me. Medze agbagba be mado gbe ɖa na Yehowa, gake nyemete ŋu kpɔ nya siwo magblɔ atsɔ aɖe nye vevesesea agblɔ nɛ o. Miniti 15 aɖewo va yi, eye dɔnɔdzikpɔla aɖe yɔm ɖa hegblɔ be, “Agbe gale Joel me ɖom!” Eva lé nye alɔnu hegblɔ nam be, “Va, àte ŋu ava kpɔe ɖa azɔ.” Esi metrɔ yi ɖakpɔ Joel la, eƒe dzi ganɔ dɔ wɔm! Dzidzɔnya sia kaka ɖe kɔa dzi enumake. Dɔnɔdzikpɔla kple ɖɔkta geɖe va kpɔe ɖa, eye wo dometɔ geɖe do ɣli gblɔ be, “Nya sia wɔ nuku lo!”
Ewɔ Afɔɖeɖe Wɔnuku Aɖe Esime Wòxɔ Ƒe Ene
Le Joel ƒe ƒe gbãtɔwo me la, ɖeviwo ƒe ɖɔkta si kpɔa egbɔ la gblɔna na mí zi geɖe be, “Ehiã be mianɔ Joel lɔ̃m geɖe ŋutɔ.” Esi wònye be Yehowa lé be na mía kple Luigi lɔlɔ̃tɔe le mɔ tɔxɛwo nu tso esime míedzi Joel ta la, míawo hã míedi be míalé be nɛ lɔlɔ̃tɔe nenema ke. Esia wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe su mía si elabena ehiãa míaƒe kpekpeɖeŋu le nu sia nu si wòawɔ me.
Le Joel ƒe ƒe adre gbãtɔwo me la, míenɔ te ɖe lãmesẽkuxi ɖeka tɔgbi siwo ɖea fu nɛ la nu ƒe sia ƒe. Tso October va ɖo March me la, lãmesẽkuxi geɖewo ɖea fu nɛ; ne ɖe dzo ko la, bubu vana ɖe eyome, eye enɔ na mí be míanɔ ekplɔm anɔ kɔdzi yim anɔ gbɔgbɔm. Le ɣeyiɣi ma ke me la, medze agbagba be makpɔ ɣeyiɣi geɖe ale si mate ŋui ɖe mía vi siwo nye David kple Marc ŋu. Woawo hã va nɔ asi kpem ɖe Joel ŋu geɖe ŋutɔ be wòawɔ ŋgɔyiyi—eye emetsonuawo wɔ nuku ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖɔkta geɖewo gblɔ na mí be Joel mate ŋu azɔ azɔli gbeɖe o. Gake esime Joel xɔ ƒe ene la, edzɔ gbe ɖeka be, mía viŋutsu Marc gblɔ nɛ be, “Joel, dze agbagba, ɖee fia Dada be àte ŋu azɔ!” Eye ewɔ nuku nam ŋutɔ be Joel ɖe eƒe afɔ gbãtɔwo! Míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe, eye ƒomea ƒo ƒu ɖekae do gbe ɖa na Yehowa heda akpe nɛ tso dzi blibo me. Tso ɣemaɣi la, ɣesiaɣi si Joel wɔ ŋgɔyiyi sue aɖe gɔ̃ hã le nane me la, míekafunɛ vividoɖeameŋutɔe.
Mawuvɔvɔ̃ Si Míeƒã Ðe Eme Tso Ðevime La Tse Ku Nyuiwo
Zi gbɔ zi ale si wòanya wɔ ko la, míekplɔa Joel yia kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Bene míakpɔ eta tso dɔlékui siwo ate ŋu ana wòadze dɔ bɔbɔe si me la, míetsɔnɛ dea ɖeviwo ƒe keke tɔxɛ aɖe si ŋu aŋe le, si tsyɔa edzi, eye wòkpɔa nu toa eme, la me. Togbɔ be enɔa keke ma me hã la, ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ be yele nɔviwo dome le hamea me.
Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dea dzi ƒo na mí, woɖea lɔlɔ̃ fiaa mí eye wonaa kpekpeɖeŋu si míehiã la mí. Nɔviŋutsu aɖe ɖo ŋku Yesaya 59:1 me nya, si gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi be mase nu o,” la dzi na mí. Kakaɖedzinya mawo do ŋusẽ mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.
Esi Joel nɔ tsitsim la, míedze agbagba vevie be míana Yehowa subɔsubɔ naxɔ nɔƒe vevi aɖe le eƒe agbe me. Míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ɖoa dze kple Joel tso Yehowa ŋu le mɔ si akpe ɖe eŋu wòalɔ̃ Fofoa si le dziƒo la nu. Míeɖe kuku na Yehowa be wòayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi ale be mawuvɔvɔ̃ si ƒãm míele ɖe eme la natse ku nyuiwo.
Esi Joel ge ɖe eƒe ƒewuiwo me teti la, edo dzidzɔ na mí ŋutɔ esi míekpɔe be edzɔa dzi nɛ be yeagblɔ nyateƒe siwo wòsrɔ̃ tso Biblia me la na ame sia ame si wòdo goe. Esi wòxɔ ƒe 14 eye wowɔ dɔ sesẽ aɖe nɛ wònɔ hayahayam tso eme la, edo dzidzɔ nam ŋutɔ esi Joel biam be, “Dada, ɖe mate ŋu ana Agbe Tegbee ƒe agbalẽa amekola la?” Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eva hiã be woagawɔ dɔ na Joel ake. Míenya nyuie be ate ŋu aku le dɔ sia wɔwɔ nɛ me. Hafi woadze dɔa wɔwɔ na Joel gɔme la, etsɔ lɛta aɖe si míekpe ɖe eŋu wòŋlɔ la de asi na eƒe ɖɔktawo. Lɛtaa ɖe tenɔnɔ si le esi ku ɖe ʋudodo ŋu la me. Amekolaa bia Joel be, “Eye wò hã èlɔ̃ ɖe edzia?” Joel ɖo eŋu kakaɖedzitɔe be, “Ɛ̃, Ðɔkta, melɔ̃ ɖe edzi.” Míekpɔ dzidzɔ ɖe mía viŋutsua ŋu le ale si gbegbe wòɖoa ŋu ɖe Ewɔlaa ŋu kple ale si wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nu si dzea eŋu la ta. Kɔdzidɔwɔlawo kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ, eye míekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ŋu ale gbegbe.
Joel Wɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi
Esi Joel xɔ ƒe 17 la, exɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Mawu la dzi. Míaŋlɔ ŋkeke ma be akpɔ gbeɖe o! Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo wɔm wòle la teƒe kpɔkpɔ naa dzidzɔ yɔa míaƒe dziwo me fũu. Eye tso ɣemaɣi la, lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa kpakple eƒe dzonɔameme ɖe nyateƒea ŋu me megbɔdzɔ kpɔ o. Le nyateƒe me la, Joel lɔ̃a gbɔgblɔ na ame sia ame si wòdo goe la be, “Nyateƒea ye nye nye agbe!”
Esi wòsusɔ vie Joel naxɔ ƒe 20 la, esrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Ɣesiaɣi si wòte ŋu dze agbagba ŋlɔ nya sue aɖe gɔ̃ hã la, dzidzɔnyae wònyena. Tso ɣemaɣi la, ezãa Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia tsɔ dzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me ŋdi sia ŋdi. Esia megbe la, egbugbɔ ŋlɔa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me nyawo ɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽwo dometɔ ɖeka me fɔléleɖenuŋutɔe, eye va se ɖe fifia la, ezu nuŋlɔɖi gbogbo aɖe ŋutɔ!
Le ŋkeke siwo dzi míedea kpekpewo la, Joel dina vevie be míaɖo Fiaɖuƒe Akpataa me kaba elabena edina be yeaɖo kaba ne yeado wòezɔ na ame siwo le gegem ɖe akpataa me la vividoɖeameŋutɔe. Ne kpekpeawo le edzi yim la, edzɔa dzi nɛ be yeaɖo nya ŋu ahakpɔ gome le wɔwɔfiawo me. Ekpea asi ɖe nuƒomɔ̃awo gbɔ kpɔkpɔ kple dɔ bubuwo ŋu. Ne eƒe lãmesẽ ɖe mɔ nɛ la, ekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kpli mí kwasiɖa sia kwasiɖa. Le ƒe 2007 me la, woɖe gbeƒãe le hamea me be woɖo Joel subɔsubɔdɔwɔlae. Míefa dzidzɔvi. Yayra si ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo fia ka gbegbee nye esi!
Míekpɔe Be Yehowa Le Kpekpem Ðe Mía Ŋu
Le ƒe 1999 me la, míegadze ŋgɔ tetekpɔ bubu aɖe. Ʋukula maɖɔŋuɖo aɖe tsɔ eƒe ʋu va lɔ mía tɔ ɖe eme, eye Luigi dze afɔku vevie. Eva hiã be woatso afɔ ɖeka nɛ, eye wowɔ dɔ sesẽwo nɛ zi gbɔ zi geɖe le eƒe dzimeƒu ŋu. Le esia me hã, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu na míekpɔ ale si wòdoa ŋusẽ esubɔla siwo ɖo xaxa me la dze sii. (Flp. 4:13) Togbɔ be Luigi gakpɔtɔ nye wɔmetɔ hã la, míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu nyui siwo wònaa ƒomea la ŋu. Esi ŋutete mele eŋu wòate ŋu ade dɔ me o ta la, ekpɔa vovo ɖe Joel ŋu geɖe wu. Esia na metea ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe wu ɖe teokrasidɔwo ŋu. Luigi hã tea ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe wu ɖe míaƒe ƒomea kple hamea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu, eye wògakpɔtɔ nye hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla.
Le nɔnɔme tɔxɛ si me míaƒe ƒomea le ta la, míekpɔa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nu aduadu abe ƒome ene. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, míesrɔ̃ ale si míada asɔ le nu siwo míekpɔa mɔ na la me. Ɣesiaɣi si dzi ɖe le mía ƒo la, míeɖea míaƒe seselelãmewo gblɔna na Yehowa le gbedodoɖa me. Nublanuitɔe la, esi mía viŋutsu David kple Marc tsi heʋu ɖale wo ɖokuiwo si la, vivivi la, wova dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Míele mɔ kpɔm be woagatrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ gbe ɖeka.—Luka 15:17-24.
Le ƒe siawo katã me la, míekpɔe be Yehowa nɔ kpekpem ɖe mía ŋu eye míesrɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe eŋu le kuxi ɖe sia ɖe si míedoa goe me. Nya siwo le Yesaya 41:13 la léa dzi na mí ŋutɔ; afi ma gblɔ be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’ Nyanya be Yehowa léa míaƒe asi ɖe asi la faa akɔ na mí ŋutɔ. Vavãe, míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be dzidodo le dodokpɔwo me do ŋusẽ míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, ŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]
Joel kple nɔa, Ada
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ada, Joel, kple Luigi
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Joel lɔ̃a wòezɔdodo na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo va Fiaɖuƒe Akpata me