Nu Nyuiwo Do Tso Ŋudzɔnɔnɔ Me
ÈLE ŋudzɔ ɖe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ate ŋu aʋu ɖi le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me la ŋu dɔ wɔwɔ ŋua? Mía nɔvi siwo le Turku, si nye melidzeƒedu xoxo aɖe le Finland la nɔ ŋudzɔ, eye nu nyuiwo do tso eme.
Ɣeyiɣi aɖee nye esi va yi la, nɔvi siwo le Turku la de dzesii be Asia ŋutsu gbogbo aɖewo va dua me be yewoawu meli gã aɖe si wɔm wonɔ le meliwɔƒe si le nutoa me la nu. Emegbe la, nɔviŋutsu aɖe di afi si wole eye wòke ɖe amedzrodzeƒe siwo wodze la ŋu. Esee hã be, bɔsuwo va kɔa dɔwɔlawo ŋdi kanya tso amedzrodzeƒeawo le dua me yia melidzeƒea. Enumake, nɔviŋutsua yi ɖaka eta na nɔvi siwo le Eŋlisigbe hame si le Turku la me.
Hamemetsitsi siwo le hame ma me la kpɔe be amedzro gbogbo mawo ƒe vava ʋu mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ɖi na yewo be yewoagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na wo, eye wowɔ ɖoɖo enumake be yewoawɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe. Le kwasiɖa ma ƒe Kwasiɖagbe ŋdi ga adre la, gbeƒãɖela ewo ƒo ƒu ɖe teƒe aɖe si te ɖe ʋuɖoƒea ŋu. Gbã la, dɔwɔla aɖeke menɔ vavam o. Nɔviawo nɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Ðe míetsi megbe akpaa? Alo ɖe wodzo le Turkua?’ Gake kasia, dɔwɔlaawo dometɔ ɖekae nye ema le dɔwɔwu me va do. Dɔwɔla bubu nɔ eyome, eye bubu geɖewo hã do. Eteƒe medidi o, dɔwɔlawo ƒe ha gã aɖe va ƒo ƒu ɖe ʋuɖoƒea. Gbeƒãɖelawo de asi ɖaseɖiɖi na dɔwɔlawo me, henɔ Eŋlisigbe me agbalẽwo nam wo. Dzidzɔtɔe la, exɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene hafi dɔwɔlawo katã nɔ anyi ɖe bɔsuawo me, eye esia wɔe be nɔviawo te ŋu ƒo nu na wo dometɔ akpa gãtɔ. Kaka bɔsuawo naho la, dɔwɔlawo xɔ agbalẽvi 126 kple magazine 329 sɔŋ!
Nu nyui siwo do tso ɖaseɖiɖidɔ sia me la wɔe be nɔviawo gawɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa ake le kwasiɖa si kplɔe ɖo me esime nutome sue dzikpɔla nɔ wo gbɔ. Le ŋdi ga ade kple afã me, esime tsi nɔ dzadzam la, nutome sue dzikpɔlaa kpɔ kpekpe hena gbeadziyiyia dzi, eye gbeƒãɖela 24 ɖo ta ʋuɖoƒea. Fifia ya, wotsɔ agbalẽ siwo le Tagaloggbe me hã ɖe asi, elabena wokpɔe be amedzroawo dometɔ geɖe tso Philippines. Ŋdi ma, kaka bɔsuawo naho aɖo ta melidzeƒea la, dɔwɔlawo xɔ agbalẽ 7, agbalẽvi 69, kple magazine 479. Kpɔ ale si gbegbe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ sia me la akpɔ dzidzɔe ɖa!
Hafi dɔwɔlaawo natrɔ ayi wo de la, nɔviawo te ŋu trɔ yi wo dometɔ geɖe gbɔ le amedzrodzeƒe siwo wodze la eye woɖe Fiaɖuƒegbedeasia me na wo tsitotsito. Dɔwɔlaawo dometɔ aɖewo gblɔ be Ðasefowo ɖi ɖase na yewo le dukɔ bubuwo me kpɔ. Dɔwɔlawo da akpe na nɔviawo ɖe ale si wodze agbagba be yewoaɖe gbeƒã na yewo esime yewole Finland la ta.
Èle ŋudzɔ ɖe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ate ŋu aʋu ɖi le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me la ŋu dɔ wɔwɔ ŋua? Ðe nèdzea agbagba be nàɖi ɖase na ame ƒomevi vovovowoa? Ne nenemae la, nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía nɔvi siwo le Turku si la tɔgbi ate ŋu asu asiwò.
[Map/Picture on page 32]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
FINLAND
HELSINKI
Turku