INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 1/15 axa 31-32
  • Wò Susu Nenɔ Nu Siwo Yehowa Wɔ Na Wò La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wò Susu Nenɔ Nu Siwo Yehowa Wɔ Na Wò La Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alekee Mɔkpɔkpɔ Siwo Meva Eme O La Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi?
  • Nu Siwo Yehowa Wɔ Xoxo
  • Srɔ̃ Nu Tso Nu Siwo Yesu Wɔ Le Ŋkeke 40 Mamlɛ Siwo Wònɔ Anyigba Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Kristo—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tso Mawu Vavã La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 1/15 axa 31-32

Wò Susu Nenɔ Nu Siwo Yehowa Wɔ Na Wò La Ŋu

LE Yesu ƒe tsitretsitsi megbe kpuie la, eƒe nusrɔ̃la eve nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina Emaus. Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ka nya ta be: “Esi wonɔ dze ɖom henɔ nyawo dzakam la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wònɔ zɔzɔm kpli wo; gake woƒe ŋkuwo dzi tsyɔ bene woagakpɔe adze sii o.” Tete Yesu bia wo be: “‘Nya kawoe nye esiawo, siwo ŋuti miele nya hem le le mia nɔewo dome le miaƒe azɔlizɔzɔ me?’ Wotɔ heɖo nublanuimo.” Nu ka tae wolé blanui? Nusrɔ̃lawo susu be Yesu aɖe Israel tso Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ƒe dziɖuɖu te ɣemaɣi, gake ɖeɖe ma si wonɔ mɔ kpɔm na meva eme o. Ke ɖe wowu Yesu boŋ. Esia tae wolé blanui ɖo.—Luka 24:15-21; Dɔw. 1:6.

Yesu te numeɖeɖe na nusrɔ̃laawo. “Esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nu siwo katã ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo.” Vavãe, nu ɖedzesi geɖe kpakple nu siwo doa ŋusẽ xɔse la dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi! Esi nusrɔ̃laawo nɔ to ɖom Yesu la, wodzudzɔ blanuiléle hete dzidzɔkpɔkpɔ. Emegbe le gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ be: “Ðe míaƒe dzi menɔ dzo lém le mía me, esi wònɔ nu ƒom na mí le mɔa dzi, henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?” (Luka 24:27, 32) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ nui la me?

Alekee Mɔkpɔkpɔ Siwo Meva Eme O La Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzi?

Nu si tae nusrɔ̃la eve siwo nɔ mɔ dzi yina Emaus la lé blanui ye nye be nudzɔdzɔ siwo wonɔ mɔ kpɔm na la meva eme o. Nu si dzɔ ɖe wo dzi la sɔ kple nya si le Lododowo 13:12, si gblɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” Nenema kee mía dometɔ aɖewo siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe blananewoe nye esia la anɔ susum be, ele be “xaxa gã” la nava yi xoxo. (Mat. 24:21; Nyaɖ. 7:14) Míate ŋu ase egɔme be, fifia la, mɔkpɔkpɔ ma si mekpɔ va eme o la ate ŋu ana woalé blanui.

Gake ɖo ŋku edzi be, esi Yesu kpe ɖe nusrɔ̃la eve mawo ŋu wotsɔ woƒe susu ɖo nyagblɔɖi siwo va eme xoxo—le woawo ŋutɔwo ƒe agbenɔɣi gɔ̃ hã—la ŋu megbee wote dzidzɔkpɔkpɔ. Míawo hã míate ŋu ato mɔ sia tɔgbi dzi akpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm le ememe eye míaɖu dziɖeleameƒo dzi. Kristotɔ hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe, si ŋkɔe nye Michael, gblɔ be: “Mègatsɔ wò susu ɖo nu siwo Yehowa mekpɔ wɔ haɖe o dzi o. Ke boŋ, de ŋugble le nu siwo wòwɔ xoxo la ŋu.” Aɖaŋuɖoɖo nyui kae nye esi!

Nu Siwo Yehowa Wɔ Xoxo

De ŋugble le nu ɖedzesi siwo Yehowa wɔ xoxo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be: “Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, ame ma hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo.” (Yoh. 14:12) Egbea la, Mawu subɔlawo le dɔ gã aɖe si Kristotɔwo mewɔ kpɔ o la wɔm. Ame siwo wu miliɔn adre la le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le xaxa gã la me. Bu eŋu kpɔ, medzɔ le ŋutinya me kpɔ be Yehowa subɔla wɔnuteƒe gbogbo sia gbegbe le dɔ dzi le dukɔ gbogbo sia gbegbe me le anyigba katã dzi o! Yehowa na nya si Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “dɔ siwo lolo wu esiawo” ŋu la va eme.

Nu ka hãe Yehowa wɔ na mí? Ena be dzianukwaretɔwo do go tso xexe vɔ̃ɖi sia me, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye woge ɖe gbɔgbɔmeparadiso si wòwɔ la me. (2 Kor. 12:1-4) Di ɣeyiɣi nàde ŋugble le paradiso ma, si tsɔ ɖe mía gbɔ la, ƒe akpa aɖewo ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, da ŋku ɖe wò agbalẽdzraɖoƒe alo esi le Fiaɖuƒe Akpata me la me nàkpɔ. Ʋu Watch Tower Publications Index (Index des publications de la Société Watch Tower) la nàtsa eme alo nàtsa Watchtower Library me nàkpɔ. Ƒo Biblia ŋutinya ƒe drama aɖe si wolé ɖe mɔ̃ dzi nàse kpɔ. Alo kpɔe ɖa le susu me be èle takpekpe aɖe si míede nyitsɔ laa la me, nèle nuwo kpɔm hele gbeɖiɖiawo sem. Gakpe ɖe eŋu la, de ŋugble le hadede tuameɖo si me míesea vivi le kple mía nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu Kristotɔwo la ŋu kpɔ. Aleke gbegbe Yehowa nyo dɔme na mí enye esi be wòna gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe kple nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame aɖe míi—gbɔgbɔmeparadiso wònye vavã!

Hakpala David gblɔ be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ.” (Ps. 40:6) Ɛ̃, ne míedea ŋugble le nukunu siwo Yehowa wɔ na mí xoxo ŋu eye míeyia tame le nu siwo wòɖo ɖe tame be yeawɔ na mí ŋu la, ŋusẽ yeye aɖo mía ŋu be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe le subɔsubɔdɔ si míewɔna na mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, tso dzi blibo me la me.—Mat. 24:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yesu kpe ɖe nusrɔ̃laawo ŋu wotsɔ woƒe susu ɖo nu siwo Yehowa wɔ na wo xoxo la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Kpɔe ɖa le susu me be èle takpekpe aɖe si míede nyitsɔ laa la me, nèle nuwo kpɔm hele gbeɖiɖiawo sem

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe