Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna me le February 22, 2010 ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me.
1. Anye nu kawoe na Israel vi aɖewo metso ɖe Ŋugbedodonyigba ƒe akpa si nye wo tɔ la xɔxɔ ŋu kaba o, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Yos. 18:2, 3) [it-1-E axa 359 mm. 5]
2. Nu ka kokokoe anya ʋã Yosua wògblɔ nya siwo le Yosua 24:14, 15, eye dɔ kae wòle be wòawɔ ɖe mía dzi? [w08 5/15 axa 17-18 mm. 4-6]
3. Mɔ siwo nu Baal subɔlawo kple woƒe subɔsubɔ va zu mɔ wotre na Israel viwo la dometɔ ɖeka ɖe? (Ʋɔn. 2:3) [w08 2/15 axa 27 mm. 2-3]
4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si dzi nɔ Ehud ƒo wòzã eƒe yi la me? (Ʋɔn. 3:16, 21) [w97 3/15 axa 31 mm. 4]
5. Aleke ŋugbledede tso ale si Yehowa ɖe Gideon kple eƒe ame 300-awo ŋu la dea dzi ƒo na míi? (Ʋɔn. 7:19-22) [w05 7/15 axa 16 mm. 8]
6. Mɔ ka nue ‘Israel ƒe fukpekpe mena Yehowa ɖe dzi ɖi o’ le? (Ʋɔn. 10:16) [cl axa 254-255 mm. 10-11]
7. Esi Yefta ɖe adzɔgbe la, amee wòɖo be yeatsɔ asa vɔe nyateƒea? (Ʋɔn. 11:30, 31) [w05 1/15 axa 26 mm. 1]
8. Simson ƒe ɖae nye eƒe ŋusẽ nyateƒea? (Ʋɔn. 16:18-20) [w05 3/15 axa 28 mm. 5-6]
9. Aleke nukunu si Simson wɔ si woŋlɔ ɖe Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:3 la gɔme sese akpe ɖe mía ŋui? [w04 10/15 axa 15-16 mm. 7-8]
10. Ne “ame sia ame wɔ nu si dze eŋu” la, ɖe esia mado sedzimawɔmawɔ ɖe ŋgɔ oa? (Ʋɔn. 17:6) [w05 1/15 axa 27]