INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 1 axa 10-13
  • Aleke Nàdo Gbe Ða Be Mawu Nasee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàdo Gbe Ða Be Mawu Nasee?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DO GBE ÐA NA MAWU LE YESU ƑE ŊKƆ ME
  • ƑO NU TSO DZI ME
  • DO GBE ÐA WÒAWƆ ÐEKA KPLE MAWU ƑE LƆLƆ̃NU
  • NU KAWOE MÍATE ŊU ADO GBE ÐA ABIA?
  • KPƆ MAWU SINU EYE NÀNƆ GBE DOM ÐA
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 1 axa 10-13

Aleke Nàdo Gbe Ða Be Mawu Nasee?

Yehowa Mawue nye “Gbedodoɖasela.” (Psalmo 65:2) Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi, le afi sia afi. Míate ŋu ado gbe ɖa le ta me alo adoe ɖa wòaɖi. Yehowa di be míayɔ ye be “Fofo,” eye le nyateƒe me la, eyae nye Vifofo nyuitɔ kekeake. (Mateo 6:9) Esi Yehowa lɔ̃ mi ta la, efia ale si míado gbe ɖa ale be yeasee la mí.

DO GBE ÐA NA MAWU LE YESU ƑE ŊKƆ ME

“Ne miebia nane Fofo la la, ana mi le nye ŋkɔ me.”—Yohanes 16:23.

Yesu ƒe nyawo na eme kɔ ƒãa be Yehowa medi be míado gbe ɖa na ye to kpetatawo, ame kɔkɔewo, mawudɔlawo alo tɔgbui kukuwo dzi o, ke boŋ to Yesu Kristo dzi. Ne míedo gbe ɖa na Mawu le Yesu ƒe ŋkɔ me la, ke míele eɖem fia be míede dzesi akpa vevi si wɔm Yesu le. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—Yohanes 14:6.

ƑO NU TSO DZI ME

“Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.”—Psalmo 62:8.

Ne míele gbe dom ɖa na Yehowa la, ele be míaƒo nu nɛ abe ale si ko míaƒo nu na mía fofo si lɔ̃ mí ene. Le esi teƒe be míanɔ gbedodoɖa xlẽm tso agbalẽ aɖe me alo anɔ esiwo míelé ɖe susu me gblɔm nɛa, ele be míaƒo nu nɛ bubutɔe tso dzi me.

DO GBE ÐA WÒAWƆ ÐEKA KPLE MAWU ƑE LƆLƆ̃NU

“Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yohanes 5:14.

Yehowa Mawu gblɔ nu siwo wòdi be yeawɔ na mí kple nu siwo wòdi be míawo hã míawɔ na ye la na mí le Biblia me. Be míaƒe gbedodoɖawo nadze Mawu ŋu la, ele be míado gbe ɖa “wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.” Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míasrɔ̃ Biblia ale be míanya Mawu nyuie. Ne míewɔe alea la, míaƒe gbedodoɖawo adze eŋu.

NU KAWOE MÍATE ŊU ADO GBE ÐA ABIA?

Ƒome aɖe le gbe dom ɖa hafi aɖu nu.

Do Gbe Ða Tso Wò Nuhiahiãwo Ŋu. Míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu be wòana míaƒe nuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe ene la mí. Míate ŋu ado gbe ɖa hã be wòana nunya mí míawɔ tiatia nyuiwo alo wòado ŋusẽ mí míado dzi le xaxawo me. Míate ŋu ado gbe ɖa abia xɔse, tsɔtsɔke kple kpekpeɖeŋu.—Luka 11:3, 4, 13; Yakobo 1:5, 17.

Srɔ̃ŋutsu aɖe le gbe dom ɖa kple srɔ̃a si dze dɔ le kɔdzi.

Do Gbe Ða Ðe Ame Bubuwo Ta. Dzila siwo tsɔ ɖe le eme na wo viwo la kpɔa dzidzɔ ne wo viwo lɔ̃ wo nɔewo. Yehowa ƒe viwo míenye, eya ta edi be míatsɔ ɖe le eme na mía nɔewo. Esɔ be míado gbe ɖa ɖe mía srɔ̃, mía viwo, míaƒe ƒometɔwo, kple mía xɔlɔ̃wo ta. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta.”—Yakobo 5:16.

Ŋutsu aɖe le zɔzɔm le agble aɖe me esi ɣea ɖo to.

Do Gbe Ða Nàda Akpe Na Mawu. Biblia gblɔ tso mía Wɔlaa ŋu be: “Ewɔa nyui na mi, enaa tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.” (Dɔwɔwɔwo 14:17) Ne míebu nu siwo katã Mawu wɔ na mí ŋu la, aʋã mí míado gbe ɖa ada akpe nɛ. Ele hã be míato ale si míenɔa agbee dzi aɖee afia Mawu be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔna na mí la ŋu.—Kolosetɔwo 3:15.

KPƆ MAWU SINU EYE NÀNƆ GBE DOM ÐA

Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi ne Mawu meɖo gbe siwo míedo ɖa nɛ tso dzi me la ŋu enumake o. Ðe ema fia be Mawu metsɔ ɖeke le eme na mí oa? Kura o! Bu nu siwo me ame aɖewo to le agbe me, siwo ɖee fia be ɣeaɖewoɣia, ɖeko wòahiã be míayi edzi anɔ gbe dom ɖaa ŋu kpɔ.

Steve, si ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me la, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne ɖe nyemeyi edzi nɔ gbe dom ɖa oa, anye ne agbenɔnɔ tim xoxoxo.” Nu kae na wòva kpɔe nenema? Wova nɔ Biblia srɔ̃m kplii, si na wòkpɔe be gbedodoɖa hiã ŋutɔ eye ele be yeayi edzi anɔ gbe dom ɖa. Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Mawu da akpe nɛ ɖe ale si xɔ̃nye veviwo kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe la ta. Mele dzidzɔ kpɔm fifia wu tsã.”

Ke Jenny, si susu be yemedze be Mawu nase yeƒe gbedodoɖawo o ya ɖe? Egblɔ be: “Gbe ɖeka esi dzi ɖe le ƒonye vevie la, meɖe kuku na Mawu be wòana mase nu si tae mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o la gɔme.” Aleke esia kpe ɖe eŋui? Egblɔ be: “Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be ne nye dzi bua fɔm hãa, Mawu ya mebua fɔm o. Ekpe ɖe ŋunye hã be nyemena ta o.” Vi kae esia ɖe nɛ? Egblɔ be: “Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye meva kpɔ Yehowa be enye nye Mawu, Fofonye kple Xɔ̃nye si lɔ̃m eye wòtsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ. Eli nam, eye akpe ɖe ŋunye ɣesiaɣi zi ale si mele agbagba dzem be mawɔ nu si wòdi tso asinye.”

Isabel kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsua.

Esi Isabel kpɔ via Gerard wòle dzidzɔ kpɔm ŋutɔ togbɔ be enye nuwɔametɔ hãa, egblɔ be: “Mekpɔe be Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam vavã.”

Bu nu si me Isabel hã to ŋu kpɔ. Esi wòfɔ fua, ɖɔktawo gblɔ nɛ be vi si dzi ge wòalaa, anye nuwɔametɔ. Esia gbã dzi nɛ ŋutɔ. Ame aɖewo ɖo aɖaŋu nɛ gɔ̃ hã be wòaɖe fua. Egblɔ be: “Mexa nu ale gbegbe be ɖeko wòwɔ nam abe ɖe mele kuku ge ene.” Nu kae wòwɔ? Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Mawu enuenu be wòakpe ɖe ŋunye.” Esi ɣeyiɣia de la, edzi ŋutsuvi si nye nuwɔametɔ hã vavã, eŋkɔe nye Gerard. Ðe Isabel kpɔe be Mawu ɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋua? Ɛ̃! Le mɔ ka nu? Egblɔ be: “Vinyea xɔ ƒe 14 fifia eye ele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ togbɔ be enye nuwɔametɔ hã. Mekpɔe be yayra gã aɖee wònye nam tso Mawu gbɔ. Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam vavã.”

Nyateƒenya siawo nana míeɖoa ŋku nya si hakpalaa gblɔ dzi be: ‘Oo Yehowa, àɖo to ame fafawo ƒe dzimedidiwo. Àdo ŋusẽ woƒe dzi, eye wò to anɔ wo ŋu.’ (Psalmo 10:17) Nuteƒekpɔkpɔ siawo na míekpɔ susu siwo tae wòle be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa.

Woŋlɔ Yesu ƒe gbedodoɖa geɖe ɖe Biblia me. Esi ame geɖe nya wue nye Aƒetɔ ƒe gbedodoɖaa. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa, Kpɔɖeŋugbedodoɖae Wònye

Ameha gã aɖe le to ɖom Yesu nyuie esi wònɔ Todzimawunyaa gblɔm.

Yesu fia kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe Todzimawunya me. Woyɔa gbedodoɖa ma zi geɖe be Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa. (Mateo 6:9-13; kpɔ Luka 11:2-4.) Tso ɣemaɣi ke la, ame geɖe va nya gbedodoɖa ma ale gbegbe be wote ŋu gblɔnɛ tso susu me nya ɖe nya nu. Nenemae Yesu di be míawɔea? Kura o, elabe egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le todzimawunya ma ke me do ŋgɔ be woagagbugbɔ anɔ nya ɖeka gblɔm ne wole gbe dom ɖa o. (Mateo 6:7) Eya ta nu si ko fiam Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawoe nye Ame si woado gbe ɖa na kple nu siwo ŋu woate ŋu ado gbe ɖa tsoe. Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋugbedodoɖa ma me ɖa.

“Mía Fofo si le dziƒowo”

  • Ele be míado gbe ɖa na Mawu ɖeɖe ko.

“Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ”

  • Ele be míanyae be Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le kɔkɔe, eye ele be míade bubu eŋu.

“Wò Fiaɖuƒe nava”

  • Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le dziƒo, eye Yesue nye eƒe Fia. Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe ma aɖu anyigba bliboa dzi.

“Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi, abe ale si wòle le dziƒo ene”

  • Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me.

“Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí”

  • Yehowae naa nu siwo míehiã be míanɔ agbe la mí.

“Tsɔ míaƒe fewo ke mí”

  • Mí katã míedaa vo zi geɖe, eye míehiã tsɔtsɔke.

Ne nya vevi siawo le susu me na wòa, akpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu na Mawu tso dzi me faa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe