INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 November axa 31
  • Hulda Ðo Eƒe Taɖodzinua Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hulda Ðo Eƒe Taɖodzinua Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbalẽdzraɖoƒe Aɖe Si Ate Ŋu Anɔ Wò Asiƒome
    Ale Si Wozãa Wò Nudzɔdzɔwoe
  • Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea le Fiji Ƒukpowo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Womeɖe Lɔlɔ̃ Fiam Alea Gbegbe Kpɔ O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 November axa 31

Hulda Ðo Eƒe Taɖodzinua Gbɔ

NE ÐE nèɖi tsa yi ƒukpo sue si nye Sangir Besar, le Indonesia, dzi le ƒe ʋɛ siwo va yi mea, anye ne èkpɔ mía nɔvinyɔnu etɔ̃ wole dɔ wɔm ɖekae le ƒua ta. Amewo nya wo nyuie le ƒukpo ma dzi be woɖea gbeƒã na amewo eye wokpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia. Gake ne wole ƒua taa, wowɔa dɔ bubu aɖe si to vovo kura na gbeƒãɖeɖedɔa.

Anyigbatata si ɖe Indonesia kple dukɔ siwo ƒo xlãe fia. Sangir Besar ƒukpo sue la.

Sangir Besar ƒukpo, le Indonesia ƒe dziehe

Gbãa, wogena ɖe atsiaƒua me eye wofɔa kpewo le eme va dana ɖe ƒua ta. Kpeawo dometɔ aɖewo lolo abe bɔl ene. Ne wofɔ kpeawo da ɖe gota vɔa, wonɔa zikpuivi dzi eye wotsɔa zu gbãa kpeawo wova nɔna sue wu koklozi gɔ̃ hã. Eyome wolɔa kpekuiawo dea nugo me eye wotsɔnɛ liaa atrakpui vae dana ɖe wo ƒe me. Emegbe wofɔa kpekuiawo kɔna ɖe kotoku gãwo me, eye amewo va ƒlea wo dea ʋu eye wotsɔnɛ doa mɔe.

Hulda le kpewo fɔm le ƒuta

Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Hulda. Eƒe nɔnɔmea ɖe mɔ nɛ be wòtea ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔa ŋu wu ame susɔeawo. Zi geɖea, ezãa ga si wòkpɔ tso emea tsɔ kpɔa eƒe ƒomea ƒe gbe sia gbe hiahiãwo gbɔ. Gake fifia ya, taɖodzinu bubu aɖe hã le esi. Edi be yeaƒle tablɛt ale be yeate ŋu anɔ JW Library® dɔwɔnua zãm. Elabe enyae be video kple nu bubu siwo le dɔwɔnua dzia aɖe vi na ye le gbeƒãɖeɖedɔa me eye woakpe ɖe ye ŋu yeagase Biblia gɔme ɖe edzi.

Hulda wɔ dɔ gaƒoƒo eve ŋdi sia ŋdi nɔa kpe gbãm hena ɣleti ɖeka kple afã; egbã kpe wòyɔ agbatsɔʋu sue ɖeka. Mlɔeba, ekpɔ ga tsɔ ƒle tablɛt la.

Hulda lé eƒe tablɛt ɖe asi

Hulda gblɔ be: “Dɔa na ɖeɖi te ŋunye belibeli eye nye asi katã do ʋusrã, gake esi meƒle tablɛt la eye mekpɔ ale si wòle kpekpem ɖe ŋunye be maɖe gbeƒã nyuie wu eye madzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋua, dzi dzɔm ale gbegbe be ɖeko meŋlɔ vevesese mawo katã be.” Egblɔ hã be tablɛt la ɖe vi na ye le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia me elabe eyae yezãna tsɔ doa ka kple nɔviawo na kpekpeawo kple gbeadzi siaa. Míekpɔ dzidzɔ kple Hulda be wòte ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe