Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 12
Yesu fia nu amewo tso Dziƒofiaɖuƒe la ŋu. Efia nu wo hã be woado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti, woabia be Mawu Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ne dzilae nènye la, ekema ɖe ale si gbedodoɖa sia aɖe vi na míi la me na viwòa. Yesu meɖe mɔ na Satana wògblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Yesu tia eƒe apostolowo, eye woawoe va zu Fiaɖuƒea me tɔ gbãtɔwo. Na viwòa nanya ale si dzo nɔ Yesu me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Esi Yesu di be yeakpe ɖe amewo ŋu ta la, eda dɔ na dɔnɔwo, na nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Eto nukunu siawo katã dzi ɖe nu si Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo la fia.