Enuɖetinɔnyɔ nɔ Akpaxwe 13
Yesu va anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi ɖe amegbetɔ siwo mede blibo o la ta. Togbɔ be Yesu ku hã la, eɖu xexea dzi. Yehowa wɔ nuteƒe na Via eye wòfɔe ɖe tsitre. Yesu bɔbɔ eɖokui subɔ amewo eye wòlɔ̃na tsɔa woƒe vodadawo kea wo va se ɖe eƒe ku me. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo. Efia ale si woawɔ dɔ vevitɔ kekeake si wòde asi na wo la wo. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be ele be míawo hã míawɔ akpa aɖe le dɔ sia me egbea.