ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU Watchtower Tɔ
Watchtower
ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU
Aja
À
  • À
  • à
  • Á
  • á
  • É
  • é
  • È
  • è
  • Ɛ
  • ɛ
  • Ɖ
  • ɖ
  • Ó
  • ó
  • Ò
  • ò
  • Ú
  • ú
  • Ù
  • ù
  • Í
  • í
  • Ì
  • ì
  • Ɔ́
  • ɔ́
  • Ɔ̀
  • ɔ̀
  • Ɔ̌
  • Ӡ
  • ӡ
  • BIBLA
  • WEMAWO
  • BƆBƆWO
  • mwbr19 avril kpashi. 2-7
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (avril 2019)

Video ɖe deli nɔ ecɛ ci èsɔ o.

Mìɖe kuku, kɔpi nɔ video lɔ do go cukaɖa ɖeka.

  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (avril 2019)
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
  • Enyɔta hwɛhwɛwo
  • 1-7 AVRIL
  • 8-14 AVRIL
  • 22-28 AVRIL
  • 29 AVRIL–5 MAI
Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2019
mwbr19 avril kpashi. 2-7

Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo

1-7 AVRIL

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 1 KORƐNTITƆWO 7-9

“Enunana yí etrɛnnɔnɔ nyi”

w11-EW 1/15 18 mm. 3

Na Wò Trenɔɣi Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu

3 Zi geɖe la, ablɔɖe kple ɣeyiɣi geɖe nɔa ame si nye tre si wu ame si nye srɔ̃tɔ. (1 Kor. 7:​32-35) Nu siawo nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo awɔe be ate ŋu akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, akeke eɖokui le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me, eye wòate ɖe Yehowa ŋu wu. Eya ta Kristotɔ geɖewo va kpɔ viɖe si gbegbe le trenɔnɔ me la dze sii eye wotso nya me be yewoanɔ tre, hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. Anɔ eme be ame aɖewo meɖoe be yewoanɔ tre le gɔmedzedzea me o, gake esi woƒe nɔnɔmewo va trɔ la, wode ŋugble tso woƒe nɔnɔmea ŋu vevie hedo gbe ɖa le eŋu, eye wokpɔe be, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yewoate ŋu aɖoe koŋ le yewoƒe dzi me. Eya ta woxɔ woƒe nɔnɔme si va trɔ la de eme hetso nya me be yewoanɔ tre.​—1 Kor. 7:​37, 38.

w08-EW 7/15 27 mm. 1

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me

7:​33, 34​—Nu kawoe nye “xexea me nuwo,” siwo ŋu ŋutsu alo nyɔnu si ɖe srɔ̃ tsia dzi ɖo? Xexea me nu siwo ŋu Paulo le nu ƒom tsoe nye ŋutilãmenu siwo gbɔ wòhiã be Kristotɔ srɔ̃tɔwo nakpɔ. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe, gake xexe sia me nu gbegblẽ siwo Kristotɔwo ƒoa asa na ya mele eme o.​—1 Yoh. 2:​15-17.

w96-EW 10/15 12-13 mm. 14

Trenɔnɔ​—Dɔwɔwɔ Susuhenuwo Manɔmee Ƒe Mɔnue Wònye

14 Kristotɔ tre si zãa eƒe trenɔnɔ le ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo minyaminyã me la mewɔe ‘nyuie wu’ Kristotɔ srɔ̃tɔwo o. Ele tre, menye ‘le fiaɖuƒe la ŋuti’ o, ke le eya ŋutɔ ƒe susuwo ta. (Mateo 19:12) Ele be ŋutsu alo nyɔnu si meɖe srɔ̃ o ‘nalé be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ,’ wòadi vevie be ‘yeadze Aƒetɔ la ŋu,’ eye ‘wòanɔ Aƒetɔ la ŋu tututu alesi dze, eye naneke nagahee ɖa o.’ Esia fia be woatsɔ susu aɖo Yehowa kple Kristo Yesu subɔsubɔ ɖeɖeko dzi naneke nagahe wo ɖa o. Esia wɔwɔ koe ana Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu trewo nawɔe “nyuie awu” Kristotɔ srɔ̃tɔwo.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

lv-EW 220-221

Megbenyawo

Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme sesẽ aɖewo doa mo ɖa, siwo nana Kristotɔ aɖewo tsoa nya me be yewoaklã tso yewo srɔ̃ gbɔ alo agbee togbɔ be menye gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽe wònɔ o hã. Le go sia me la, Biblia gblɔ be ame si dzo le srɔ̃a gbɔ la “nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kple srɔ̃a.” (1 Korintotɔwo 7:11) Kristotɔ sia mekpɔ mɔ anɔ zɔzɔm kple ame bubu kple susu be yeava ɖee o. (Mateo 5:32) Azɔ na míakpɔ nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ado mo ɖa, siwo mebɔ o, siwo ta ame aɖewo kpɔe be ehiã be yewoaklã tso yewo srɔ̃ gbɔ la dometɔ aɖewo ɖa.

• Eɖoɖo koŋ agbe ƒomea dzi kpɔkpɔ. Srɔ̃ŋutsu si gbe eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ, evɔ ŋutete le esi be wòawɔe hafi, ate ŋu ana ƒomea nada ahe kolikoli ale gbegbe be womate ŋu akpɔ agbemenuhiahiã veviwo o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔa . . . eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (1 Timoteo 5:8) Ne ŋutsua ɖoe koŋ gbe be yemawɔ tɔtrɔ o la, srɔ̃a ate ŋu atso nya me be yeaklã tso ye srɔ̃ gbɔ le se nu le eya ŋutɔ kple viawo ƒe dedienɔnɔ ta. Ele be hamemetsitsiwo nabu nyawo ŋu nyuie ne wotso Kristotɔ aɖe nu be egbe eƒe ƒome dzi kpɔkpɔ. Ne ame aɖe ɖoe koŋ gbe eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ vavã la, woate ŋu aɖee le haa me.

• Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame srɔ̃ ŋu. Ne wobe ame aɖe sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu la, efia be ewɔa adã heƒoa srɔ̃a vevie ale gbegbe be eƒe lãmesẽ alo eƒe agbe kura gɔ̃ hã ɖo afɔku me. Ne hamemetsitsiwo se be Kristotɔ aɖe wɔ nu sia tɔgbi la, ele be woaku nyaa me. Dɔmedzoedodo helĩhelĩ kple ŋutasẽnuwɔwɔ nye nu siwo ta woate ŋu aɖe ame le hamea me ɖo.​—Galatiatɔwo 5:​19-21.

• Nana be ame srɔ̃ ƒe gbɔgbɔmemenyenye naɖo afɔku me. Ate ŋu adzɔ be ame aɖe nanɔ agbagba dzem ɣesiaɣi be yeana ye srɔ̃ nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, alo anɔ edzi zim be wòada Mawu ƒe se dzi le mɔ aɖe nu. Le go sia me la, ekpo ɖe ame si ŋu srɔ̃a le nu sia wɔm ɖo la gbɔ be wòatso nya me nenye be kaklã le setɔwo gbɔ koe anye mɔ si dzi yeato “[aɖo] to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”​—Dɔwɔwɔwo 5:29.

w00-EW 7/15 31 mm. 2

Àte Ŋu Anɔ Dzadzɛ Le Agbegbegblẽnɔnɔ Ƒe Xexeme

Ekema mele be sɔhɛwo natsi dzi ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ne gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo te nyɔnyɔ ɖe wo me o. Srɔ̃ɖeɖe bia ɖokuitsɔtsɔna, eye be woate ŋu anɔ te ɖe agbanɔamedzi sia nu bia be ame natsi. (Mose I, 2:24) Anyo be ame nalala vaseɖe esime ‘wòato sɔhɛnyenye me nɔnɔ ŋu’​—si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo nu sẽna eye wòate ŋu ana womabu nu ŋu nyuie o. (Korintotɔwo I, 7:36) Eye aleke gbegbe wòanye bometsinu kple nuvɔ̃ enye si be ame tsitsi si di be yeaɖe srɔ̃ la naƒo eɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me le esi mekpɔ ame aɖeke aɖe o ta!

8-14 AVRIL

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 1 KORƐNTITƆWO 10-13

“Yehowa nyi esejinɔtɔ”

w17.02-EW 29-30

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Apostolo Paulo ŋlɔ bena Yehowa “maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o.” (1 Kor. 10:13) Ðe esia fia be Yehowa daa nuwo kpɔ henyaa tetekpɔ siwo nu míate ŋu anɔ te ɖo la do ŋgɔ eye wòtiaa esiwo nu wòaɖe mɔ ɖo be woava mía dzia?

▪ Ne nenemae wòle la, ekema, bu nu siwo wòafia ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu aɖe si viŋutsu wu eɖokui la bia be: ‘Ðe Yehowa da nuwo kpɔ do ŋgɔ hekpɔe be nye kple srɔ̃nye míate ŋu anɔ te ɖe vevesese si mía via ƒe eɖokuiwuwu ahe va mía dzi la nua? Ðe nu sia dzɔ le esi Mawu kpɔe be míate ŋu anɔ te ɖe enu ta?’ Ðe susu gobii aɖe li si tae míaxɔe ase be Yehowa ƒe asi nɔa nu sia nu si dzɔna le míaƒe agbe me la me le mɔ siawo tɔgbi nua?

Paulo ƒe nya si dze le 1 Korintotɔwo 10:13 la me dzodzro yi ŋgɔe na míeƒo nya ta ale: Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke meli si tae míaxɔe ase be Yehowa daa nɔnɔmeawo kpɔ be tetekpɔ kawo nue míate ŋu anɔ te ɖo hã eye wònɔa te ɖe esia dzi tiana esiwo nu wòaɖe mɔ ɖo be woava mía dzi o. Na míadzro susu ene siwo tae míate ŋu aƒo nya ta alea ɖo la me.

Gbã, Yehowa na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔwo. Edi be míawo ŋutɔwo míatso nya me le mɔ si nu míanɔ agbe ɖo ŋu. (5 Mose 30:​19, 20; Yos. 24:15) Ne míewɔ tiatia nyuitɔ la, míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa nafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo. (Lod. 16:9) Gake ne míewɔ tiatia gbegblẽ la, míakpɔ emetsonuawo. (Gal. 6:7) Ne Yehowa tiaa tetekpɔ siwo ava mía dzi la, ɖe ema mafia be ele mɔ xem ɖe míaƒe tiatiawɔblɔɖea nu oa?

Evelia, Yehowa mekpɔa mía ta tso ‘azãgbe kple nuɖiɖeamewo’ me o. (Nyagb. 9:11) Afɔku dziŋɔwo​—siwo dometɔ aɖewo gblẽa nu le ame ŋu vevie la​—tea ŋu dzɔna ɖe mía dzi le vo me. Yesu ƒo nu tso xɔ kɔkɔ aɖe si mu dze ame 18 dzi woku la ŋu, eye wògblɔ be menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ame mawo naku o. (Luka 13:​1-5) Eya ta, ɖe wòasɔ be míabui be Mawu ɖoa ame siwo aku le afɔkuwo me kple ame siwo maku o la ɖi do ŋgɔa?

Etɔ̃lia, agba le mía dometɔ ɖe sia dzi be wòawɔ nuteƒe na Mawu. Ðo ŋku edzi be Satana tsɔ nya ɖe Yehowa subɔlawo katã ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu hegblɔ be mímayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne nɔnɔme sesẽwo va mía dzi o. (Hiob 1:​9-11; 2:4; Nyaɖ. 12:10) Ne Yehowa kpɔa mía ta be tetekpɔ aɖewo nagava mía dzi o le esi wòkpɔe be woawu tsɔtsɔ na mí ta la, ɖe esia mana wòadze abe ɖe Satana ƒe nya si nye be ɖokuitɔdidi tae míesubɔa Mawu ɖo la nye nyateƒe oa?

Enelia, mehiã be Yehowa nanya nu sia nu si adzɔ ɖe mía dzi la do ŋgɔ o. Susu si nye be Mawu tiaa tetekpɔ siwo ava mía dzi do ŋgɔ la afia be ele be wòanya nu sia nu si ava dzɔ ɖe mía dzi. Gake Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe nuŋububu ma dzi o. Enye nyateƒe be Mawu ate ŋu anya nu si adzɔ le etsɔme ya. (Yes. 46:10) Ke hã, Biblia ɖee fia be menye nu ɖe sia ɖe si adzɔ le etsɔme lae Yehowa tiana be yeanya o. (1 Mose 18:​20, 21; 22:12) Eya ta mewɔa eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea ŋu dɔ le nu sia nu me o, eye edea bubu míaƒe tiatiawɔblɔɖea hã ŋu. Esi Mawu dea bubu míaƒe ablɔɖea ŋu eye wòdana sɔna bliboe le eƒe nɔnɔme ɖedzesiawo ŋu dɔ wɔwɔ me ta la, ɖe menye aleae nàkpɔ mɔ be wòawɔ nui oa?​—5 Mose 32:4; 2 Kor. 3:17.

Ekema, aleke wòle be míase Paulo ƒe nya si nye, “Mawu . . . maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o” la gɔme? Nu si Paulo wɔnɛ le afi siae nye nu si Yehowa wɔna ne míele tetekpɔwo me tom, ke menye nu si wòwɔna do ŋgɔ na tetekpɔawo o. Apostoloa ƒe nyawo ka ɖe edzi na mí be, tetekpɔ ka kee ɖava mía dzi o, Yehowa alé mí ɖe te ne míeɖo ŋu ɖe eŋu. (Ps. 55:22) Paulo ƒe akɔfanyaawo nɔ te ɖe nyateƒenya vevi eve aɖewo dzi.

Gbã, tetekpɔ siwo vaa mía dzi la nye “esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi.” Esia fia be tetekpɔ siwo vaa amegbetɔwo dzi la koe vaa míawo hã dzi. Tetekpɔ mawo mawu tsɔtsɔ na mí o, zi ale si míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ko. (1 Pet. 5:​8, 9) Hafi Paulo nagblɔ eƒe nya si dze le 1 Korintotɔwo 10:13 la, ehe susu yi tetekpɔ siwo va Israel-viwo dzi le gbeadzi la dzi. (1 Kor. 10:​6-11) Tetekpɔ mawo dometɔ aɖeke mewu tsɔtsɔ na amegbetɔwo loo alo nye esiwo nu Israel-vi wɔnuteƒewo mate ŋu anɔ te ɖo o. Paulo gblɔ zi ene sɔŋ be “wo dometɔ aɖewo” gbe toɖoɖo. Nublanuitɔe la, Israel-vi aɖewo ɖi kɔ na woƒe nudzodzro vɔ̃wo, elabena womeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu o.

Evelia, “nuteƒewɔlae Mawu nye.” Ale si Mawu wɔ nu kple eƒe amewo la ƒe ŋutinya ɖee fia be ewɔa nuteƒe na “ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi.” (5 Mose 7:9) Ŋutinya mawo ɖee fia hã be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. (Yos. 23:14) Esi wònye be Mawu wɔa nuteƒe ɣeawokatãɣi ta la, ame siwo lɔ̃nɛ heɖoa toe la ate ŋu aka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodo eve siawo dzi godoo le tetekpɔ siwo ava wo dzi me: (1) Maɖe mɔ be tetekpɔ aɖeke nu nasẽ ale gbegbe be wòawu tsɔtsɔ na wo o, eye (2) ‘ana mɔ si dzi woato ado le eme’ la wo.

Ne tetekpɔwo va mía dzi eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, aleke wòana mɔ si míato ado le eme la mí? Ne enye eƒe lɔlɔ̃nu la, ɖeko wòaɖe tetekpɔa ɖa. Gake ɖo ŋku edzi be Paulo gblɔ be: “[Yehowa] ana mɔ si dzi miato ado le eme la hã, ale be miate ŋu ado dzi atsɔe.” Eya ta, le go geɖe me la, ale si wònana ‘mɔ si dzi míato ado le eme’ ye nye be enaa nu siwo míehiã be míate ŋu ato tetekpɔawo me ado dedie la mí. Bu mɔ siwo dzi Yehowa tona wɔa esiae la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ:   

▪ ‘Efaa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.’ (2 Kor. 1:​3, 4) Yehowa ate ŋu ato eƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple gbɔgbɔmenuɖuɖu si kluvi nuteƒewɔlaa nana dzi ana míaƒe dzi kple susu nadze akɔ anyi eye míakpɔ ŋutifafa le ememe.​—Mat. 24:45; Yoh. 14:​16, etenuŋɔŋlɔ; Rom. 15:4.

▪ Ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi afia nu si wòle be míawɔ la mí. (Yoh. 14:26) Ne tetekpɔwo va mía dzi la, gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku Biblia me ŋutinyawo kple gɔmeɖosewo dzi eye wòana míanya afɔ nyuitɔ si wòle be míaɖe.

▪ Ate ŋu ato mawudɔlawo dzi akpe ɖe mía ŋu.​—Heb. 1:14.

▪ Ate ŋu ato haxɔsetɔwo dzi akpe ɖe mía ŋu. To woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi la, woate ŋu ‘ado ŋusẽ’ mí.​—Kol. 4:​11, etenuŋɔŋlɔ.

Ekema, aleke wòle be míase nya si Paulo gblɔ le 1 Korintotɔwo 10:13 la gɔme? Yehowa metiaa tetekpɔ siwo vaa mía dzi o. Gake ne tetekpɔwo va mía dzi la, míate ŋu aka ɖe nya sia ya dzi: Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, maɖe mɔ be tetekpɔ siwo ava mía dzi la dometɔ aɖeke nu nasẽ agbɔ esi nu amegbetɔ ate ŋu anɔ te ɖo la ŋu gbeɖe o; eye ana mɔ si dzi míato ado le wo me hã mí ɣesiaɣi. Nya fakɔname ka gbegbee nye esi!

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w04-EW 4/1 29

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Korintotɔwo I, 10:8 gblɔ be Israel-vi 23 000 ye tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi le ahasiwɔwɔ ta, evɔ Mose IV, 25:9 ya gblɔ be ame 24 000 ye?

Nu geɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le vovototo si dze le xexlẽme siwo kpukpui eveawo na la gɔmesese me. Egɔmeɖeɖe bɔbɔetɔ kekeake ate ŋu anye be xexlẽmea le 23 000 kple 24 000 dome, si wɔe be kpukpui aɖe yɔe wòle ʋɛ wu eye evelia yɔe wòsɔ gbɔ wu ale be wòanye xexlẽme blibo.

Susu bubu hãe nye esi. Apostolo Paulo gblɔ nusi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Sitim wònye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto-du si wonya nyuie le eƒe agbe blibaa nɔnɔ ta la me. Eŋlɔ be: “Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.” Paulo ɖe amesiwo Yehowa tsrɔ̃ le ahasiwɔwɔ ta la ɖe vovo hegblɔ be wonye ame 23 000.​—Korintotɔwo I, 10:8.   

Gake Mose ƒe Agbalẽ Enelia ta 25 gblɔ na mí be “Israel ku ɖe Baal-Peor ŋu; eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.” Emegbe Yehowa de se na Mose be wòawu ‘ameawo ŋgɔnɔlawo.’ Azɔ Mose ɖe gbe na ʋɔnudrɔ̃lawo be woawɔ se ma dzi. Mlɔeba esi Pinehas wɔ nu kpata hewu Israel-vi aɖe si kplɔ Midian nyɔnu aɖe va asaɖaa me la, “dɔvɔ̃ la nu tso.” Nuŋlɔɖia wu enu kple nya sia be: “Amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe blave vɔ ene.”​—Mose IV, 25:​1-9.

Edze ƒã be ‘ameawo ŋgɔnɔla,’ siwo ʋɔnudrɔ̃lawo wu kple amesiwo Yehowa ŋutɔ wu la, nɔ xexlẽme si Mose ƒe Agbalẽ Enelia na me. Ðewohĩ ʋɔnudrɔ̃lawo wu ŋgɔnɔla mawo dome ame akpe ɖeka, ale be xexlẽmea katã va le 24 000. Ŋgɔnɔla siawo, alo amesiwo nɔ ŋgɔ na nugbegblẽwɔwɔa, ɖawɔ ahasi loo, ɖakpɔ gome le azãɖuɖua me loo, alo ɖalɔ̃ ɖe edzi na amesiwo wɔe o, woɖi fɔ elabena “woku ɖe Baal-Peor ŋu.”   

Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nya “kukuɖenuŋu” ŋu be ate ŋu afia “ameɖokui tsɔtsɔ na ame aɖe.” Dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowae Israel-viwo nye, gake esi ‘woku ɖe Baal-Peor ŋu’ la, wogblẽ adzɔgbe si woɖe na Mawu me. Anye ƒe 700 megbe la, Yehowa to nyagblɔɖila Hosea dzi gblɔ tso Israel-viwo ŋu be: “Esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.” (Hosea 9:10) Amesiwo katã wɔ nusia la dze na Mawu ƒe toheʋɔnudɔdrɔ̃. Eyata Mose ɖo ŋku edzi na Israel-viwo be: “Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome.”​—Mose V, 4:3.

w15-F 15/2 30

Enyɔbiɔse ciwo yí so yi hlɛntɔwo gbɔ

Eʒan mɔ nɔvinyɔnu asɔ nu cɔn ta nɔ ékplakɔ Bibla koɖo mɛɖe yí ŋsu eŋɛnywidratɔ ɖe le nɔa?

▪ Le akpaxwe ci yí nyi “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” ci yí le Gbetakpɔxɔ 15 Juillet 2002 tɔ mɛɔ, wonu mɔ nɔvinyɔnu ɖo asɔ nu cɔn ta nɔ ékplakɔ nu koɖo Bibla nukplavi ɖe, nɔ ŋsu eŋɛnywidratɔ waʒinʒindoshimɛ alo mawaʒinʒindoshimɛ ɖe le nɔ. Ci wovagbeje nyɔ lɔ mɛ kpɔɔ, wokpɔɛ mɔ woatrɔ ashi so emɔdasɛnamɛ lɔ nu.   

Nɔ nɔvinyɔnu ɖe yi kunuɖegbe koɖo ŋsu eŋɛnywidratɔ waʒinʒindoshimɛ ɖe yí akpla Bibla koɖo Bibla nukplavi ɖeɔ, nɔvinyɔnu lɔ ɖo asɔ nu cɔn ta. Nɔ éwɛ ahan ɔ, ádasɛ mɔ yenakɔ bubu etanyinyi toto ci Yehowa wa nɔ Kristo hamɛ lɔ; ɖo nɔvinyɔnu lɔ wakɔ edɔ ci yí nɔviŋsuwo ɖo awa (1 Kor. 11:​5, 6, 10) Nɔ éhɛn ɔ, átɛnŋ anu nɔ nɔviŋsu lɔ mɔ yɛ le kpɔ Bibla nukplakpla lɔ ji nɔ nɔviŋsu lɔ je awɛ.

Nɔ nɔvinyɔnu ɖe yi kunuɖegbe koɖo ŋsu eŋɛnywidratɔ mawaʒinʒindoshimɛ ɖe ci yí denyi asuɔ o, yí akpla nu koɖo Bibla nukplavi ɖeɔ, susu ɖekpokpui dele Bibla mɛ ci yí taɖo asɔ nu cɔn ta o. Ele ahan gan, ayexadohwɛnamɛnu nɔvinyɔnu ɖewo tɔ atɛnŋ acucu wo yí woasɔ nu cɔn ta le nɔnɔmɛ cɛ hanwo mɛ.

22-28 AVRIL

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 1 KORƐNTITƆWO 14-16

“Mawu a ɖufyɔ do enushanu ji”

w98-EW 7/1 21 mm. 10

‘Woaɖe Ku Ða’

10 “Nuwuwu” lae nye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu, esime Yesu atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na eƒe Mawu kple Fofoa le ɖokuibɔbɔ kple nuteƒewɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 20:4) Esia ana Mawu ƒe tameɖoɖo “bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me” la nava eme. (Efesotɔwo 1:​9, 10) Gake gbã la, Kristo atsrɔ̃ “amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu [siwo] katã” tsi tre ɖe Mawu ƒe Fianyenye ƒe ɖoɖowo ŋu. Esia abia nu geɖe wu tsɔtsrɔ̃ gã si ayi edzi le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:16; 19:​11-21) Paulo gblɔ be: “Ele [na Kristo] be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Futɔ mamlɛtɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:​25, 26) Ẽ, woaɖe Adam ƒe nuvɔ̃ kple ku ƒe nu gbegblẽ ɖesiaɖe ɖa. Eyata ehiã be Mawu nana ‘ŋkuɖodziyɔdowo’ me natsi ƒuƒlu to ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre me.​—Yohanes 5:28.

kr-EW 237 mm. 21

Fiaɖuƒea Ana Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme Le Anyigba Dzi

21 Ke nu vɔ̃ me tsonu si nye ku, si dɔléle hena vɛ zi geɖe ya ɖe? Kue nye míaƒe “futɔ mamlɛtɔ,” futɔ si nu amegbetɔ madeblibo aɖeke mete ŋu nɔa te ɖo o. (1 Kor. 15:26) Gake ɖe ku nye futɔ si dzi Yehowa mate aɖu oa? Se nya si Yesaya gblɔ ɖi ɖa: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8) Ðe nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi ma ɖaa le susu mea? Kunuwɔwɔwo, ameɖibɔwo, alo avifafa ɖe ame ƒe ame veviwo ƒe ku ta maganɔ anyi o! Ðe emawo teƒe la, dzidzɔvi sɔŋ ye ayɔ míaƒe ŋkuwo dzi ne Yehowa le ŋugbe nyui si wòdo be yeagagbɔ agbe ame kukuwo la dzi wɔm! (Mixlẽ Yesaya 26:19.) Vevesese siwo gbegbe ku do na mí la nu ayi mlɔeba!

w12-EW 9/15 12 mm. 17

Ŋutifafa Axɔ Aƒe Hena Ƒe Akpe Ðeka​—Anɔ Anyi Tegbee!

17 Nyagbɔgblɔ aɖeke meli woatsɔ aɖɔ nuwo katã ta ƒoƒo keŋkeŋ wòasɔ nyuie wu esia, be “Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame,” o. Nu kae nya sia fia? Na wò susu natrɔ yi ɖe Eden bɔa me esime amegbetɔ deblibo Adam kple Xawa nye Yehowa ƒe ƒome si me ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔ la me tɔwo nàkpɔ. Ɣemaɣi la, Yehowa, Xexea Me Katã ƒe Dziɖulagã la, ɖua eƒe nuwɔwɔwo katã, siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa, dzi tẽe. Wotea ŋu ƒoa nu kplii tẽe, wodea ta agu nɛ, eye wòyraa wo. Yehowa nye “nuwo katã na ame sia ame.”

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w12-EW 9/1 9, aɖaka

Ðe Apostolo Paulo Gbe Na Nyɔnuwo Be Woagaƒo Nu Oa?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nyɔnuwo nezi ɖoɖoe le hameawo me.” (1 Korintotɔwo 14:34) Eƒe nyaa gɔme ɖe? Ðe wònɔ gbɔgblɔm be woƒe nunya mede ŋgɔ oa? Ao. Le nyateƒe me la, eƒoa nu tso nyɔnuwo ƒe nufiafia nyui la ŋu zi geɖe. (2 Timoteo 1:5; Tito 2:​3-5) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, menye nyɔnuwo koe wògblɔ na be woazi ɖoɖoe o, exlɔ̃ nu ame bubu siwo si gbegbɔgblɔ bubu dodo kple nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo le la hã be ‘woazi ɖoɖoe’ ne haxɔsetɔ bubu le nu ƒom. (1 Korintotɔwo 14:​26-30, 33) Anɔ eme be esi nyɔnu aɖewo va zu Kristotɔwo la, dzi nɔ wo dzɔm ɖe xɔse yeyea ŋu ale gbegbe be wotea ŋu tsoa nya le nuƒolaa nu hebiaa nyae, abe ale si amewo lɔ̃a wɔwɔ le xexea ƒe akpa ma ɣemaɣi ene. Eya ta be nuwo nanɔ ɖoɖo nu la, Paulo de dzi ƒo na wo be “woabia woawo ŋutɔwo srɔ̃wo le aƒe me.”​—1 Korintotɔwo 14:35.

it-1-F 1180-1181

Magblemagble

Ci amɛshiaminɔwo nyi cinɔɖutɔwo koɖo Yesu yí wofɔnfɔn wo so eku shigbe lé wofɔn Yesu han-nɛɔ, denyi fɔn wofɔnkɔ wo so eku mɔ wo le nɔ agbe tɛgbɛɛ shigbe gbɔngbɔnmɛnuwawawo hannɛ kpoŋ o, vɔ woxɔkɔ makumaku koɖo magblemagble hɛnnɛ. Ci wonɔ agbe yí sɛn Mawu le egbejinɔnɔ mɛ yí ku le agbetɔ gbaza ci yí danahɛn mɛ can ɔ, woxɔkɔ gbɔngbɔn gbaza magblemagble shigbe lé Pɔlu nui yí yi mɛ kɔ petii le 1 Korɛntitɔwo 15:​42-54 mɛ hannɛ. Kankandojitɔɔ, makumaku hɛnkɔ susu yi agbe alɔkpa ci wona wo ji. Ényi agbe tɛgbɛɛ koɖo agbe ci yí dadahɛn gbeɖe o. Ewa mɔ magblemagble yɛ hɛnkɔ susu yi gbaza ci Mawu nakɔ wo ji. Ényi gbaza ci yí debenɔ o, ci yí dedɔnnɔ o abi ci yí denyinyɔnɔ o. To akpo nɔ Mawu nuwawa bu ciwo yí nyi ŋcilanmɛtɔ alo gbɔngbɔnmɛtɔwoɔ, ewa mɔ Mawu nakɔ ŋsɛn wo mɔ wodaʒan ŋsɛn soxu bu ɖe gbɔxwe anɔ agbe o. Ecɛ nyi kpeɖoji sɛnŋ ɖeka mɔ Mawu kando wo ji. Ci amɛshiaminɔwo deʒan ŋsɛn soxu bu ɖe gbɔxwe anɔ agbe tɛgbɛɛɔ, dedasɛ mɔ wodegbeʒan emɔdasɛnamɛ Mawu tɔ o. Shigbe lé Yesu Kristo ci yí nyi Eta nɔ wo wɛkɔ hannɛɔ, wowo can akpɔtɔ awakɔ do wowo Da dro koɖo emɔdasɛnamɛ yi tɔwo ji.​—1Kor 15:​23-28; kpɔ immortalité; âme.

29 AVRIL–5 MAI

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 KORƐNTITƆWO 1-3

“Yehowa nyi ‘Mawu nɔ akɔnfafawo keŋkeŋ’ ”

w17.07-EW 13 mm. 4

“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”

4 Mía Fofo si le dziƒo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo, la ŋutɔ hã ƒe ame veviwo, abe Abraham, Isak, Yakob, Mose kple Fia David ene ku. (4 Mose 12:​6-8; Mat. 22:​31, 32; Dɔw. 13:22) Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be Yehowa le mɔ kpɔm vevie, ɛ̃, ele edzrom vevie be yeafɔ wo. (Hiob 14:​14, 15) Ɣemaɣi la, woanɔ lãmesẽ deblibo me eye woakpɔ dzidzɔ. Azɔ hã, bu eŋu kpɔ be, Mawu ƒe Vi si gbɔ melɔ̃a nu le o, si ‘wòlɔ̃ vevie’ la se veve helĩhelĩ heku. (Lod. 8:​22, 30) Nu meli agblɔ ale si gbegbe Yehowa anya se veve gbe ma gbe o.​—Yoh. 5:20; 10:17.

w17.07-EW 15 mm. 14

“Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”

14 Eme kɔ ƒãa be, esesẽna be míanya nya si míagblɔ na ame si ƒe dzi gbã gudugudu le nuxaxa ta. Ke hã, Biblia gblɔ be “nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lod. 12:18) Ame geɖe kpɔ akɔfanya siwo woagblɔ la le agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku me. Gake zi geɖe la, eɖea vi ŋutɔ nenye be ‘èfa avi kple ame siwo le avi fam.’ (Rom. 12:15) Gaby, si srɔ̃ŋutsu ku la, gblɔ be: “Aɖatsiwo koe ɖea nye seselelãmewo fiana. Esia tae mekpɔa akɔfafa ne xɔ̃nyewo fa avi kplim. Ne wofa avi kplim la, mekpɔnɛ be menye nye ɖeka koe le afi aɖe le nu xam o.”

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w16.04-F 32

Enyɔbiɔse ciwo yí so yi hlɛntɔwo gbɔ

Nyi yí nyi ‘jeshidu’ koɖo “ekpeɖonuji” ciwo yí Kristotɔ amɛshiaminɔwo xɔnɔ so Mawu gbɔɔ?​—2 Kor. 1:​21, 22

▪ Jeshidu: Sɔgbe koɖo enyɔsoxuwema ɖekaɔ, Grɛki nyɔgbe ci gɔnmɛ woɖe mɔ “jeshidu” le 2 Korɛntitɔwo 1:22 mɛ nyi “ese koɖo afisasa nyɔgbe ɖeka.” Yi gɔnmɛ yí nyi “eho kanna, ehodaɖɛ, ehosɔɖɛ, awobanu, ci wosɔ lenɔ enu ci wojikɔ axwle ɖɛ, yí sɔ nanɔ kankandoji ɖɛ le ese nu mɔ wojijiɛ axwle nu lɔ nyao, alo yí sɔ ɖonɔ kpe yi ji mɔ woxwle enu lɔ vɔ.” Le amɛshiaminɔwo kpaxweɔ, Mawu nanɔ jeshidu doŋkɔ so fɛncu wowo tɔ nu. Woxo nuxu so efɛn ci woacu nɔ wo vɛ alo wowo fɛncu nu le 2 Korɛntitɔwo 5:​1-5 mɛ mɔ, yɛnyi gbaza magblemagble ci woaxɔ le jeŋkwimɛ. Makumaku nunana lɔ can le fɛncu wowo tɔ lɔ mɛ.​—1 Kor. 15:​48-54.

Le Grɛkigbe ci wodonɔ gbɛ mɛɔ, enyɔgbe ci wozanzan nɔ enyɔgbe jeshidu ca eka koɖo alɔgavi alɔlele tɔ. Ecɛ nyi kpɔwɛ nywi ɖeka nɔ mɛ ciwo yí avanyi nyɔnu nɔ Kristo le kpɔwɛnyɔnunu mɛ.​—2 Kor. 11:2; Enyɔ. 21:​2, 9.

▪ Ekpeɖonuji: Le blemaɔ, wozannɔ ekpeɖonuji shigbe mɔ alɔdodo wema mɛ hannɛ yí sɔ danasɛ mɔ, ŋɖe nyi amɛ ŋtɔ tɔ, kankandoji le ŋɖe nu alo wolɔn do ŋɖe ji. Le amɛshiaminɔwo kpaxweɔ, wosɔ gbɔngbɔn kɔkɔɛ ‘ɖo kpe’ wo ji, alo do jeshi wo le kpɔwɛnyɔnunu mɛ shigbe mɔ Mawu tɔwo hannɛ. (Efe. 1:​13, 14) Ekpeɖonuji lɔ vanyinɔ nyɔnɔnwi keŋkeŋ nɔ amɛshiaminɔ ɖe le hwenu ɖe mɛ gbɔxwe aku, alo gbɔxwe efunkpekpe gangan lɔ atɔ ji.​—Efe. 4:30; Enyɔ. 7:​2-4.

w10-EW 8/1 23

Ènyaa?

Nu kae nye “aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ” si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe?

▪ Paulo ŋlɔ be: “Mawu . . . nɔa ŋgɔ na mí ɣesiaɣi le aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ gã aɖe me ɖekae kple Kristo la, eye wònana wokpɔa eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ la dzea sii toa mía dzi le afi sia afi! Elabena mienye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le ame siwo ɖem wole kple ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la dome; míenye ʋeʋẽ si tsoa ku me yia ku me na ame mamlɛtɔ siawo, eye míenye ʋeʋẽ si tsoa agbe me yia agbe me na ame gbãtɔawo.”​—2 Korintotɔwo 2:​14-16.

Ale si Romatɔwo lɔa gbɔ tsɔna dea bubu aʋafia si ɖu dukɔa ƒe futɔwo dzii ŋu lae apostoloa tsɔ le kpɔɖeŋu wɔm le afi sia. Woɖea aboyonuawo kple ame siwo wolé le aʋa la fiana be amewo nakpɔ, eye wokplɔa nyiwo yia vɔsaƒe esime ameha la nɔa aʋafia si ɖu dzi la kple eƒe aʋakɔa kafum. Ne wolɔ gbɔa vɔ la, ekema wotsɔa nyiawo saa vɔe, eye wowua ame siwo wolé la dometɔ geɖe hã.

Numekugbalẽ aɖe (The International Standard Bible Encyclopedia) gblɔ be “ɖewohĩ ale si Romatɔwo tɔa dzo lifi ne wole gbɔa lɔm” la mee woɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si nye “Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili,” si nye agbe na ame aɖewo, eye wònye ku na ame bubuwo la tso. Egblɔ kpee be: “Ʋeʋẽ lilili si nye aʋadziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu na aʋadziɖulawo la ɖoa ŋku edzi na aboyomeawo ya be ɖewohĩ wole wo wu ge.”

    Wema ciwo yí le Ajagbe mɛ (2015-2025)
    To le mɛ
    Ðo mɛ
    • Aja
    • Miin
    • Cancanwo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Yizanzan sewo
    • Amɛ ŋtɔ nyɔtakankan totowo
    • Paramètres de confidentialité
    • JW.ORG
    • Ðo mɛ
    Miin