INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 14:30
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 30 Mia dometɔ aɖeke made anyigba si dzi meka atam be mianɔ la dzi o,+ negbe Kaleb, Yefune vi kple Yosua, Nun vi ko.+

  • 4 Mose 26:65
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 65 Elabena Yehowa gblɔ le wo ŋu be: “Woaku le gbea dzi godoo.”+ Eya ta wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi kple Yosua, Nun vi la ko.+

  • 4 Mose 32:11, 12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 ‘Ŋutsu siwo ʋu tso Egipte, siwo xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la, makpɔ anyigba+ si meka atam be matsɔ ana Abraham, Isak kple Yakob+ la o, elabena womedze yonyeme kple dzi blibo o, 12 negbe Kaleb,+ si nye Kenizitɔ Yefune ƒe vi kple Yosua,+ Nun vi la ko, elabena woawo dze Yehowa yome kple dzi blibo.’+

  • 5 Mose 1:35, 36
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 35 ‘Dzidzime vɔ̃ɖi sia me ŋutsuwo dometɔ aɖeke makpɔ anyigba nyui si ŋu meka atam ɖo be matsɔ ana mia fofowo la o,+ 36 negbe Kaleb, Yefune vi ko. Akpɔe, eye matsɔ anyigba si dzi wòde la ana eya kple viawo, elabena edze Yehowa yome kple eƒe dzi bliboe.+

  • Yosua 14:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 Azɔ Yuda viwo va Yosua gbɔ le Gilgal,+ eye Kaleb,+ Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ be: “Ènya nya si Yehowa gblɔ+ na Mawu vavã la ƒe ame Mose+ le nye kpli wò ŋu le Kades-Barnea+ la nyuie.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe