-
5 Mose 30:1-3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 “Ne nya siawo katã va dzɔ ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, siwo metsɔ ɖo ŋkuwòme,+ eye nèɖo ŋku wo dzi*+ le dukɔ siwo dome Yehowa wò Mawu nya wò ɖo ɖa la dome,+ 2 eye nètrɔ ɖe Yehowa wò Mawu+ la ŋu heɖo to eƒe gbe tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo+ me, wò kple viwòwo siaa, abe ale si mele se dem na wò egbea ene la, 3 ekema Yehowa wò Mawu akplɔ wò aboyomewo agbɔe,+ eye wòakpɔ nublanui+ na wò agaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome Yehowa wò Mawu ka mi hlẽ ɖo la me.+
-
-
5 Mose 30:8-10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 “Ke àtrɔ ava ahaɖo to Yehowa ƒe gbe, eye àwɔ eƒe se siwo katã dem mele na wò egbea la dzi. 9 Eye Yehowa wò Mawu ana wò asinudɔwɔwɔwo katã nadze edzi na wò geɖe,+ eye wòana viwòwo, wò lãwo, kple wò anyigbadzikutsetsewo nadzi ɖe edzi taŋtaŋ, elabena adzɔ dzi na Yehowa be yeana nu nadze edzi na wò, abe ale si ko wòkpɔ dzidzɔ ɖe tɔgbuiwòwo ŋu ene.+ 10 Elabena ɣemaɣi la, àɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe, eye àlé eƒe sedede kple eƒe ɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la me ɖe asi, eye àtrɔ va Yehowa wò Mawu la gbɔ tso wò dzi blibo kple luʋɔ* blibo me.+
-
-
1 Fiawo 8:48, 49Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
48 eye wotrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe dzi blibo+ kple woƒe luʋɔ* blibo le woƒe futɔ siwo ɖe aboyo wo la ƒe anyigba dzi, eye wotrɔ mo do ɖe anyigba si nètsɔ na wo tɔgbuiwo kple du si nètia kpakple xɔ si metu na wò ŋkɔ+ la ŋu hedo gbe ɖa na wò la, 49 ekema nàse woƒe gbedodoɖa kple woƒe kokoƒoƒo be nàve yewo nu la le nɔwòƒe le dziƒo,+ eye nàwɔ nu si sɔ la na wo,
-