-
5 Mose 30:1-4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
30 “Ne nya siawo katã va dzɔ ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, siwo metsɔ ɖo ŋkuwòme,+ eye nèɖo ŋku wo dzi*+ le dukɔ siwo dome Yehowa wò Mawu nya wò ɖo ɖa la dome,+ 2 eye nètrɔ ɖe Yehowa wò Mawu+ la ŋu heɖo to eƒe gbe tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo+ me, wò kple viwòwo siaa, abe ale si mele se dem na wò egbea ene la, 3 ekema Yehowa wò Mawu akplɔ wò aboyomewo agbɔe,+ eye wòakpɔ nublanui+ na wò agaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome Yehowa wò Mawu ka mi hlẽ ɖo la me.+ 4 Ne keke dziƒo ƒe mlɔenu kee wò ame siwo woka hlẽ la le hã la, Yehowa wò Mawu aƒo wo nu ƒu tso afi ma, eye wòakplɔ wo agbɔe.+
-
-
1 Fiawo 8:47, 48Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
47 eye wonyɔ le wo ɖokuiwo me le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yii la dzi,+ wotrɔ ɖe ŋuwò+ eye woɖe kuku be nàve yewo nu le ame siwo ɖe aboyo wo+ la ƒe anyigba dzi, gblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo; eye míewɔ nu tovo,’+ 48 eye wotrɔ ɖe ŋuwò kple woƒe dzi blibo+ kple woƒe luʋɔ* blibo le woƒe futɔ siwo ɖe aboyo wo la ƒe anyigba dzi, eye wotrɔ mo do ɖe anyigba si nètsɔ na wo tɔgbuiwo kple du si nètia kpakple xɔ si metu na wò ŋkɔ+ la ŋu hedo gbe ɖa na wò la,
-