1 Mose 27:28 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 28 Mawu vavã la nena dziƒozãmu+ kple anyigba wɔnuwo+ kpakple agblemenuku kple wain yeye geɖe wò.+ 5 Mose 33:16 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 16 Kple anyigbadzinu nyuitɔwo kple nu siwo yɔ edzi,+Kpakple Ame si le ŋuve la me la ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe+ ame ŋu. Woava Yosef ƒe ta dzi,Kple ame si woɖe ɖe vovo tso nɔviawo dome la ƒe dzodome.+ Malaki 3:10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 10 Mitsɔ nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la,+ ne nuɖuɖu nanɔ aƒenye me;+ eye mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo+ na mi, eye nyemadudu yayra akɔ ɖe mia dzi va se ɖe esime naneke magahiã mi o hã,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.
16 Kple anyigbadzinu nyuitɔwo kple nu siwo yɔ edzi,+Kpakple Ame si le ŋuve la me la ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe+ ame ŋu. Woava Yosef ƒe ta dzi,Kple ame si woɖe ɖe vovo tso nɔviawo dome la ƒe dzodome.+
10 Mitsɔ nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la,+ ne nuɖuɖu nanɔ aƒenye me;+ eye mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo+ na mi, eye nyemadudu yayra akɔ ɖe mia dzi va se ɖe esime naneke magahiã mi o hã,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.