-
2 Kronika 34:20, 21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Eye fia la de se sia na Hilkiya, Ahikam,+ Safan vi, kple Abdon, Mika vi kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple fia ƒe dɔla Asaya be: 21 “Miyi ɖabia gbe Yehowa ɖe nye kple ame siwo susɔ ɖe Israel kple Yuda la nu le agbalẽ si ŋu woke ɖo la me nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dziku si wòhe gbɔna mía dzi la nu sẽ, le esi mía tɔgbuiwo melé Yehowa ƒe nya la me ɖe asi hewɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.”+
-