INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 22:12, 13
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Eye fia la de se sia na nunɔla Hilkiya, Ahikam,+ Safan vi; Akbor, Mikaya vi, agbalẽŋlɔla Safan kple fia ƒe dɔla Asaya be: 13 “Miyi ɖabia gbe Yehowa ɖe nye kple dukɔ la kple Yuda blibo la nu le agbalẽ sia si ŋu woke ɖo la me nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dziku si wòdo ɖe mía ŋu la nu sẽ,+ le esi mía tɔgbuiwo meɖo to agbalẽ sia me nyawo hewɔ nu siwo katã woŋlɔ le mía ŋu la dzi o ta.”

  • Yeremiya 39:13, 14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 13 Eya ta fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Nebuzaradan kple Nebusazban, si nye Rabsaris* la, Nergal-Sarezer, si nye Rabmag* la, kple Babilon-fia ƒe ame ŋkutawo katã dɔ ame ɖa, 14 eye woyi ɖakplɔ Yeremiya tso Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu+ la vɛ, eye wotsɔe de asi na Gedaliya,+ Ahikam+ vi, ame si nye Safan+ vi, be wòakplɔe ayi eƒe me. Ale wònɔ dukɔ la dome.

  • Yeremiya 40:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Hafi Yeremiya natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ be: “Gbugbɔ yi Gedaliya,+ Ahikam+ vi, Safan+ vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ, eye nànɔ egbɔ le dukɔ la dome; alo afi sia afi si dze ŋuwò be yeayi la, yi faa.”

      Eye fiaŋudzɔlawo ƒe amegã la na nuɖuɖu kple nunanae, eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe