14 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Alakpanya sɔŋ gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me.+ Nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo hã o.+ Alakpaŋutega, afakaka dzodzro, kple woƒe dzi ƒe amebeble gblɔm wole ɖi na mi.+
21 Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe Ahab, Kolaya vi kple Zedekiya, Maaseya vi, ame siwo le alakpanya gblɔm ɖi na mi le nye ŋkɔ me+ la ŋue nye esi, ‘Kpɔ ɖa, matsɔ wo ade asi na Babilon-fia Nebukadnezar,* eye wòawu wo le mia ŋkume.