Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Dɔmakpɔwɔe Akpe na mi kakaka ɖe nyati siwo nɔ tanya si nye “Dɔmakpɔwɔe—Egbɔkpɔnu Li” te la ta. (March 8, 1996) Nyatia do ɣeyiɣi si me menɔ dɔ dim, gake nyemekpɔ dɔa ɖeke o. Medze agbagba to dɔ aɖe vɛ le aƒeme abe alesi miegblɔ le axa 11 ene, eye ele afɔ tsɔm nyuie. Akpe na Yehowa ɖe mia ta!
J. M., French Guiana
Nyatiawo ɖɔ nɔnɔme si me mege ɖo nyitsɔ laa la nyuie. Ehiã be matrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu awɔ “dɔ ƒomevi ɖesiaɖe” ɣleti ʋee aɖewo abe alesi nyati ɖeka gblɔe ene. Gake dzi meɖe le ƒonye o. Medze agbagba be kakaɖedzi nanɔ asinye eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mekpɔ dɔ like aɖe. Srɔ̃nye kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le ɣeyiɣi ma me, elé be na ga nyuie le asiƒeƒle me. Akpe na mi ake ɖe nya siwo kpena ɖe mía ŋu míewɔa Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔ le nɔnɔme sesẽwo me la ta.
U. C., Italy
Aɖaka si gblɔ be “Dɔwɔɖui Toto Vɛ le Aƒeme” koŋue vivi nunye. Gbesiagbe mɔɖela si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelae menye, eye mekpɔ abɔdzokposuku si ŋu mɔnagbalẽ le dzi ƒe eve. Mekpɔa ɖeviwo dzi hafi woyia suku kple ne wokpã eye mekpɔa ga geɖe. Ena mekpɔ ɣeyiɣi ɖea gbeƒã le ŋdɔ me, eye gaƒoƒo ene koe mewɔa dɔ gbesiagbe. Edzea dzila geɖe ŋu ŋutɔ elabena amesi alé be na ɖeviwo nyuie kpɔkpɔ sesẽ ŋutɔ. Mele mɔ kpɔm be ame bubuwo hã akpɔ dɔ si akpe ɖe wo ŋu le Yehowa subɔsubɔ me.
T. K. L., United States
Miedoe ɖa be amesiwo mekpɔ dɔ awɔ o ate ŋu awɔ zikpuiŋuvɔtɔtɔ, takoko, aƒedzikpɔkpɔ, kple dɔ bubuwo le wo ɖokui si. Miegblɔ hã be le nɔnɔme aɖewo me la, woate ŋu ado boblo woƒe dɔwo femaxee alo woaxe nu sue aɖe ko ɖe eta. Ðe manye dada le se dzi le Germany oa?
R. T., Germany
Dukɔ ɖesiaɖe kple eƒe se, eye ɖewohĩ se maɖe mɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu le dukɔ aɖewo me o. Ema tae míegblɔ le axa 9 be ehiã be woanya se siwo ku ɖe ganyawo kple adzɔxexe ŋu eye woawɔ ɖe wo dzi hafi adze dɔ sia gɔme. Wobia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe dukɔ siwo me wole ƒe sewo dzi. (Romatɔwo 13:1)—Etalawo.
Lãwo Kpɔƒe Nyati si nye “Biblia Sɔsrɔ̃—Le Lãwo Kpɔƒe!” vivi nunye ŋutɔ. (March 8, 1996) Nya siwo wogblɔ le lã siwo woyɔ le Biblia me ŋu dzɔ dzi nam. Nyemenya kura be woyɔ gbetedzi le Biblia me o. Memamã si ƒo nu tso anyidiwo ŋu hã vivi nunye. Nyatia de dzi ƒo nam be mawɔ numekuku le lã bubu ŋu ɣleti ɖesiaɖe.
M. F., United States
Xɔ̃nye Lɔlɔ̃a Medi be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime agblɔ ɖe nyati lédziname si nye “Xɔ̃nye Lɔlɔ̃a” ta. (March 8, 1996) Enye dzidzɔ ŋutɔ esi mexlẽe be ƒomedodo nyui ma nɔ ame mawo dome togbɔ be womenye hatiwo kura o hã. Eɖee fia be mehiã be sɔhɛwo xɔlɔ̃ veviwo nanye wo hatiwo ɖeɖeko o. Ame tsitsi geɖewo li siwo si nya geɖe le woagblɔ le nuteƒekpɔkpɔ, nunya, kple nukokoedoname gome.
S. T., England
Nyatia ɖo kpe edzi be ɖeviwo kple ame tsitsiwo ate ŋu anɔ anyi kple wo nɔewo ɖekae eye be ame tsitsiwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo ate ŋu aɖe vi na ɖeviwo. Nye ŋutɔ menɔ xɔ̃nye tsitsi aɖe gbɔ se vivi hekpɔ dzidzɔ gaƒoƒo geɖe. Ekpe ɖe ŋunye geɖe menɔ te ɖe kuxiwo abe zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu ene nu.
W. S., Austria
Vaseɖe fifia la, nyemewɔe kpɔ be masrɔ̃ nu tso ame tsitsiwo gbɔ o. Nyati sia na mekpɔ nusiwo mate ŋu asrɔ̃ tso ame mawo gbɔ azɔ. Medi vevie be mazu xɔlɔ̃ kplikplikpli na ame tsitsi aɖewo siwo si nunya geɖe le la.
R. K., Japan