INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 12/8 axa 32
  • “Mehiã Dzideƒoname Kple Mɔkpɔkpɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mehiã Dzideƒoname Kple Mɔkpɔkpɔ”
  • Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1996
g96 12/8 axa 32

“Mehiã Dzideƒoname Kple Mɔkpɔkpɔ”

Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ame geɖe senɛ nenema egbea. Nyɔnu aɖe si tso Fort Smith, Arkansas, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, tsɔ ɖe nu me be:

“Nyawo le miaƒe agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me ŋutɔ eye woʋãa ame hã. Ŋkeke ʋee aɖewo ko metsɔ xlẽ agbalẽ bliboae. Ena mɔkpɔkpɔm be xexeme yeye si ŋugbe wodo si anɔ Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu te la ava kpuie. Ŋkeke ma dzroam vevie.

“Hafi ɣemaɣi naɖo la, nusi dze ŋgɔm fifiae nye alesi mawɔ atsi agbe le xexe sia me anɔ nudzɔdzɔ ma lalam. Xexeme tiame sia si me dzidzɔdonu aɖeke mele o la na dzi ɖe le ƒonye ŋutɔ. Mehiã dzideƒoname kple mɔkpɔkpɔ. Miegblɔ be ne míelɔ̃ la, miaƒe habɔbɔa ate ŋu ana woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli mí femaxee. Taflatse miate ŋu agblɔ nusi mawɔ be woawɔe kplim la nama? Meka ɖe edzi be aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ sia ade dzi ƒo nam.”

Ne èdi be yeaxɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽ ɖeka alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe