Akɔfafa na Blanuilélawo
“Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” (Romatɔwo 8:22) Amegbetɔwo nɔ fu kpem ŋutɔ esime woŋlɔ nya ma ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia. Ame geɖe lé blanui. Eyata wode dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Mifa akɔ na amesiwo lé blanui.”—Tesalonikatɔwo I, 5:14, New World Translation.
Egbea amegbetɔ ƒe nuxaxa dzi ɖe edzi kura wu, eye ame geɖe wu lé blanui. Gake ɖe wòle be ema nawɔ nuku na mía? Ao, elabena Biblia gblɔ be “ŋkeke mamleawo” mee míele eye wòyɔ wo be ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ.’ (Timoteo II, 3:1-5) Yesu Kristo gblɔe ɖi be le ŋkeke mamleawo me la, ‘ŋɔdzidonuwo’ anɔ anyi.—Luka 21:7-11; Mateo 24:3-14.
Ne dzodzodzoetsitsi, vɔvɔ̃, nuxaxa, alo nɔnɔme manyomanyo mawo tɔgbe ɖe fu na amewo ɣeyiɣi didi aɖe la, zi geɖe la, woléa blanui. Nusi ahe blanuiléle alo nuxaxa vevie vɛ la ate ŋu anye lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku, srɔ̃gbegbe, dɔ si age le ame si, alo dɔléle si mele vɔvɔm o. Amewo léa blanui hã ne wosee le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o, alo wosusu be yewodo kpo nu eye yewomete ŋu wɔ nusi amewo le mɔ kpɔm na la o. Nɔnɔme si te ɖe ame dzi ate ŋu ana dzi naɖe le amesiame ƒo, gake ne ame aɖe see le eɖokui me be mɔkpɔkpɔ mele ye si o eye mele alesi wòawɔ ado le nɔnɔme gbegblẽ aɖe me la kpɔm o la, ate ŋu ana wòalé blanui vevie.
Amewo se seselelãme siawo tɔgbe ke le blemaɣeyiɣiwo me. Dɔléle ɖe fu na Hiob eye dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi. Esee le eɖokui me be Mawu gblẽ ye ɖi, eyata egblɔ be agbe le ŋu nyɔm na ye. (Hiob 10:1; 29:2, 4, 5) Yakob lé blanui le esi wòdze abe ɖe via ku ene ta; melɔ̃ be woafa akɔ na ye o eye wòdi be yeaku. (Mose I, 37:33-35) Esi Fia Dawid nɔ esem le eɖokui me be yeɖi fɔ le nuvɔ̃ gã aɖe wɔwɔ ta la, efa konyi be: “[Melé blanui] le yiyim ŋkekeawo katã. Megbɔdzɔ.”—Psalmo 38:7, 9; Korintotɔwo II, 7:5, 6.
Egbea ame geɖe lé blanui le dɔ geɖe fũ akpa wɔwɔ, kple agbagba dzedze gbesiagbe be woawɔ nusi sɔ gbɔ wu woƒe susu, seselelãme kple ŋutilã ƒe ŋutetewo la ta. Edze abe ɖe xaxa kpakple susu kple seselelãme gbegblẽwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutilã la dzi ahana lãmetsi aɖewo mada asɔ nyuie le ahɔhɔ̃a me o eye wòana woalé blanui ene.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 14:30.
Kpekpeɖeŋu si Wohiã
Epafrodito, si nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si tso Filipi la “[xa] nu ŋutɔ bena, [exɔlɔ̃wo se] eŋkɔ be, dɔ dze edzi.” Ðewohĩ Epafrodito, amesi dze dɔ le esi exɔlɔ̃wo dɔe wòtsɔ nunanawo yi na apostolo Paulo megbe la, see le eɖokui me be yemewɔ nusi ye xɔlɔ̃wo nɔ mɔ kpɔm na la o eye wosusu be yedo kpo nu. (Filipitɔwo 2:25-27; 4:18) Aleke apostolo Paulo kpe ɖe eŋui?
Eɖo Epafrodito ɖe aƒe heŋlɔ agbalẽ de esi be wòatsɔ ayi na exɔlɔ̃ Filipitɔwo be: “Mixɔe [Epafrodito] le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ katã, eye mibu amesiawo tɔgbe.” (Filipitɔwo 2:28-30) Nyateƒe si wònye be Paulo kafu Epafrodito ale gbegbe eye Filipitɔwo xɔe le dzidzɔ kple lɔlɔ̃ me la anya fa akɔ nɛ eye wòkpe ɖe eŋu be eƒe blanuilélea nu yi.
Ðikeke mele eme o be aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘woafa akɔ na amesiwo lé blanui’ lae nye nyuitɔ kekeake. Nyɔnu aɖe si blanuiléle ɖe fu na la gblɔ be: “Nusi hiã vevie wue nye be nànya be ame bubuwo tsɔ ɖe le eme na ye abe amegbetɔ ene. Ehiã be nàsee be ame aɖe nagblɔ be, ‘Mese egɔme; ele nyonyo ge.’”
Zi geɖe la ehiãna be amesi lé blanui la nawɔ afɔɖeɖe adi amesi sea veve ɖe ame nu si wòagblɔ eƒe dzimenyawo na. Ele be amesia nanye toɖola nyui eye wòagbɔ dzi ɖi ŋutɔ. Mele be wòaƒo nu na blanuiléla la legbee alo agblɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo abe, ‘Mele be nàsee le ɖokuiwò me nenema o’ alo ‘Nɔnɔme ma mesɔ o’ la ene o. Blanuiléla la ƒe seselelãmewo tɔtɔna bɔbɔe, eye ɖeko ɖeklemiɖenya mawo tɔgbe agana susu si le esi ɖe eɖokui ŋu la nagblẽ ɖe edzi wu.
Amesi lé blanui ate ŋu ase le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. (Yona 4:3) Gake ele be woaɖo ŋku edzi be alesi Mawu bua amee ye nye nusi le vevie. Amewo ‘mebu’ Yesu Kristo “ɖe naneke me o,” gake esia mena asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le eŋu le Mawu ŋkume la trɔ o. (Yesaya 53:3) Àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ wò hã, abe alesi wòlɔ̃a Via lɔlɔ̃a ene.—Yohanes 3:16.
Amesiwo nɔ xaxa me la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wòdze agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be yewole vevie. (Mateo 9:36; 11:28-30; 14:14) Eɖe eme be atsutsre sue maɖinuwo gɔ̃ hã le vevie na Mawu. Egblɔ be: “Womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o.” Aleke Mawu bua amegbetɔ siwo dzea agbagba be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la geɖe wue nye si! Yesu gblɔ le amesiawo ŋu be: “Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã.”—Luka 12:6, 7.
Nyateƒee, asesẽ na amesi lé blanui vevie eye eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple vodadawo te ɖe edzi la be wòaxɔe ase be Mawu bua ye be yele vevie nenema gbegbe. Ðewohĩ aka ɖe edzi be yemedze be Mawu nalɔ̃ ye ahalé be na ye o. Mawu ƒe Nya la lɔ̃ ɖe edzi be: “Míaƒe dzi [abu] fɔ mí.” Gake ema dzie woanɔ te ɖo atso nya mea? Ao, menye eyae o. Mawu nya be amegbetɔ nuvɔ̃mewo abu tame le mɔ gbegblẽ nu eye woabu fɔ wo ɖokui gɔ̃ hã. Eyata eƒe Nya la faa akɔ na wo be: “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.”—Yohanes I, 3:19, 20.
Ẽ, menye míaƒe nuvɔ̃wo kple vodadawo koe míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la kpɔna o. Enya nɔnɔme siwo tae, míaƒe agbenɔnɔ bliboa, kple míaƒe susuwo kpakple tameɖoɖowo. Enya be míenyi nuvɔ̃, dɔléle kple ku ƒe dome eyata nu geɖewo xea mɔ na mí. Nyateƒe si wònye be míele nu xam eye wòve mí la ɖeɖe dzaa nye kpeɖodzi be míedi be míawɔ nuvɔ̃ o eye míewɔe wògbɔ eme akpa o. Biblia la gblɔ be “wobɔbɔ” mí “ɖe gbegblẽ la te,” esi menye míaƒe lɔlɔ̃nu o. Eyata Mawu sea nu gɔme na mí le míaƒe nɔnɔme wɔnublanui la me, eye wòtsɔa veveseɖeamenu bua mí be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe míenye.—Romatɔwo 5:12; 8:20.
Woka ɖe edzi na mí be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:8, 12, 14) Nyateƒee, Yehowae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi [faa] akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.”—Korintotɔwo II, 1:3, 4.
Kpekpeɖeŋu si blanuilélawo hiã vevie wu la tsoa tete ɖe woƒe Mawu nublanuikpɔla la ŋu kplikplikpli kple eƒe amekpekpe be ‘woatsɔ woƒe nyawo adro ɖe ye dzi’ la dzi wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, ate ŋu “[agbɔ] agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.” (Psalmo 55:23; Yesaya 57:15) Eyata Mawu ƒe Nya la dea dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa, esi wògblɔ be: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Yehowa] dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Ẽ, woate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli to gbedodoɖa kple kukuɖeɖe dzi eye “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” asu wo si.—Filipitɔwo 4:6, 7; Psalmo 16:8, 9.
Ðɔɖɔɖo siwo sɔ wɔwɔ le agbenɔnɔ me hã ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòaɖu blanuiléle dzi. Kamedede, nu nyui ɖuɖu, ya fafɛ xɔxɔ kple ɖiɖi ɖe eme nyuie, kpakple television si womakpɔ fũ akpa o le vevie. Nyɔnu aɖe kpe ɖe amesiwo lé blanui ŋu to nana woazɔ sesĩe dzi. Esi nyɔnu aɖe si lé blanui gblɔ be: “Nyemedi be maɖi tsa o” la, nyɔnu la ɖo eŋu tamanamanae gake kple gbe bɔbɔe be: “Ẽ, èle yiyi ge.” Nyɔnua ka nya ta be: ‘Míezɔ kilometa 6. Esi míetrɔ gbɔ la, ɖeɖi te eŋu, gake ehaya wu tsã. Màxɔ edzi ase be kamedede vevie kpena ɖe ame ŋu o vaseɖe esime nètee kpɔ hafi.’
Gake ɣeaɖewoɣi la, blanuiléle dzi menya ɖuna keŋkeŋ o, ne wote nusianu, kple atikewɔwɔ gɔ̃ hã kpɔ. Nyɔnu aɖe si ƒe tsitsime anɔ ƒe 40 kple 60 dome la gblɔ be: “Mete nusianu kpɔ, gake blanuilélea kpɔtɔ li koe.” Nenema kee zi geɖe la, womete ŋu daa dɔ na ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, alo tekunɔwo fifia o. Gake amesiwo lé blanui ate ŋu akpɔ akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ ne woxlẽa Mawu ƒe Nya, si naa mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le be woaɖe amegbetɔ ƒe kuxiwo katã ɖa tegbee, la edziedzi.—Romatɔwo 12:12; 15:4.
Ɣeyiɣi si me Ame Aɖeke Magalé Blanui O
Esi Yesu nɔ nu dziŋɔ siwo adzɔ le anyigba dzi le ŋkeke mamleawo me la ɖɔm la, egblɔ kpee be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.” (Luka 21:28) Yesu nɔ nu ƒom tso ɖeɖe ayi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeyea me ŋu, afisi “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me” le.—Romatɔwo 8:21.
Gbɔdzɔe kae nye si asu amegbetɔƒomea si be woavo tso agba siwo nɔ wo dzi tsã la si me eye ne wofɔ gbesiagbe la, woƒe susu me akɔ keŋkeŋ eye dzo aɖo wo me ɖe ŋkekea ƒe dɔwo wɔwɔ ŋu! Blanuiléle ƒe kuxia magaɖe fu na ame aɖeke o. Ŋugbe si ŋu kakaɖedzi le si wodo na ameƒome lae nye be Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.