INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • la akpa 8 axa 25-27
  • Alesi Míagava Nɔ Agbe Si Me Dzidzeme Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míagava Nɔ Agbe Si Me Dzidzeme Le
  • Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristo Ƒe Tafe Mawu Ƒe Agbexɔxɔmɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ɣeyiɣi Si Me Kluvimenɔnɔ Nu Ayi!
    Nyɔ!—2002
  • Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ale Si Yesu Ƒe Ku Ate Ŋu Aɖe Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe
la akpa 8 axa 25-27

AKPA 8

Alesi Míagava Nɔ Agbe si me Dzidzeme Le

TOGBƆ be ameƒomea ƒe agbenɔnɔ va zu yaka le woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu ta hã la, Mawu megblẽ amegbetɔwo ɖi mɔkpɔkpɔ manɔanyii o. Biblia gblɔ be: “Wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:20, 21) Ẽ, Mawu na mɔkpɔkpɔ atsu kple asi gbãtɔa ƒe dzidzimeviwo. Enye mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le be woaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome wonyi la me. Ƒomedodo kplikplikpli agate ŋu ava nɔ wo kple Yehowa Mawu dome. To mɔ ka nu?

Ðevi siwo nye kluviwo

Mawu na mɔkpɔkpɔ ameƒomea bene woate ŋu aɖe wo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me

2 Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ la, wona agbe si me dzidzeme le nɔnɔ le anyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ to woƒe dzidzimeviwo ŋu. Wodzra ƒome si ava nɔ wo si la de nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me hexɔ gome si su wo si be woaɖo nyui kple vɔ̃ na wo ɖokui la ɖe eteƒe. Esi wodzi woƒe dzidzimeviwo de ƒome sia tɔgbe me ta la, ɖeko wova le abe kluvi siwo wosika ɖe saɖagaƒukpo aɖe si dzi dziɖula ŋutasẽlawo nye fiawo le ene. Le nyateƒe me la, ku ɖu fia ɖe ameƒome si nye kluviwo na fia bubu—si nye nuvɔ̃—dzi. (Romatɔwo 5:14, 21) Ewɔ abe ame aɖeke meli axɔ na wo o ene. Nya lae nye be wo tɔgbui ye dzra wo de kluvinyenye me! Gake ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe dɔ via ɖa, amesi va xe fe si hiã be woana ablɔɖe amesiwo katã le kluvinyenye me.—Psalmo 51:7; 146:4; Romatɔwo 8:2.

Yosef kple Maria kpakple Yesu vidzĩ la

3 Ŋutsu si xɔ na kluviawo le kpɔɖeŋu sia me tsi tre ɖi na Yehowa Mawu. Viŋutsu si va xe fea be woakpɔ ablɔɖe lae nye Yesu Kristo. Enye Mawu ƒe Tenuvi nɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ. (Yohanes 3:16) Eyae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye nuwɔwɔ bubu siwo katã le xexeame godoo la va li to eyama dzi. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Yehowa to nukumɔ aɖe nu trɔ Gbɔgbɔmevi sia ƒe agbe de ɖetugbi nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me, si na be wote ŋu dzi vidzĩa ame debliboe, si nye nusi woatsɔ axe fe si hiã woatsɔ akpɔ Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe nudidiwo gbɔe.—Luka 1:26-31, 34, 35.

Yesu le nu fiam eyomedzelawo

4 Esi Yesu xɔ anɔ ƒe 30 la, wonyrɔe ɖe Yordan-tɔsisi me. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe, alo Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, si ami nɛ le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi. Ewɔe be wòva zu Kristo, si gɔmee nye “Amesiamina.” (Luka 3:21, 22) Yesu ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ le anyigba dzi xɔ ƒe etɔ̃ kple afã. Le ƒe mawo me la, efia nu eyomedzelawo tso ‘Mawu ƒe fiaɖuƒe,’ si nye dziƒodziɖuɖu si te ameƒomea agava nɔ ŋutifafa me kple Yehowa Mawu le la ŋu. (Luka 4:43; Mateo 4:17) Yesu nya alesi amegbetɔwo awɔ anɔ agbe le dzidzɔ me, eye etɔ asi dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti mɔfiamewo dzi na eyomedzelawo. Nukata màʋu Mateo ta 5 va ɖo 7 le wò Biblia me axlẽ nusiwo wòfia le Todzimawunyaa me dometɔ aɖewo o?

Ðe màda akpe tso dzime ke na amesi ɖe wò tso kluvinyenye me oa?

5 Yesu ɖo to Mawu le nusianu me le eƒe agbenɔnɔ me si na wòto vovo na Adam. “Mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” (Petro I, 2:22; Hebritɔwo 7:26) Le nyateƒe me la, gome nɔ esi be wòanɔ agbe tegbee le anyigba dzi hafi, gake ‘etsɔ eƒe luʋɔ na’ be yeaxe nusi Adam bu la ƒe fe na Mawu. Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe na le fuwɔameti ŋu. (Yohanes 10:17; 19:17, 18, 28-30; Romatɔwo 5:19, 21; Filipitɔwo 2:8) Yesu wɔ nusia hetsɔ tafe na, alo xe fe si hiã be woagbugbɔ aƒle ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. (Mateo 20:28) Tsɔe be yele dɔ wɔm le dɔwɔƒe madeamedzi aɖe, eye wò agbenɔnɔ le ko abe kluvi ŋutɔŋutɔ tɔ ene. Ðe màda akpe tso dzime ke na amesi wɔ ɖoɖo be yeaɖe wò tso kluvinyenyea me kpakple na amesi tsɔ eɖokui na be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔe ɖe tɔwò ta oa? To tafe ƒe ɖoɖoa dzi la, mɔ ʋu ɖi na wò be nàgatrɔ ava Mawu ƒe xexeame godoo ƒe ƒomea me eye be nànɔ agbe si me dzidzeme vavãtɔ le, avo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me.—Korintotɔwo II, 5:14, 15.

Asrafowo le Yesu hem ɖe fuwɔameti ŋu

6 Yehowa ƒe amenuveve sia kpɔkpɔ dze sii kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu nye susu sẽŋu si ta wòle be nàtsɔ Biblia me nya siwo me nunya le la awɔ dɔe le wò agbe me. Le kpɔɖeŋu me, bu gɔmeɖose siwo dzi wɔwɔ sesẽ wu la dometɔ ɖeka ŋu kpɔ—eyae nye be nàtsɔ ake amewo ne wodze agɔ le dziwò. Èɖo ŋku nya siwo le Kolosetɔwo ta 3, kpukpui 12 va ɖo 14 me nya siwo ŋu míede ŋugble le le Nusɔsrɔ̃ 2 lia me dzia? Kpukpui mawo de dzi ƒo na wò be nàtsɔ ake amewo ne nya aɖe le asiwò ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Nya bubu siwo ƒo xlã kpukpuia ɖe nusita wòle nenema me be: “Alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!” Ne nusi Yehowa kple Yesu Kristo wɔ na ameƒomea de dzi gbɔ na wò ko la, aʋã wò be nàtsɔ nuka ke amewo wɔ ɖe ŋuwò la ake wo, vevietɔ ne wotrɔ dzime heɖe kuku.

NUKAE NÈSUSU?

  1. 1. Ðe Yehowa gblẽ amegbetɔwo ɖi mɔkpɔkpɔ manɔanyiia?

  2. 2. Nukae míate ŋu atsɔ nusi Adam wɔ na eƒe dzidzimeviwo asɔ kplii?

  3. 3. Nukatae ɖetugbi nɔaƒe aɖe dzi Yesu Kristo?

  4. 4. Nusiwo Yesu Kristo fia dometɔ aɖewo ɖe, eye nukatae wowɔa dɔ ɖo?

  5. 5, 6. Aleke wò ŋutɔ nèsena le ɖokuiwò me tso nusi Yehowa kple Yesu wɔ na ameƒomea ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe