NUSƆSRƆ̃ 23
Eŋudɔwɔwɔ Ƒe Vevienyenye Nadze Ƒã
EÐANYE ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒo gãe nèle nu ƒom na o, nunya manɔ eme be nàsusui be wò nuƒoa adzɔ dzi na wò nyasela(wo) le esi wòdzɔ dzi na wò ŋutɔ ta o. Wò nya la le vevie, gake ate ŋu adzɔ be màlé wò nyaselawo ƒe ɖetsɔleme ɖe te ɣeyiɣi didi ne mèna eŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye dze ƒã o.
Ele alea le Fiaɖuƒe Akpata me nyaselawo gɔ̃ hã gome. Ðewohĩ woƒe susu atrɔ ɖe nya la ŋu ne èle kpɔɖeŋu alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe si womese kpɔ o gblɔm. Gake woƒe susu ate ŋu agadzo le edzi ne èle nu ƒom tso nusiwo wonya xoxo ŋu, vevietɔ nenye be mègatrɔ asi le eŋu yi ŋgɔe o. Ele be nàkpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusita nya si gblɔm nèle aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ kple alesi wòaɖe vi na woe la adze sii.
Biblia de dzi ƒo na mí be míabu nu ŋu abe alesi nuwo le le agbe me ŋutɔŋutɔ ene. (Lod. 3:21) Yehowa zã Yohanes Amenyrɔɖetsimela be wòafia mɔ amewo va “ame dzɔdzɔewo ƒe nunya [ŋutɔŋutɔ] me.” (Luka 1:17) Nunya siae nye esi wotu ɖe Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔ dzi. (Ps. 111:10) Amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe nunya sia ŋu va xɔa kpekpeɖeŋu be woakpe akɔ kple agbenɔnɔ dzidzedzetɔe fifia eye bene woƒe asi nasu agbe vavãtɔ, si nye agbe mavɔ si gbɔna, la dzi.—Tim. I, 4:8; 6:19.
Ewɔwɔ be Nuƒoa Nasɔ Ðe Agbemenudzɔdzɔ Ŋutɔŋutɔwo Nu. Be wò nuƒoa nasɔ ɖe nusiwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ nu la, ahiã be nàbu nyatia kple wò nyaselawo siaa ŋu vevie. Mègabu wo be wonye ƒuƒoƒo dzro aɖe ko o. Ame ɖekaɖekawo kple ƒomewoe le ƒuƒoƒo ma me. Wo dometɔ aɖewo anye ɖeviwo, ƒewuiviwo, ame tsitsiwo, kpakple amegãɖeɖi kple nyagãɖeɖiwo. Ðewohĩ ɖetsɔlemetɔ yeyewo kpakple amesiwo dze Yehowa subɔsubɔ gɔme hafi wodzi wò ŋutɔ gɔ̃ hã anɔ wo dome. Wo dometɔ aɖewo anye gbɔgbɔmemetsitsiwo; bubuwo anye amesiwo dzi xexeame ƒe nɔnɔme alo nuwɔna aɖewo gakpɔ ŋusẽ ɖo vevie kokoko. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke nyati si me dzro ge megbɔna aɖe vi na nyaselawoe? Aleke mawɔ akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ nya vevi si le eme la adze sii?’ Ðewohĩ àtiae be yeada susu ɖe ƒuƒoƒo siwo míeyɔ le afisia dometɔ ɖeka alo eve aɖewo koŋ dzi. Ke hã mègaŋlɔ bubuawo be keŋkeŋ o.
Ke ne Biblia ƒe gɔmedzenufiafia aɖe ŋue wode dɔ asi na wò be nàƒo nu tsoe ɖe? Aleke nàwɔ nuƒoa naɖe vi na nyasela siwo xɔ nufiafia ma dzi se xoxo lae? Dze agbagba nàgatu woƒe kakaɖedzi ɖo ɖe edzi. To mɔ ka nu? To Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzinyawo ŋu bubu kple wo me. Àte ŋu ana hã be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia ma ŋu nagade to ɖe edzi. Àte ŋu awɔ esia to eɖeɖe fia me be nufiafia sia wɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒe bubuwo kpakple Yehowa ŋutɔ ƒe amenyenye. Zã kpɔɖeŋuwo—agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo ne anya wɔ—si afia alesi nufiafia sia gɔmesese ɖe vi na amewoe kple alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nukpɔsusu le etsɔme ŋu dzii.
Alesi woawɔ eŋudɔe megase ɖe nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ le wò nuƒoa ƒe nyataƒonya me ko dzi o. Tso nuƒoa ƒe gɔmedzedze ke la, ele be nyasela ɖesiaɖe nase le eɖokui me be “nya sia kam.” Le gɔmeɖoanyi sia ɖoɖo vɔ megbe la, yi edzi nàna eŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye nadze esi nèle nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe me dzrom le nuƒoa ŋutɔ me kpakple le eƒe nuwuwu siaa.
Ne èle alesi woawɔ eŋudɔe fiam la, kpɔ egbɔ be yewɔe le mɔ si wɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Esia gɔme ɖe? Efia be nàwɔe le lɔlɔ̃ kple veveseseɖeamenu ɖeɖe fia me. (Pet. I, 3:8; Yoh. I, 4:8) Esi apostolo Paulo nɔ nya sesẽwo gɔ̃ hã gbɔ kpɔm le Tesalonika la, ekpɔ egbɔ be yeƒo nu tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo nɔ afima ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui ŋu alesi dze. Eɖe kakaɖedzi hã fia be le nya si me dzrom yenɔ ɣemaɣi me la, anye woƒe didi be yewoawɔ nusi sɔ. (Tes. I, 4:1-12) Kpɔɖeŋu nyui si wòle be míasrɔ̃ kae nye si!
Ðe wò nuƒoa ƒe taɖodzinu enye be wòaʋã nɔviwo na nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple nufiafia amewoa? Tu woƒe dzonɔameme kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ɖo. Gake le esia wɔwɔ me la, nenɔ susu me na wò be akpa si amesiame ate ŋu awɔ le dɔ sia me la le vovovo, eye Biblia hã bu nuwo ŋu alea. (Mat. 13:23) Mègana nɔviwòwo nanɔ fɔɖiɖi sem le wo ɖokui me o. Hebritɔwo 10:24 xlɔ̃ nu mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” Ne míeʋã wo le lɔlɔ̃ me la, dɔwɔwɔwo akplɔe ɖo kple susu nyui. Le esi míazi wo dzi be woawɔ nusi míedi teƒe la, de dzesii be nusi dim Yehowa le boŋ enye be míade “xɔse ƒe toɖoɖo” ƒe dzi ƒo. (Rom. 16:26) Ne esia le susu me na mí la, míadi be míado ŋusẽ xɔse—mía ŋutɔwo kple mía nɔviwo tɔ siaa.
Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woakpɔ Eƒe Vevienyenye. Ne èle gbeƒã ɖem na amewo la, ɖo ŋku edzi nàna nyanyuia tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ƒe vevienyenye nadze ƒã. Esia bia be nànya nusi le susu me na wò anyigbamama me tɔwo. Aleke nàwɔ anya? Ðo to radio alo television dzi nyadzɔdzɔwo. Kpɔ nya vevi siwo le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe axa gbãtɔ. Hekpe ɖe eŋu la, dze agbagba nàhe amewo ade dzeɖoɖo me, eye ɖo to ne wole nu ƒom. Ðewohĩ àkpɔe be wole ʋiʋlim be yewoakpɔ kuxi kpatawo gbɔ—anye dɔ ƒe gbegblẽ na ame, xɔfe xexe, dɔdzedze, ƒometɔ aɖe ƒe ku, nuvlowɔwɔ, amegã aɖe ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe wo ŋu, srɔ̃ɖeɖe me ƒe gbegblẽ, ɖeviwo hehe, kpakple bubuawo. Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋua? Godoo.
Anɔ eme be nyati aɖe anɔ susu me na wò ne èdze dzeɖoɖo gɔme. Gake ne amea ɖee fia be nya bubu aɖe hiã ye kpata wu la, mègahe ɖe megbe le nyati ma boŋ me dzodzro me ne anya wɔ o, alo gblɔ nɛ be yeayi aɖadi nyatakaka nyui aɖewo atrɔ ava. Gake ‘míedea nu nya siwo meka mí o me ya o,’ ke boŋ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo wɔa dɔ lae míetsɔa dzidzɔ gblɔna na amewo. (Tes. II, 3:11) Edze ƒã be nusi wɔa dɔ ɖe amewo dzi wu enye Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu.
Ne amewo mekpɔ alesi míaƒe gbedasia ka woe o la, woate ŋu atsi dzeɖoɖoa nu enumake. Ne woɖe mɔ na mí be míaƒo nu gɔ̃ hã la, míaƒe nyaa mawɔ dɔ boo aɖeke ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi o, nenye be míena nyaa ŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye dze ƒã o. Gake ne míena amewo kpɔ alesi nya la sɔ ɖe woƒe agbemenuhiahiãwo nui la, míaƒe dzeɖoɖoa ate ŋu anye nusi aʋã wo woawɔ tɔtrɔ veviwo le woƒe agbenɔnɔ me.
Ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, yi edzi nànɔ gbe tem ɖe nyawo dzi wɔwɔ dzi. (Lod. 4:7) Kpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amewo, gɔmeɖosewo, kple kpɔɖeŋu siwo fia alesi woazɔ Yehowa ƒe mɔwo dzii la gɔme. Te gbe ɖe viɖe siwo esia wɔwɔ hena vɛ dzi. (Yes. 48:17, 18) Aʋã nusrɔ̃viwo be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã le woƒe agbenɔnɔ me. Na lɔlɔ̃ na Yehowa kple didi be yewoawɔ nusi dzea eŋu nasẽ ŋu ɖe wo me, eye na nusi aʋã wo be woawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me nuxlɔ̃amenyawo dzi la natso ememe, tso woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me faa.