INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 47-axa 51
  • Nuƒo Dzadzraɖo Hena Hamea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuƒo Dzadzraɖo Hena Hamea
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Xexlẽ me Nya Veviwo
  • Nufiamenuƒo
  • Subɔsubɔ Kpekpe
  • Takpekpe Suewo Kple Gãawo
  • Mègahe Megbelele O
  • Sukuviwo ƒe Sukua me Dɔdasiwo Dzadzraɖo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Akpa Si Wode Asi Ŋudɔwɔwɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dutoƒonuƒowo Dzadzraɖo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 47-axa 51

Nuƒo Dzadzraɖo Hena Hamea

WOWƆ Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe ɖoɖowɔɖia be wòaɖe vi na hamea katã. Wonaa nyatakaka xɔasiwo hã le hame ƒe kpekpe bubuwo kpakple takpekpe suewo kple gãawo me. Agbanɔamedzi kpekpe wònye ne wona dɔ siawo ƒe ɖe wò. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo, amesi nye Kristotɔ dzikpɔla, be nekpɔ eƒe nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi. (Tim. I, 4:16) Amesiwo vaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo la dia ɣeyiɣi dana ɖi koŋ—eye le ame aɖewo gome la, enyea agbagbadzedze blibo—be woade kpekpewo ne woafia nu wo le woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Be nànye amesi dzi woato ana nufiame sia nye gomekpɔkpɔ manyagblɔ vavã! Aleke nàkpɔ egbɔe wòanyo?

Biblia Xexlẽ me Nya Veviwo

Sukua ƒe akpa sia nɔ te ɖe Biblia ƒe afisi wode asi be woaxlẽ le kwasiɖaa me dzi. Ele be nusi dzi woate gbe ɖo la nanye alesi nyaa ka míi egbea. Abe alesi Nexemya 8:8 gblɔe ene la, Ezra kple eƒe dɔwɔhatiwo xlẽ Mawu ƒe Nya la le dutoƒo, ɖe eme, “ale be wose nusi woxlẽ la gɔme,” eye ameawo kpɔ gɔmesese deto. Nuƒo si nàƒo le Biblia xexlẽ me nya veviawo ŋu la nye mɔnukpɔkpɔ be wò hã nàwɔ esia.

Aleke wòle be nàdzra dɔdasi sia ɖoe? Ne anya wɔ la, xlẽ Biblia ƒe akpa si wode asi la kwasiɖa ɖeka alo esi wu ema do ŋgɔ. Azɔ tsɔ hame si me nèle kple eƒe nuhiahiãwo yi ŋugble mee. Tsɔe de gbedodoɖa me. Aɖaŋuɖoɖo, kpɔɖeŋu, kple gɔmeɖose kawoe dze le Mawu ƒe Nya ƒe afisia, siwo kpɔ nuhiahiã mawo gbɔ?

Numekuku le vevie. Watchtower Library si le CD-ROM dzi alo Watchtower Publications Index le mia degbe mea? (Woŋlɔa tanya vovovo siwo dze le Gbetakpɔxɔ me le ƒe bliboa me la ɖe tata mamlɛtɔ me ne ƒea wu enu). Ne woli la, ekema wɔ wo ŋudɔ bliboe. Ne èwɔ numekuku le kpukpui siwo nètia, siwo me Habɔbɔa ɖe va yi ŋu la, ate ŋu anɔ eme be àkpɔ numekɔkɔ, nyagblɔɖiwo me vava ŋuti numeɖeɖewo, nusi mawunyakpukpui aɖewo gblɔ le Yehowa ŋu la me kɔkɔ, alo gɔmeɖosewo ŋu nyamekɔkɔwo. Mègagblɔ nya fũ o. Tia kpukpui ʋɛ aɖewo ko nàɖe wo me. Enyo sã wu be nàƒo nu tso kpukpui ʋɛ aɖewo ko ŋu ahaɖe wo me nyuie.

Ate ŋu ahiã le wò dɔdasia wɔwɔ me be nàbia nya nyaselawo ne woagblɔ alesi kwasiɖaa ƒe Biblia xexlẽ ɖe vi na woe. Nukawo ŋue woke ɖo siwo aɖe vi na wo le woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ me alo le woƒe subɔsubɔdɔ, alo agbenɔnɔ me? Yehowa ƒe nɔnɔme kawoe dze le alesi wòwɔ nu kple ame vovovowo eye kple dukɔwo ŋui me? Nukawoe nyaselawo srɔ̃ siwo do ŋusẽ woƒe xɔse eye wòna woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu gaƒo ke ɖe to ɖe edzi? Mègagblɔ nyatinyati siwo gɔmesese sesẽ o. Te gbe ɖe nya vevi siwo nètia la ƒe gɔmesese kple viɖe dzi.

Nufiamenuƒo

Esia nɔa te ɖe nyati aɖe si wota ɖe Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! alo kura gɔ̃ hã habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe me dzi. Zi geɖe la, nuƒoƒo tso nya siwo le wo me ŋu la xɔa ɣeyiɣi didi wu game si woɖo na nuƒoa ƒoƒo. Aleke wòle be nàwɔ dɔdasi lae? Ele be nàwɔe abe nufiala ene, ke menye abe ame aɖe si le nu ƒom tso wo me nyawo ŋu ko ene o. Ele be dzikpɔla nanye “amesi nya nufiafia.”—Tim. I, 3:2.

Dze wò dzadzraɖoa gɔme kple dɔdasia sɔsrɔ̃. Xlẽ ŋɔŋlɔawo. De ŋugble. Dze agbagba nàwɔ ema ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na gbesigbe nàƒo nuƒoa. Nenɔ susu me na wò be wode dzi ƒo na nɔviawo be woaxlẽ afisi nuƒoa tso la do ŋgɔ. Menye wò dɔdasi lae nye be nàdzro eme alo atoe ɖe eme ko evɔ o, ke boŋ be nàfia alesi woatsɔe awɔ dɔe. Zã dɔdasia ƒe akpa siwo sɔ la le mɔ si aɖe vi blibo na hamea nu.

Ðevi ɖesiaɖe kple eƒe amenyenyee, eye nenema ke hame ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔme siwo ɖe dzesi. Dzila si nye nufiala nyui la, menye agbenyuinɔnɔ ƒe sewo koe wòkuna ɖe to me na via o. Eɖea susu kple via. Eɖoa ŋku ɖevia ƒe amenyenye kple kuxi siwo ɖevia le avu wɔm kplii la dzi. Nenema ke nufiala siwo le hamea me la dzea agbagba be woakpe akɔ kple ƒuƒoƒo si wole nu ƒom na la ƒe nuhiahiãwo ahawɔ dɔ tso wo ŋu. Ke hã nufiala si ɖɔ ŋu ɖo la magblɔ kpɔɖeŋu siwo ado ŋukpe ame aɖeke le nyaselawo dome o. Afia asi viɖe siwo kpɔm wole xoxo le Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ ta, eye ate gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe hamea ŋu be woakpɔ ta na kuxi siwo dze ŋgɔ wo dzidzedzetɔe la dzi.

Ne wotrɔ asi le nufiafia ŋu nyuie la, edea nyaselawo ƒe dzi gbɔ. Menye nyateƒenyawo gbɔgblɔ ɖeɖekoe esia bia o, ke ebia ŋudzedzekpɔkpɔ tutuɖo ɖe nusi nyateƒenya siawo fia la hã ŋu. Ebia ɖetsɔleme vavãtɔ na amesiwo wole nu fiamee hã. Ele na alẽkplɔla siwo nye gbɔgbɔmemewo be woanya alẽha la. Ne kuxi siwo me tom ame vovovowo le la le susu me na wo lɔlɔ̃tɔe la, woate ŋu ade dzi ƒo, aƒo nu kple nugɔmesese, nublanuikpɔkpɔ, kple veveseseɖeamenu.

Abe alesi nufiala bibiwo nyae ene la, ele be taɖodzinu gobi si dze ƒã nanɔ nuƒo si. Ele be woaƒo nuƒoa ale gbegbe be nya veviawo naɖe dzesi eye be woate ŋu aɖo ŋku wo dzi. Ele be nyaselawo nate ŋu aɖo ŋku nya veviawo, nya siwo akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi, la dzi.

Subɔsubɔ Kpekpe

Ne èle nuƒo si nɔ te ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe nyati aɖe dzi ƒom la, nusi wodi tso asiwò la ato vovo vie. Àkpɔe le go sia me be zi geɖe la, woadi tso asiwò be nyaselawo ƒe asi naka nusiwo katã wota ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, ke menye be nàtia nusi le vevie wu o. Kpe ɖe nyaselawo ŋu be woabu ŋɔŋlɔ siwo dzi aɖaŋuɖoɖoawo nɔ te ɖo la ŋu vevie. (Tito 1:9) Ɣeyiɣia mesɔ gbɔ o eye zi geɖe la, womate ŋu atsɔ nya bubuwo akpee o.

Gake woate ŋu ade dɔ asi na wò be nàƒo nuƒo si menɔ te ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe nyati aɖeke dzi o. Ðewohĩ woafia asi Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe, alo woagblɔ nya ʋɛ aɖewo ko le dɔdasia ŋu. Abe nufiala ene la, ekpɔ ŋkuwòme be nàbu hamea ƒe nuhiahiãwo ŋu le ɖekawɔwɔ me kple dɔdasia. Ðewohĩ ahiã be nàgblɔ kpɔɖeŋunya kpui aɖe si ɖo kpe nya vevi aɖe dzi alo nàgblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si sɔ. Ðo ŋku edzi be menye wò dɔdasia koe nye be nàƒo nu le nyatia ŋu ko evɔ o, ke boŋ be nàtrɔ asi le eŋu ale gbegbe be wòakpe ɖe hamea ŋu woawɔ dɔ si Mawu ƒe Nya la de asi na wo, eye dzi nadzɔ wo le ewɔwɔ me.—Dɔw. 20:20, 21.

Ne èle wò dɔdasia dzram ɖo la, nɔ hamea me tɔwo ƒe nuhiahiãwo hã ŋu bum. Kafu wo ɖe nusi wole wɔwɔm xoxo la ta. Aleke woƒe bibi kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me adzi ɖe edzi ne wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le dɔdasia me la dzii?

Ðe wò dɔdasia bia be woawɔ wɔwɔfia alo abia gbe amewoa? Ekema ele be woadzra ɖo ɖe eŋu nyuie do ŋgɔ. Enye nusi le bɔbɔe be woabia ame aɖe boŋ be nekpɔ egbɔ be woawɔe, gake zi geɖe la, viɖe gobi aɖeke medona tsoa ewɔwɔ nenema me o. Ne anya wɔ la, mito wɔwɔfiaa alo gbebiamea me do ŋgɔ na ŋkeke si dzi woawɔ kpekpea. Kpɔ egbɔ be yewɔ kpekpea ƒe akpa sia le mɔ si ana be tutuɖo blibo nanɔ nufiamea me nu.

Takpekpe Suewo Kple Gãawo

Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, woate ŋu abia be nɔvi siwo tu gbɔgbɔ me nɔnɔme nyuiwo ɖo eye wova zu dutoƒonuƒola kple nufiala bibiwo la nakpɔ gome le takpekpe sue alo takpekpe gã ƒe ɖoɖowɔɖi me. Esiawo nyea ɣeyiɣi tɔxɛwo hena teokrasi hehe xɔxɔ vavã. Dɔdasi sia ate ŋu anye nuƒogbalẽ si me nya ɖesiaɖe woaxlẽ tẽ, alo anye nuƒogbalẽ si dzi woŋlɔ nya veviawo ko ɖo, alo mɔfiamewo hena Biblia ƒe drama si me nusɔsrɔ̃ le hena egbeŋkekea, alo anye mɔfiame si nye memama ɖeka aɖe ko. Ne mɔnukpɔkpɔ sia su asiwò la, srɔ̃ dɔdasi si wona wò la kple beléle. Nɔ dɔ wɔm le eŋu vaseɖe esime nàkpɔ ŋudzedze ɖe eƒe vevienyenye ŋu.

Ele na amesiwo wode nuƒoxexlẽ tẽ ƒe dɔ asi na la be woaxlẽ emenya la katã. Womazã nyagbe bubuwo o, eye womagbugbɔ nyaawo aɖo ɖe ɖoɖo bubu nu o. Woasrɔ̃e be woakpɔ nya veviawo adze sii kɔte kple alesi wotrɔ asi le wo ŋui. Ele be woanɔ exexlẽ dzi kple gbe si kɔ dzi vaseɖe esime woate ŋu aƒo nuƒoa ate gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ, axlẽe dzonɔamemetɔe, dzidzɔtɔe, eye kple seselelãme; woaxlẽe moveviɖoɖotɔe, kakaɖedzitɔe eye gbea kple eƒe ŋusẽ hã nasɔ na nyasela gbogbo siwo kpe ta la.

Le nɔvi siwo wode dɔ asi na be woaƒo nuƒo tso nuƒogbalẽ siwo dzi woŋlɔ nya veviwo ko ɖo gome la, enye woƒe agbanɔamedzi be woatrɔ asi le nuƒoa ŋu wòasɔ kple nya vevi siwo le nuƒogbalẽa dzi tututu. Be woaxlẽ nyagbe ɖesiaɖe tẽ ko le nuƒogbalẽa dzi alo be woatrɔ asi le eŋu abe nuƒo si woxlẽna tẽ ene la, ele be nuƒolaa naƒo nuƒoa le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me boŋ, tso dzi me. Ele vevie be woawɔ ɖe game si woɖo le nuƒogbalẽa dzi la dzi ale be woate ŋu agblɔ nya vevi ɖesiaɖe eme nakɔ. Ele be nuƒolaa nagblɔ susu siwo dze ƒã le nya veviawo te ahaɖe ŋɔŋlɔawo me woakɔ nyuie. Mele be wòade nya bubu siwo eya ŋutɔ lɔ̃ nuƒoa me ahagblẽ nuƒogbalẽa me tɔwo ɖi o. Edze ƒã be Mawu ƒe Nya dzie wòle be nufiamea nanɔ te ɖo. Kristotɔ hamemegãwo ƒe dɔdasie nye be ‘woaɖe gbeƒã nya la.’ (Tim. II, 4:1, 2) Eyata ele be nuƒolaa natsɔ beléle tɔxɛ na ŋɔŋlɔ siwo le nuƒogbalẽa dzi—aɖe susu kple nyaselawo le wo ŋu ahatsɔ wo awɔ dɔe.

Mègahe Megbelele O

Hame si me nuƒo ƒoƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi le la mee nèlea? Aleke nàwɔ mɔnukpɔkpɔ mawo katã ŋudɔ bliboe? Tsri wò dɔdasiawo gbegblẽ ɖi mawɔmawɔ vaseɖe esime ɣeyiɣia gogo vɔ hafi.

Nuƒo siwo ɖea vi na hamea vavã la nye esiwo ŋu wobu nyuie do ŋgɔ. Eyata nezu numame na wò be nàxlẽ nu le dɔdasi ɖesiaɖe ŋu ne ènya xɔe teti ko. Esia awɔe be nànɔ ŋugble dem le eŋu ne èle dɔ bubuwo gɔ̃ hã wɔm. Ŋkeke alo kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na wò nuƒoa la, ɖewohĩ àse nya aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ alesi nàtsɔ nyatakakaa awɔ dɔe wòaɖe vi. Nanewo ate ŋu adzɔ siwo ana nàkpɔ alesi nuƒoa sɔ na ɣeyiɣiae. Dɔdasia xexlẽ kple tamebubu le eŋu ne èxɔe teti la katã xɔa ɣeyiɣi, gake esia nye ɣeyiɣi zazã le mɔ nyuitɔ nu. Ne mlɔeba èva nɔ anyi be yeatrɔ asi le nuƒogbalẽa ŋu la, wò ŋutɔ akpɔ viɖe siwo le eme be nète ŋu bu eŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Ne èkpɔ dɔdasiwo gbɔ alea la, ana màtsi dzodzodzoe o, eye akpe ɖe ŋuwò nàƒo nuƒoa viɖe nanɔ eŋu eye wòade dzi gbɔ na amesiwo le hamea me.

Alesi gbegbe nèkpɔ ŋudzedze ɖe nunana si wona wò le hehexɔɖoɖo si Yehowa wɔ na eƒe amewo me ŋutii la, nenema ke nàde bubu eyama ŋui eye àzu yayra na amesiwo lɔ̃ Mawu.—Yes. 54:13; Rom. 12:6-8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe