Sukuviwo ƒe Sukua me Dɔdasiwo Dzadzraɖo
DƆDASI ɖesiaɖe si nàxɔ le sukua me la nye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàtsi. Ku kutri alesi dze, eye vivivi la, wò ŋgɔyiyi adze ƒã wò ŋutɔ kple ame bubuwo siaa miakpɔ. (Tim. I, 4:15) Sukua akpe ɖe ŋuwò be wò ŋutetewo nagade ŋgɔ wu.
Ðe dzidzi ƒoa wò ne èbu eŋu be yegbɔna hamea ŋkume nɔ ge aƒo nua? Esia dzɔna, nenye be èŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me ɣeyiɣi aɖee nye esia kura gɔ̃ hã. Ke hã nanewo li siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò dzimaɖitsitsi dzi naɖe akpɔtɔ. Ne èle aƒeme la, na wòazu numame na wò be nàkɔ gbe dzi enuenu ne èle nu xlẽm. Kpɔ gome le kpekpeawo me faa, eye ne gbeƒãɖelae nènye la, kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ me edziedzi. Esia awɔe nuteƒekpɔkpɔ nasu asiwò be nàƒo nu le amewo ŋkume. Gawu la, dzra sukuvi ƒe dɔdasi siwo woana wò la ɖo kaba do ŋgɔ, eye nàkɔ gbe dzi ne èle nuƒoawo me tom. Ðo ŋku edzi be yele nu ƒo ge le nyasela siwo nye xɔ̃wòwo ŋkume. Do gbe ɖa na Yehowa hafi nàƒo nuƒo ɖesiaɖe. Enaa gbɔgbɔ kɔkɔea esubɔla siwo bianɛ la faa.—Luka 11:13; Fil. 4:6, 7.
Mègadi nu boo tso ɖokuiwò si wu alesi dze o. Exɔa ɣeyiɣi be nuteƒekpɔkpɔ nasu ame si wòazu nuƒola kple nufiala bibi. (Mixa 6:8) Ne ame yeyee nènye le sukua me la, mègakpɔ mɔ be yeƒe nuƒo azɔ tẽ enumake, kpɔtsɔtsɔ manɔmee o. Ke boŋ wɔ dɔ le nuƒo ƒe aɖaŋuɖoɖoawo ŋu ɖekaɖeka. Srɔ̃ agbalẽ sia ƒe afisi ƒo nu tso eŋuti. Wɔ dɔ si woɖo ɖe afima la, ne àte ŋui ko. Esia ana nànya aɖaŋuɖoɖoawo ƒe nya veviawo do ŋgɔ na dɔdasia wɔwɔ le hamea me. Àwɔ ŋgɔyiyi godoo.
Alesi Nàdzra Nuxexlẽ ƒe Dɔdasi Ðoe
Dzadzraɖo hena dutoƒonuxexlẽ bia nu geɖe wu nyaawo yɔyɔ le nuxexlẽa me ɖeɖeko. Dze agbagba nàse nusi gblɔm nuxexlẽa le la gɔme nyuie. Ne èxɔ dɔdasia teti ko la, xlẽe kple taɖodzinu ma. Dze agbagba nàse nyagbe ɖesiaɖe kple susu si le memama ɖesiaɖe me la gɔme ale be nàte ŋu axlẽ nu susua nadze ƒã eye kple seselelãme si sɔ. Kpɔ nyagɔmeɖegbalẽ me, ne anya wɔ, hena nya siwo mènya o la yɔyɔ nyuie. Se nuxexlẽa gɔme nyuie. Ahiã be dzilawo nakpe ɖe wo vi suewo ŋu woawɔ esia.
Ðe wode dɔ asi na wò be nàxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe alo ɖewohĩ Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe ƒe memamawoa? Ne habɔbɔa lé nuxexlẽa ɖe kasɛt dzi le mia degbe me la, anye kpekpeɖeŋu blibo be nàlé to ɖe nuxexlẽa ŋu ahade dzesi nyayɔyɔwo, alesi woxlẽ nyawo ɖe hatsotso mee, gbeteteɖenyadzi, kple gbetɔtrɔ le kasɛt la dzi. Azɔ dze agbagba nàde nudidi siawo wò ŋutɔ wò nuxexlẽ me.
Ne èdze wò dɔdasia dzadzraɖo gɔme la, kpɔ egbɔ be yesrɔ̃ ta si ƒo nu tso nuƒo ƒe nudidi si dzi nèɖo la ŋuti hese egɔme nyuie. Ne anya wɔ la, gato nusɔsrɔ̃ ma me esime nèkɔ gbe dzi xlẽ wò dɔdasia to eme zi geɖe vɔ megbe. Dze agbagba nàwɔ agbalẽa me ɖaŋuɖoɖoawo ŋudɔ alesi nàte ŋui.
Hehe sia aɖe vi na wò ale gbegbe le wò subɔsubɔdɔa me. Mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò be nàxlẽ nu na amewo le gbeadzi. Esi wònye be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya si be wòatrɔ amewo ƒe agbe ta la, ele vevie be nàxlẽe nyuie. (Heb. 4:12) Mègakpɔ mɔ be ne yewɔ dɔdasi ɖeka alo eve ko la, yeate ŋu axlẽ nu wòade edeƒe keŋkeŋ le goawo katã me o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ hamemegã aɖe si si ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ su be: “Do vevie dutoƒonuxexlẽ.”—Tim. I, 4:13, NW.
Dɔwɔwɔ tso Nyatia Kple Ðaseɖiɖimɔnuwo Ŋu
Ne èxɔ dɔ le sukua me eye wòle be nàzã ɖaseɖiɖimɔnu aɖe la, afɔ kawoe wòle be nàɖe?
Ehiã be nàbu nu vevi etɔ̃ ŋu: (1) wò nyatia, (2) ɖaseɖiɖimɔnu si ƒomevi nàzã kple amesi nàwɔ dɔa kplii, hekpe ɖe (3) aɖaŋuɖoɖo ƒe akpa si dzi nèɖo la ŋu.
Ele be nàƒo nyawo nu ƒu le nyati si wode asi na wò ŋu. Gake hafi nàwɔ afɔɖeɖe bubuwo kpee la, de ŋugble vevie le wɔwɔfia si ƒomevi nàwɔ kple amesi nèle ewɔ ge kplii ŋu elabena esiawoe afia mɔ wò le nyati si ŋu nàƒo nu le le nuƒoa me kple mɔ si dzi nàto agblɔe la ŋu. Ðaseɖiɖimɔnu kae nàzã? Le wɔwɔfiaa me la, ame nyanyɛ ye nàɖe gbeƒã na? Alo aku ɖe nusi ate ŋu adzɔ ne èdo go ame aɖe zi gbãtɔ ŋua? Amea tsi wu wòa, alo ètsi wuia? Nɔnɔme kae anɔ esi ɖe nya si ƒe dze nèdi be yeaɖo kplii ŋu? Nukawoe wònya tso nyaa ŋuti xoxo? Taɖodzinu ka gbɔe nèle mɔ kpɔm be dzeɖoɖoa naɖo? Nyabiabia mawo ŋuɖoɖo ana nàkpɔ mɔfiame vevi siwo nàtsɔ awɔ dɔe.
Afikae nàkpɔ nyati si wode asi na wò la ŋu nyawo le? “Alesi Nàwɔ Numekukui” ŋuti ɖaŋuɖoɖowo le agbalẽ sia ƒe axa 33 vaseɖe 38. Xlẽe eye nàzã numekugbalẽ kple numekunu bubu siwo li. Zi geɖe la, àkpɔ nya sɔgbɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me siwo katã màte ŋu azã gɔ̃ hã o. Xlẽ agbɔsɔsɔ si dze be nàkpɔ nya vovovo siwo nàte ŋu azã. Gake esi nèle ema wɔm la, ɖaseɖiɖimɔnu si tɔgbe nàzã le nuƒoa me kple amesi nèle ezã ge kplii nenɔ susu me na wò. De dzesi nya vevi siwo sɔ be nàzã.
Hafi nàƒo wò nuƒoa me nyawo nu ƒu ahatia nya siwo tututu nàgblɔ la, gbɔ dzi ɖi nàxlẽ aɖaŋuɖoɖo si dzi nèɖo la ŋu nyawo. Susu vevi siwo tae wona dɔa wò la dometɔ ɖekae nye aɖaŋuɖoɖo ma ŋudɔwɔwɔ.
Ne èwɔ wò dɔdasia ɖe game dzi la, ekema dzi adzɔ wò be nète ŋu gblɔ wò nyataƒonyawo hã, elabena woawɔ dzesi na wò ne wò ɣeyiɣia de. Ke le gbeadzisubɔsubɔdɔ me ya la, ɣeyiɣi didi si wòle be nuƒoa naxɔ ƒe nya boo aɖeke menɔa anyi zi geɖe o. Eyata ne èle dzadzraɖo wɔm la, ɣeyiɣi si woɖo na dɔdasia wɔwɔ nenɔ susu me na wò, gake nusi koŋ nàminya la nanye nufiafia si tua ame ɖo.
Aɖaŋuɖoɖo Aɖewo le Ðaseɖiɖimɔnu Vovovowo Zazã Ŋu. Lé ŋku ɖe aɖaŋu siwo woɖo le axa 82 ŋu, eye nàtia esi asɔ be nàtsɔ awɔ dɔe le subɔsubɔdɔa me, si awɔe be nàte ŋu azã dɔdasia me nyawo bɔbɔe. Ne èŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me eteƒe didi vie la, bu esia be enye mɔnukpɔkpɔ be nàyi ŋgɔ agabi ɖe edzi wu le wò subɔsubɔdɔa me.
Ne Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzikpɔlae gblɔ ɖaseɖiɖimɔnu si tɔgbe nàzã la, ekema lɔ̃ ɖe edzi nàwɔ wò ŋutete. Wɔwɔfia geɖe ku ɖe ɖaseɖiɖi ŋu. Ne mèɖi ɖase le nɔnɔme siwo wòwɔnɛ la me kpɔ o la, ekema ƒo nu kple gbeƒãɖela siwo wɔ esia kpɔ be woaɖo aɖaŋu aɖewo na wò. Ne anya wɔ la, dze agbagba nàƒo nu tso nyati si wode asi na wò ŋu le ɖaseɖiɖimɔnu si ɖi sukua tɔ si nàva wɔ la me. Esia akpe ɖe ŋuwò be hehe si nèxɔ ƒe taɖodzinu vevi aɖe nava eme.
Ne Dɔdasia Nye Nuƒo
Ne nɔviŋutsue nènye la, woate ŋu ade dɔ asi na wò be nàƒo nuƒo kpui aɖe na hamea. Le nuƒo siawo dzadzraɖo me la, nu vevi siwo ŋuti wòle be nàbu la de sɔsɔ ge kple esiwo wogblɔ xoxo le sukuviwo ƒe dɔdasi siwo nye wɔwɔfiawo gome. Nusiwo to vovo koe nye nyaselawo kple ɖoɖo si nu nuƒoa le.
Zi geɖe la, edea ame dzi ne wodzra nuƒoa ɖo ale be wòaɖe vi na nyasela ɖesiaɖe. Vavalawo ƒe akpa gãtɔ nya Biblia ƒe gɔmedzenyateƒeawo xoxo. Ðewohĩ wonya nu nyuie le nyati si wode asi na wò be nàƒo nu le eŋu la ŋu xoxo. Nusi wonya xoxo le wò nuƒoa ŋu la nenɔ susu me na wò. Dze agbagba be wò nuƒoa naɖe vi na wo le mɔ aɖe nu. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mazã nye nyatia be madzi nye ŋutɔ nye ŋudzedzekpɔkpɔ kple nye nyaselawo tɔ ɖe edzi ne woadze sii be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ vavã? Nukae dze le nuƒoa me si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu adze sii? Aleke nuƒo sia akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔwo le xexe si me ŋutilã ƒe nudzodzrowo xɔ aƒe ɖo la me?’ (Ef. 2:3) Ehiã na numekuku be woakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo ade dzi gbɔ. Ne èle Biblia zãm la, menye mawunyakpukpuiwo koe nanɔ xexlẽm ko evɔ o. Ðe susu kple nyaselawo le ŋɔŋlɔ siwo xlẽm nèle la ŋu, eye nàfia alesi woate ŋu anɔ te ɖe wo dzi aƒo nya tae la wo. (Dɔw. 17:2, 3) Mègalɔ nya fũ akpa de nuƒoa me o. Na wò nuƒoa nanye esi dzi woate ŋu aɖo ŋkui bɔbɔe.
Ne míele nu ƒom tso dzadzraɖo ŋu la, alesi nàƒo wò nuƒoae hã le eme. Mègabu esia nu tsɛ o. Nɔ wò nuƒoa me tom kple gbe si kɔ dzi. Agbagba si nàdze be nàsrɔ̃ aɖaŋu siwo woɖo le nuƒo ƒe nudidi vovovoawo gbɔ ɖoɖo ŋu ahawɔ ɖe wo dzi la ana nàwɔ ŋgɔyiyi blibo. Èɖanye nuƒola yeye alo nuƒola bibi o, dzra ɖo nyuie ale be nàte ŋu aƒo nu kple kakaɖedzi kpakple seselelãme si sɔ na wò nuƒoa. Taɖodzinu si nye be nàzã nuƒoƒo ŋutete si Mawu na wò atsɔ ade bubu Yehowa ŋui la nenɔ susu me na wò ne èle sukua me dɔdasi ɖesiaɖe wɔm.—Ps. 150:6.