INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 36 axa 209-axa 211 mm. 1
  • Dɔ Wɔwɔ Le Tanya La Ŋuti

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔ Wɔwɔ Le Tanya La Ŋuti
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nya Veviawo Nadze Ƒã
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dzɔ Wò Tamesusu Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 36 axa 209-axa 211 mm. 1

NUSƆSRƆ̃ 36

Dɔ Wɔwɔ Le Tanya La Ŋuti

Nukae wòle be nàwɔ?

Ƒo nu tso wò tanya la ŋu edziedzi eye nàkɔ eme le mɔ vovovowo nu le wò nuƒo bliboa me.

Nukata Wòle Vevie?

Enaa ɖekawɔwɔ nɔa wò nuƒoa me eye wòkpena ɖe nyaselawo ŋu be woase wò nyawo gɔme ahaɖo ŋku edzi.

NUƑOLA bibiwo nya tanya ƒe vevienyenye. Ne wole dzadzram ɖo ɖe nuƒo ŋu la, tanya la kpena ɖe wo ŋu be woƒe susu nɔa nyatakakawo vevi ʋɛ aɖewo koŋ ŋu eye wobua eŋu wòdea to wu. Emetsonue nye be le esi woatɔ ati nyati geɖe aƒo nu tso wo ŋu dzradzradzra teƒe la, wodzraa nuƒoa ɖo le mɔ si aɖe vi na woƒe nyaselawo wu nu boŋ. Ne nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe ku ɖe tanyaa ŋu tẽ eye wòwɔ akpa aɖe le emedzodzro me la, enɔa bɔbɔe na nyaselawo hã be woase nya veviawo gɔme eye woakpɔ woƒe vevienyenye adze sii.

Togbɔ be woate ŋu agblɔ be wò tanya lae nye nyati si ŋu nèle nu ƒom tsoe hã la, wò nuƒowo aganyo ɖe edzi wu ne èkpɔe be wò tanya lae nye nukpɔsusu si tututu dzi nànɔ te ɖo adzro nyatia me. Fiaɖuƒe la, Biblia la, kple tsitretsitsi la katã nye nyati siwo le gbadzaa. Woate ŋu atia tanya vovovowo tso nyati siawo me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi: “Fiaɖuƒe la, Dziɖuɖu Ŋutɔŋutɔe Wònye,” “Mawu ƒe Fiaɖuƒea Awɔ Anyigba la Paradisoe,” “Mawu ƒe Gbɔgbɔ mee Biblia la Tso,” “Biblia Nye Mɔfiamegbalẽ Nyui aɖe na Míaƒe Ŋkekea,” “Tsitretsitsi Naa Mɔkpɔkpɔ Nuxalawo,” kple “Tsitretsitsi Mɔkpɔkpɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míenɔa Te Sesĩe le Yometiti Me.” Ele be woatrɔ asi le tanya siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu le mɔ bubu kura nu.

Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ me te gbe ɖe tanya si wɔ ɖeka kple tanya vevi si le Biblia bliboa si la dzi, be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mat. 4:17) Aleke wowɔ dɔ le tanya ma ŋutii? Wofia asi Fiaɖuƒe ma wòwu zi gbɔ zi 110 le Nyanyuigbalẽ eneawo me. Gake menye ɖeko Yesu zã nya “fiaɖuƒe” zi gbɔ zi geɖe ko evɔ o. To Yesu ƒe nufiafia kple nukunu siwo wòwɔ siaa dzi la, ena wòdze ƒã be ye amesi nɔ wo dome ye nye Mawu ƒe Vi, Mesia la, amesi Yehowa atsɔ Fiaɖuƒea ana. Yesu ɖee fia be to ye dzi la, wole mɔ ʋum ɖi na ame bubuwo be woakpɔ gome le Fiaɖuƒe ma me. Etɔ asi nɔnɔme siwo hiã be wòanɔ amesiwo woatsɔ mɔnukpɔkpɔ ma ana si la hã dzi. To eƒe nufiafiawo kple ŋusẽdɔ siwo wòwɔ dzi la, ena alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzii la dze ƒã eye wòfia asii be gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya do goe le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me nye kpeɖodzi be ‘Mawu ƒe fiaɖuƒea tu eƒe nyaselawo vavã.’ (Luka 11:20) Fiaɖuƒe ma ŋue Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖi ɖase le.—Mat. 10:7; 24:14.

Tanya si Sɔ Zazã. Womabia tso asiwò be nàwɔ dɔ le tanya aɖe ŋu wòade to abe alesi Biblia la wɔe ene ya o, ke hã tanya si sɔ ɖoɖo na wò nuƒoa le vevie nenema ke.

Ne wogblẽe ɖe wò ŋutɔ asiwò be nàtia tanya la, ke bu taɖodzinu si gbɔ wò nuƒoa aɖo la ŋu gbã. Eyome ne èle nya vevi siwo nàde wò nuƒogbalẽa me tiam la, kpɔ egbɔ be wonye esiwo wɔ ɖeka kple tanya si nètia la pɛpɛpɛ.

Ne woɖo tanya na wò dɔdasia xoxo la, ke de ŋugble le nusi wòɖe fia ku ɖe mɔ si dzi nàto atrɔ asi le wò nuƒoa ŋu la ŋuti nyuie. Ðewohĩ abia agbagbadzedze aɖe hafi tanya ma ƒe asixɔxɔ nadze na wò eye nàkpɔ nusiwo nàte ŋu ade eme. Ne wò ŋutɔe adi nya siwo nàtsɔ aɖe tanya si wode asi na wò mee la, ke tia nyawo nyuie bene woahe susu ayi tanyaa dzi. Le go bubu me la, ne wona afisi nàkpɔ numeɖeɖea tsoe wò hã la, egale vevie kokoko be nàbu alesi nàwɔ eŋudɔe bene wòawɔ ɖeka kple tanya la ŋu. Ele be nàbu nusita nyaa le vevie na wò nyaselawo kple nusi anye wò taɖodzinu le nuƒoa ƒoƒo me ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya nusi dzi nàte gbe ɖo le nuƒoa me.

Alesi Nàte Gbe Ðe Tanyaa Dzii. Bene nàte ŋu ate gbe ɖe tanyaa dzi nyuie la, ele be nàɖo gɔmeɖoanyi nɛ esime nèle nusiwo nàgblɔ tiam hele wo ɖom ɖe ɖoɖo nu. Ne èzã nusiwo do ƒome kple wò tanya la ko eye nèzɔ ɖe gɔmeɖose siwo hiã le nuƒogbalẽ nyui dzadzra ɖo me dzi la, gbetete ɖe tanya dzi adze godoo.

Ne èzã nya vevi siwo anɔ susu hem yi tanya la dzii edziedzi la, ana tanyaa nadze ƒã. Le Europatɔwo ƒe hakpakpa deŋgɔwo me la, nusi woyɔna be tanya la enye haa ƒe gbeɖiɖi ƒe akpa si dzena zi gbɔ zi geɖe ale be wòxɔa hakpakpa bliboa katã. Gbeɖiɖi sia menyea ɖeka ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, haa ƒe akpa sue ɖeka alo eve koe gbeɖiɖi ma tututu dzena le, ɣeaɖewoɣi wotrɔa haa ƒe tanya alo gbeɖiɖia vie, ke hã hakpala la toa mɔ aɖe nu dea gbeɖiɖi ma eme aɖaŋutɔe wòɖina edziedzi vaseɖe esime wòxɔa hakpakpa bliboa. Aleae wòle be wòanɔ le nuƒo ƒe tanya hã me. Nya vevi siwo le tanya la me gbugbɔgagblɔ le abe hakpakpa la ƒe akpa si dzena edziedzi ene. Nya bubu siwo ƒe gɔmesese sɔ kple wo nɔewo zazã alo tanya la me nya aɖewo gbugbɔgagblɔ le mɔ bubuwo nu la naa tanyaa menyea nya ɖeka gbugbɔgagblɔ kplalaa ko o. Mɔnu siawo zazã ana tanya la nazu nu vevi si atsi susu me na wò nyaselawo woatsɔ adzoe.

Menye nuƒo siwo woaƒo le nuƒolanɔƒea koe bia gɔmeɖose siawo ŋudɔwɔwɔ o ke ehiã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me numedzodzrowo hã me. Dzeɖoɖo si le kpuie tsia susu me wu ne tanya la dze ƒã. Woaɖo ŋku nufiame si wona le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me dzi bɔbɔe wu ne wote gbe ɖe tanyaa dzi. Agbagba si nàdze le tanya si sɔ tiatia me kpakple le dzadzraɖo ɖe eŋu pɛpɛpɛ me awɔ akpa gã aɖe be nàva zu nuƒola kple Mawu ƒe Nya fiala nyui.

TANYA SI DZE ƑÃ LE NUŊLƆÐI GBOGBO AÐEWO ME

Nusɔsrɔ̃ tso alesi Yehowa Mawu na tanya vevi aɖe dze ƒã togbɔ be amegbetɔwoe wòzã le agbalẽ 66 siwo ƒo ƒu wɔ Biblia la ŋɔŋlɔ me ŋu akpe ɖe mía ŋu míase alesi míawɔ dɔ le tanya ŋu gɔme. Tanya mae nye gome si le Yehowa si be wòaɖu ameƒomea dzi la taʋiʋli kple eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le la me vava to eƒe Fiaɖuƒea dzi.

Tanya sia dze egɔme nɔ dzedzem tso Mose I, ƒe ta gbãtɔwo me, eye eyome wodzro eƒe akpa vovovoawo me le Biblia bliboa katã me. Wohe susu yi Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ dzi zi geɖe, wu zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ. Yehowa ƒe dzedze be wòanye dziɖula va dze ƒã le xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖia me. Woƒo nu tso alesi wotɔ gbe eƒe dziɖulanyenye, kple afɔku siwo tomaɖomaɖo he vɛ ŋu. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto si ɖeke mesɔ kplii o, eƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe ŋusẽkatãtɔnyenye dze le alesi wòwɔa nu ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋui me. Viɖe siwo tsoa toɖoɖo Mawu me kpakple afɔku siwo tomaɖomaɖo hena vɛ la ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo dze. Woɖe Yehowa ƒe ɖoɖo si nye be to Yesu Kristo dzi yeaɖe nuvɔ̃ kple ku ɖa la me eye wowɔ eƒe kpɔɖeŋuwo. Wona numeɖeɖe deto ku ɖe dziƒodziɖuɖu si atsrɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa, amesiwo gbe be yewomalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòanye dziɖula ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi o la ŋu. Wona eme kɔ ƒã be Fiaɖuƒea ana Yehowa ƒe tameɖoɖo be anyigba nazu paradiso eye amesiwo lɔ̃ Mawu vavã ɖeka kolia la hedea ta agu nɛ eye wolɔ̃ wo nɔewo nayɔ edzi la ava eme bliboe.

ALESI NÀWƆE

  • Ne èle dzadzram ɖo ɖe wò nuƒoa ŋu la, tia nya veviwo kple kpeɖodzinya siwo awɔ ɖeka kple wò tanya la.

  • Ne èle nuƒoa srɔ̃m la, bu teƒe siwo nàte gbe ɖe tanyaa dzi le kple alesi nàwɔe ŋu. Ðewohĩ àdi be yeade dzesi nuƒogbalẽa ƒe akpa siwo nèɖo be yeawɔ esia le.

  • Ɣeaɖewoɣi le nuƒoa ƒoƒo me la, gbugbɔ gblɔ nya alo susu vevi aɖewo tso wò tanya la ŋu.

DƆDASI: Tia tanya si wɔ ɖeka kple Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! aɖe si do yeyee ƒe nyati aɖe na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ. Dze agbagba nàna wò ŋgɔdonya nanyɔ ɖetsɔleme, nàtsɔ nya vevi ɖeka alo eve adzro emee le dzeɖoɖoa me, eye nàte gbe ɖe eƒe vevienyenye dzi le etaƒoƒo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe