INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jr ta 8 axa 92-102
  • Ðe ‘Nàtsi Agbe’ Abe Yeremiya Enea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe ‘Nàtsi Agbe’ Abe Yeremiya Enea?
  • Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SE TƆXƐ AÐE
  • SRƆ̃ NU TSO YEREMIYA ƑE TRENƆNƆ ME
  • YI EDZI NÀNƆ WO TUM ÐO
  • Wonye Trewo ke Woƒe Dzi Dze Eme le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Aɖaŋuɖoɖo Siwo Me Nunya Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Trenɔnɔ—Dɔwɔwɔ Susuhenuwo Manɔmee Ƒe Mɔnue Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
jr ta 8 axa 92-102

TA ENYILIA

Ðe ‘Nàtsi Agbe’ Abe Yeremiya Enea?

1, 2. Nu ka tae wòsɔ be míatsɔ ɖe le ame ɖekaɖekawo kple woƒe ƒomewo siaa ƒe gbɔgbɔmenyonyo me?

GBE ɖeka esi Yosua gblɔ na Israel viwo be woatia ame si subɔ ge woala vɔ la, egblɔ be: “Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” (Yos. 24:15) Yosua ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na Mawu, eye wòka ɖe edzi be yeƒe ƒomea hã awɔ nuteƒe. Ƒe geɖe le nudzɔdzɔ sia megbe esi wòsusɔ vie woatsrɔ̃ Yerusalem la, Yeremiya na Fia Zedekiya nya be Mawu ƒe didie nye be wòana ta Babilontɔwo, eye wògblɔ nu si ado tso eme ne ewɔe nenema la kpee be: “Ekema . . . mia kple wò aƒe miatsi agbe.” (Yer. 38:17) Gake fia la mewɔ titia nyui sia o, ale wògblẽ nu le eya ŋutɔ kple srɔ̃awo kpakple viawo ŋu. Babilontɔwo wu viawo le eŋkume; azɔ wogbã ŋku na eya ŋutɔ hekplɔe yi aboyo me le Babilon.—Yer. 38:18-23; 39:6, 7.

2 De dzesii be le Yosua kple Zedekiya siaa gome la, tiatia si wowɔ la ku ɖe woawo ŋutɔ ŋu tẽe, gake ekpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ƒomea hã dzi. Esɔ nenema, elabena togbɔ be ame tsitsi ɖe sia ɖe ŋutɔe abu akɔnta na Mawu hã la, srɔ̃ kple viwo nɔ Israel vi akpa gãtɔ si. Srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi le vevie na Kristotɔwo hã. Esia tae srɔ̃ɖeɖe, vihehe, kple bubudede ƒomea me tɔwo ŋu ŋu nyawo le Biblia me eye míesrɔ̃a nu tso wo ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɖo.—1 Kor. 7:36-39; 1 Tim. 5:8.

SE TƆXƐ AÐE

3, 4. Nɔnɔme ka mee Yeremiya nɔ si to vovo na eŋɔlimetɔ akpa gãtɔ tɔ, eye aleke esia ɖe vi nɛ?

3 Yeremiya hã nɔ ame siwo ‘tsi agbe’ le Yerusalem tsrɔ̃ɣi la dome. Gake nɔnɔme si me wònɔ ɣemaɣi to vovo na eŋɔlimetɔ akpa gãtɔ tɔ. (Yer. 21:9; 40:1-4) Mawu gblɔ nɛ do ŋgɔ be wòagaɖe srɔ̃ adzi viwo alo aƒo eɖokui ɖe Yudatɔwo ƒe nuwɔna aɖewo me o.—Xlẽ Yeremiya 16:1-4.

4 Le Yeremiya ŋɔli la, srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi nye agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe. Yuda ŋutsu akpa gãtɔ ɖea srɔ̃ hedzia vi kple susu be yewo tɔgbiwo ƒe anyigba nagayi ɖe ame bubuwo si me o.a (5 Mose 7:14) Ke Yeremiya ya ɖe? Le afɔku gã si gbɔna dua dzi ta la, Mawu de se nɛ be wòagakpɔ gome le konyifafa alo dzidzɔkpɔkpɔ nuwɔnawo me o. Mele be wòayi kuteƒe ahafa akɔ na konyifalawo alo aɖu nu kpli wo o; eye mele be wòayi Yudatɔwo ƒe srɔ̃ɖeƒe hã be wòakpɔ dzidzɔ kpli wo o. Eteƒe madidi o, dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu mawo katã nu ayi. (Yer. 7:33; 16:5-9) Yeremiya ƒe nuwɔna akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be eƒe nyawo nye ŋkubiãnya eye be ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna dua dzi la adzi ŋɔ ŋutɔ. Babilontɔwo va ɖe to ɖe dua mlɔeba abe ale si Yeremiya gblɔe ɖi ene. Ðe nàte ŋu akpɔ ale si nɔnɔmeawo nɔ ɣemaɣi la le susu mea? Yudatɔ mawo siwo ɖu agbe tsãe nye ema dɔ le wuwum kakaka wòva hiã be woalé woawo ŋutɔ wo viwo aɖa aɖu, alo woanɔ woƒe ame veviwo kpɔm woaku atsi kpɔdomeewo aƒaƒã! (Xlẽ Yeremiya 14:16; Kony. 2:20.) Esi Yeremiya ya meɖe srɔ̃ o ta la, etɔ mesesẽ nenema gbegbe o. Togbɔ be ƒe ɖeka kple afã sɔŋ ye Babilontɔwo ɖe to ɖe dua eye ame geɖe ku hã la, srɔ̃ kple vi mele Yeremiya si ne woƒe ku nayi nuxaxa do ge nɛ o.

5. Aleke nya siwo le Yeremiya 16:5-9 ka mí egbeae?

5 Ðe Yeremiya 16: 5-9 me nyawo fia be míawo hã míagbe akɔfafa na amewo ahatsri dzidzɔkpɔkpɔa? Ao. Wode dzi ƒo na mí Kristotɔwo be “[míafa] akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom,” eye be míakpɔ “dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.” (2 Kor. 1:4; Rom. 12:15) Yesu gɔ̃ hã yi srɔ̃ɖeƒe eye wòtrɔ tsi wòzu wain amewo no kpɔ dzidzɔ. Gake míenyae be xaxa si gbɔna nuɖoanyi sia dzi menye fefe o. Nɔnɔmeawo ate ŋu ava sesẽ ale gbegbe be nu sia nu navɔ le mía si. Yesu gblɔ be ehiã be míanɔ dzadzraɖoɖi hafi ate ŋu ado dzi ahalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi abe ale si mía nɔvi siwo ʋu dzo le Yudea le ƒe alafa gbãtɔ me wɔe ene. Eya ta ele vevie be míabu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me le trenɔnɔ, srɔ̃ɖeɖe, alo vidzidzi ŋu.—Xlẽ Mateo 24:17, 18.

[Nɔnɔmetata si le axa 94]

6. Ame kawoe ŋugbledede tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua ŋu aɖe vi na?

6 Nufiame kae le se si Mawu de na Yeremiya be wòagaɖe srɔ̃ alo adzi vi o me na mí? Egbea mía nɔvi aɖewo meɖe srɔ̃ o, eye ɖewo hã ɖe srɔ̃ gake womedzi vi o. Nu kae woate ŋu asrɔ̃ tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua me? Eye nu ka tae wòle be Kristotɔ siwo ɖe srɔ̃ dzi vi hã nade ŋugble tso Yeremiya ƒe nɔnɔmea ŋu?

7. Nu ka tae wòle be míade ŋugble tso Yeremiya ƒe vimadzimadzi ŋu?

7 Na míaƒo nu tso Yeremiya ƒe vimadzimadzi ŋu gbã. Yesu mede se na eyomedzelawo be woagadzi vi o. Gake hafi xaxa nava Yerusalem dzi le ƒe 66-70 M.Ŋ. me la, Yesu do “baba” na nyɔnu siwo ƒo fu anɔ alo esiwo anɔ no nam vi le xaxaɣia. Nuwo asesẽ na woawo ya wu. (Mat. 24:19) Xaxa si lolo wu emae le ŋgɔ gbɔna. Eya ta ele vevie be Kristotɔ srɔ̃tɔwo nabu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me be yewoadzi vi le nuwuɣi sia. Ðe mèkpɔe be nuwo le sesẽm ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke oa? Dzila geɖe lɔ̃ ɖe edzi be vihehe le nuwuɣi sia be ‘woatsi agbe’ le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me mele bɔbɔe o. Togbɔ be srɔ̃tɔwo ŋutɔe atso nya me nenye be woadzi vi alo womadzii o hã la, anyo be woade ŋugble tso Yeremiya ƒe nɔnɔmea ŋu. Ke se si Mawu de nɛ be wòagaɖe srɔ̃ o ya ɖe?

Se tɔxɛ kae wode na Yeremiya, eye nu kawo ŋue wòle be esia naʋã mí míabu nyuie?

SRƆ̃ NU TSO YEREMIYA ƑE TRENƆNƆ ME

8. Nu ka ta míate ŋu agblɔ be menye srɔ̃ɖeɖee ana ame ƒe nu nadze Mawu ŋu o?

8 Esi Mawu gblɔ na Yeremiya be wòagaɖe srɔ̃ o la, menye see wònye wòde na esubɔlawo katã o. Nu nyui aɖee srɔ̃ɖeɖe nye. Yehowa ŋutɔe ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi be amegbetɔwo nato edzi ayɔ anyigbaa dzi eye wòana dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wo. (Lod. 5:18) Ke hã, menye mawusubɔla ɖe sia ɖee ɖea srɔ̃ o. Ame tata aɖewo nɔ Mawu ƒe amewo dome le Yeremiya ŋɔli.b Azɔ hã, kakaɖedzi li be aho kple ahosiwo hã nɔ wo dome. Eya ta menye Yeremiya ɖeka koe nye Mawu vavã subɔla si si srɔ̃ menɔ o. Gake abe ale si míenyae ene la, susu aɖe koŋ tae Yeremiya meɖe srɔ̃ o ɖo, eye nenemae wòle le Kristotɔ aɖewo hã gome egbea.

9. Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋuti dzidzenu kae wòle be míabu nya vevii?

9 Kristotɔ geɖe ɖea srɔ̃ egbea. Gake menye wo katãe o. Yesu meɖe srɔ̃ o, eye egblɔ be trenɔnɔ ƒe “nunana” asu ye yomedzela aɖewo si woaɖoe le woƒe dzi kple susu me be yewomaɖe srɔ̃ o. Ede dzi ƒo be: “Ame si ate ŋui la, newɔe.” (Xlẽ Mateo 19:11, 12.) Eya ta mesɔ be míaɖu fewu le ame siwo tiae be yewoanɔ tre ale be yewoawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la ŋu o, ke boŋ anyo be míakafu wo. Gake Kristotɔ aɖewo hã li, siwo menye woawo ŋutɔe tiae be yewoanɔ tre o; nɔnɔmeawoe wɔe be womeɖe srɔ̃ haɖe o. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo mekpɔ Kristotɔ si asɔ na wo woaɖe haɖe o, eye woɖoe be yewoalé Mawu ƒe dzidzenu si nye be míaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” me ɖe asi, si ta wodze na kafukafu. (1 Kor. 7:39) Mawu subɔla aɖewo hã ɖe srɔ̃ kpɔ, gake fifia wozu aho kple ahosiwo.c Ele be wòanɔ susu me na nɔvi siwo katã si srɔ̃ mele o le nɔnɔme siawo tɔgbi ta be Mawu (kple Yesu) tsɔ ɖe le eme na yewo.—Yer. 22:3; xlẽ 1 Korintotɔwo 7:8, 9.

10, 11. (a) Nu kae kpe ɖe Yeremiya ŋu wòwɔ eƒe trenɔnɔ ŋu dɔ nyuie? (b) Egbegbe nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖo kpe edzi be ame siwo meɖe srɔ̃ o ate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me?

10 Eya ta Yeremiya ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu le eƒe trenɔɣia. Aleke wòwɔe? Ðo ŋkui be Yeremiya kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. Esiae anya do ŋusẽe hede dzi ƒo nɛ ale be eƒe susu katã ku ɖe dɔ si Mawu de esi la wɔwɔ ŋu. Azɔ hã, ekpɔ egbɔ be yemede ha kple ame siwo aɖu fewu le ye ŋu le yeƒe trenɔnɔ ta o. Elɔ̃ faa be ‘ye ɖeka yeabɔbɔ nɔ aga’ tsɔ wu be yeanɔ ame siawo ƒomevi dome.—Xlẽ Yeremiya 15:17.

11 Kristotɔ geɖe siwo si srɔ̃ mele o—ɖekakpuiwo, ɖetugbuiwo, kple ame tsitsiwo siaa—le Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m egbea. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be wo dometɔ geɖe wɔ woƒe trenɔnɔ ŋu dɔ ƒo wo ɖokui ɖe mawusubɔsubɔdɔwo me geɖe wu eye esia le vi ɖem na wo ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si le subɔsubɔm le Chinagbedolawo ƒe hame aɖe me la gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ na taɖodzinu le nye agbe ŋu. Esi nyemeɖe srɔ̃ o ta la, mewɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me, eye esia kpena ɖe ŋunye be nyemesena le ɖokuinye me be metsi akogo o. Le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, nye dzi dzea eme, elabena mekpɔnɛ be nye subɔsubɔdɔa le kpekpem ɖe amewo ŋu ŋutɔŋutɔ. Esia nana mekpɔa dzidzɔ ale gbegbe.” Nɔvinyɔnu mɔɖela bubu si xɔ ƒe 38 gblɔ be: “Mekpɔe be nu vevi si nana ame kpɔa dzidzɔe nye be wòadze agbagba ade dzesii be viɖe le nɔnɔme ɖe sia ɖe si me yele ŋu.” Kristotɔ tre bubu si le anyiehe Europa hã gblɔ be: “Nyemeɖoe be manɔ tre hafi o, gake mele dzidzɔ kpɔm, eye mayi edzi akpɔ dzidzɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 97]

12, 13. (a) Nukpɔsusu nyui kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu? (b) Nu ka dzie Paulo ƒe agbenɔnɔ kple nuxlɔ̃amenyawo ɖo kpee ku ɖe trenɔnɔ ŋu?

12 Ðe wòanye be Yeremiya hã meɖoe tso ɖevime ke be yeanɔ tre hafi oa? Gake ɖewohĩ eva de dzesii be le ame siwo ɖe srɔ̃ hedzi viwo gɔ̃ hã gome la, menye ale si tututu wo dometɔ geɖewo ɖoe be nuwo nayi na yewo le srɔ̃ɖegbenɔnɔ mee va eme na wo o. Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si le Spain hã kpɔ esia dze sii. Egblɔ be: “Menya srɔ̃tɔ aɖewo siwo le dzidzɔ kpɔm kple bubu siwo mele dzidzɔ kpɔm o. Nyateƒenya sia na meka ɖe edzi be nye dzidzɔkpɔkpɔ menɔ te ɖe nye srɔ̃ɖeɖe le etsɔme alo emaɖemaɖe dzi o.” Eme kɔ ƒãa be Yeremiya kple mawusubɔla geɖewo ƒe agbenɔnɔ ɖo kpe edzi be ame siwo meɖe srɔ̃ o ate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavãtɔ le agbe me. Apostolo Paulo hã ɖo kpe esia dzi. Egblɔ be: “Mele egblɔm na ame siwo meɖe srɔ̃ o kple ahosiwo be, enyo na wo be woanɔ abe ale si ko nye hã mele ene.” (1 Kor. 7:8) Ðewohĩ ahoe Paulo ŋutɔ nye ɣemaɣi. Ne meganye nenemae o hã, nu si míenyae nye be srɔ̃ menɔ esi esime wòwɔ geɖe le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me o. (1 Kor. 9:5) Ðe mesɔ be míaƒo nya ta be eƒe trenɔnɔ ɖe vi nɛ oa? Ebui be eʋu mɔnukpɔkpɔ na ye be yeawɔ “Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.”—1 Kor. 7:35.

“Ɣeyiɣi siwo xɔ asi nam vevie la dometɔ ɖekae nye ne nye ɖeka meli. Mete ŋu ɖoa dze kple Yehowa le gbedodoɖa me. Mete ŋu dea ŋugble hesrɔ̃a nu susuhenuwo manɔmee. . . . Ɛ̃, mele dzidzɔ geɖe kpɔm le nye trenɔnɔ me.”—Babette

13 Gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ kpee be: “Ame siwo ɖe srɔ̃ la akpɔ xaxa le ŋutilã me.” Mawu na Paulo ɖe nyateƒenya vevi sia hã ɖe go be: “Ne ame aɖe ɖoe kplikpaa le eƒe dzi me . . . be yeayi edzi anye ɖekakpui si menya nyɔnu o, alo ɖetugbui si menya ŋutsu o la, ewɔe nyuie. Eya ta ɖekakpui si menya nyɔnu o, alo ɖetugbui si menya ŋutsu o, si ɖe srɔ̃ la hã wɔe nyuie, gake esi meɖe srɔ̃ o la awɔe nyuie wu.” (1 Kor. 7:28, 37, 38) Yeremiya mese nya siawo kpɔ o, gake ale si wònɔ agbee la ɖee fia be mele be ame aɖeke nasusui be trenɔnɔ axe mɔ na yeƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Nyateƒeae nye be, trenɔnɔ ate ŋu ana ame nanɔ agbe si me dzidzeme geɖe le ne eƒo eɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me bliboe. Fia Zedekiya ɖe srɔ̃, gake esi mexɔ Yeremiya ƒe aɖaŋuɖoɖowo de eme o ta la, ‘metsi agbe’ le Yerusalem tsrɔ̃ɣi o. Yeremiya ya meɖe srɔ̃ o, gake enɔ agbe si ƒomevi na wòtsi agbe.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ le Yeremiya ƒe trenɔnɔ me?

YI EDZI NÀNƆ WO TUM ÐO

14. Nu ka dzie ale si Akwila ƒe ƒomea wɔ nu ɖe Paulo ŋu la ɖo kpee?

14 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yeremiya ŋɔlimetɔ geɖe ɖea srɔ̃ heɖoa ƒome anyi. Nenema koe Paulo ŋɔlimetɔwo hã wɔe. Togbɔ be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ akpa gãtɔ ɖe srɔ̃, si wɔe be womete ŋu wɔ subɔsubɔdɔa le duta abe Paulo ene o hã la, wowɔ wo tɔ sinua le nuto si me wonɔ. Nu siwo wowɔ dometɔ aɖewoe nye be wona kpekpeɖeŋu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo. Ðo ŋku edzi be esi Paulo yi Korinto la, Akwila kple Priskila xɔe ɖe woƒe aƒe me hena wòwɔ dɔ kpli wo, elabena dɔwɔɖui ɖeka wɔlawo wonye. Gake menye ema koe o. Xɔlɔ̃dzedze si va le Akwila ƒe ƒomea kple Paulo dome anya tu Paulo ɖo ŋutɔ. Bu ale si woaɖu nu ɖekae alo akpɔ gome le hadede tuameɖowo me ɣebubuɣiwo ŋu kpɔ. Ðe ame aɖewo na kpekpeɖeŋu sia tɔgbi Yeremiya hã? Ezã eƒe trenɔnɔ tsɔ wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, gake esia mefia be etsri hadede tuameɖowo o. Anya kpɔ dzidzɔ le hadede kple ƒome aɖewo, abe Barux, Ebed-Melex, kple mawusubɔla wɔnuteƒe bubuwo ƒe ƒomewo ene me.—Rom. 16:3; xlẽ Dɔwɔwɔwo 18:1-3.

[Nɔnɔmetata si le axa 100]

15. Kpekpeɖeŋu kae Kristotɔwo ƒe ƒomewo ate ŋu ana ame siwo si srɔ̃ mele o?

15 Egbea hã, Kristotɔ trewo kpɔa dzidzɔ le hadede tuameɖowo me kple ƒome aɖewo abe ale si Akwila ƒe ƒomea wɔe na Paulo ene. Ne ƒome le asiwò la, ɖe nèkpea ame siwo si srɔ̃ mele o be woade ha kpli mia? Nɔvinyɔnu aɖe ʋu eme be: “Medo le xexea me, eye nyemedi be magatrɔ ayi o. Ke hã, amegbetɔ si hiã na lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ko meganye. Medoa gbe ɖa be Yehowa nana gbɔgbɔmenuɖuɖu kple dzideƒo geɖe mí Kristotɔ trewo. Edze abe amewo ŋlɔa mí be ene, evɔ menye mí katãe tsi dzi ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Ele eme be míate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi ya. Gake ne míehiã hadede la, ɖe manyo be míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo nana mɔnukpɔkpɔa mí oa?” Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo meɖe srɔ̃ o dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe edzi be mɔnukpɔkpɔ sia su yewo si. Wokpɔa dzidzɔ le hadede sia tɔgbi me kple woƒe hamea me tɔwo. Menye wo hatiwo koe wodea ha kpli o. Esi woawo ŋutɔwo wotsɔa ɖe le eme na ame ta la, wodea ha kple ƒome siwo le woƒe hamea me la me tɔ siwo nye ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.

16. Nu suesuesue kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ atu Kristotɔ tre siwo le miaƒe hamea me ɖo?

16 Àte ŋu atu trewo ɖo ne èwɔa ɖoɖo ɣeaɖewoɣi be woakpɔ gome le wò ƒomea ƒe wɔna aɖewo, abe Ƒometadedeagu ene, me. Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu trewo kpekpe be wòava ɖu nu kple wò ƒomea hã atu wo ɖo ŋutɔ. Azɔ hã, ɖe nàte ŋu adoe ɖe wo gbɔ be yeayi gbeadzi kpli woa? Alo ɖe nàte ŋu amia si Kristotɔ tre aɖe be wòawɔ ɖeka kple wò ƒomea miaɖi tsa alo ayi aɖadzra Fiaɖuƒe Akpata me ɖoa? Ƒome aɖewo hã nana ahowo, ahosiwo, alo mɔɖela trewo ɖoa ʋu kpli wo yia takpekpewo. Ɛ̃, hadede siawo tɔgbi atu woa kple miaƒe ƒomea siaa ɖo.

17-19. (a) Nu ka tae wòle be ame siwo si dzila tsitsiwo le nabu wo nɔewo ŋu ne wole ɖoɖo wɔm ɖe beléle na wo dzilaawo ŋu? (b) Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ ɖoɖo ɖe beléle na dadaa ŋu me?

17 Anyo be míaƒo nu tso beléle na dzila tsitsiwo ƒe nya si dzea ŋgɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo hã ŋu. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, Yudatɔ xɔŋkɔ aɖewo ɖe ta le wo fofowo kple wo dadawo dzi kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzia te le ayeme. Wotsɔ subɔsubɔkɔnu aɖewo do agba na wo ɖokui hegbe nu si Mawu di tso wo si be woawɔ na wo dzilawo la wɔwɔ. (Mar. 7:9-13) Kristotɔwo mawɔe nenema gbeɖe o.—1 Tim. 5:3-8.

18 Ke ne dzila tsitsi siwo hiã beléle ƒe vi Kristotɔ geɖewo li ya ɖe? Ne vi siawo dometɔ aɖe meɖe srɔ̃ haɖe o la, ɖe nɔvia susɔeawo abui be eya koŋ ye wòle be wòalé be na yewo dzila tsitsiawoa? Nɔvinyɔnu aɖe si le Japan gblɔ be: “Ele dzroyem be maɖe srɔ̃ hafi, gake esi wònye nyee le dzinyelawo gbɔ ta la, nyemete ŋu le eɖem o. Meka ɖe edzi be Yehowa nya dzigbagbã kple kuxi siwo me tom trewo le le beléle na dzila tsitsiwo ƒe nya sia me.” Ðe wòanye be menye nɔvinyɔnu sia ɖekae wodzi o, gake nɔviawo susui be esi yewo ya yewoɖe srɔ̃ ta la, eyae anɔ yewo dzilaa gbɔ, evɔ menye ɖe wolé susua kpɔ kplii hafi oa? Esia ɖi nɔnɔme si me Yeremiya hã to le nɔviawo si me.—Xlẽ Yeremiya 12:6.

19 Yehowa sea trewo ƒe nɔnɔmea gɔme eye wòsea veve ɖe wo dometɔ siwo le kuxi sesẽwo me tom la nu. (Ps. 103:11-14) Ke hã, ne vi sɔ gbɔ le dzila tsitsi aɖewo si la, ɖeviawo katã dzilawo ko wokpɔtɔ nye, ke menye wo dometɔ si meɖe srɔ̃ haɖe o koe o. Anɔ eme be wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ ŋutɔ hã dzi viwo ya. Gake ema meɖe lɔlɔ̃ si wòle be woaɖe afia wo dzilawo ahalé be na wo la ƒe agbanɔamedzi le wo dzi o. Ele be míanyae be esi Yesu ɖo kudo nu gɔ̃ hã la, ewɔ ɖoɖo ɖe beléle na dadaa ŋu. (Yoh. 19:25-27) Biblia mede se gobii aɖeke ku ɖe ale si Kristotɔwo alé be na wo dzila tsitsiwoe ŋu o, eye megblɔ hã be ame siwo meɖe srɔ̃ o koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye o. Eya ta ne viwo sɔ gbɔ le dzila tsitsi aɖe si la, mele be beléle na wo dzilaa nazu ame ɖeka ƒe agba o, ke boŋ ele be ɖeviawo katã nadzro nyaa me kple wo nɔewo ahawɔ ɖoɖo nyuie abe ale si Yesu hã wɔ ɖoɖo ɖe beléle na dadaa ŋu ene.

20. Aleke nèsena le ɖokuiwò me le hadede kple hamea me tɔ siwo si srɔ̃ mele o ŋu?

20 Gbɔgbɔ ʋã Yeremiya wògblɔ ɖi be: “Ame aɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim.” (Yer. 31:34) Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawo ŋue nya sia ku ɖo hã la, mí katã míele vivi sem le xɔlɔ̃wɔwɔ nyui sia me kple mía nɔewo le Kristo hamea me xoxo, mía nɔvi siwo meɖe srɔ̃ o hã le eme. Ðikeke mele eme o be mí katã míedi be míayi edzi anɔ mía nɔvi trewo tum ɖo eye woawo hã woanɔ mía tum ɖo bene mí katã ‘míatsi agbe.’

Nu bubu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ atu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo si srɔ̃ mele o ɖo eye woawo hã woatu wò ɖo?

a Womezã nyagbe “tre” le Hebrigbe me Biblia gbãtɔ me o.

b Yesaya gblɔ nya aɖe tso ame tata siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me, siwo womeɖe mɔ na be woakpɔ gome le Israel viwo ƒe subɔsubɔwɔna aɖewo me o ŋu. Egblɔ ɖi be le ame tatawo ƒe toɖoɖo ta la, woaxɔ fetu si “nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo” eye “ŋkɔ mavɔ, si metsrɔ̃na o” asu wo si.—Yes. 56:4, 5.

c Srɔ̃ mele nɔvi aɖewo hã si fifia o le esi wo srɔ̃ (ɖewohĩ dzimaxɔsetɔ) dzo le wo gbɔ alo yi ɖaxɔ srɔ̃gbegbalẽ le setɔwo gbɔ ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe