INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 42 axa 102-axa 103 mm. 3
  • Yonatan, David Xɔlɔ̃ Nuteƒewɔla Si Mevɔ̃na O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yonatan, David Xɔlɔ̃ Nuteƒewɔla Si Mevɔ̃na O
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Wɔ Nuteƒe Na Yehowa Ðaa!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Yi Edzi Nàɖe Dadavilɔlɔ̃ Afia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ale Si Nàwɔ Adze Xɔ̃ Nyuiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 42 axa 102-axa 103 mm. 3
Yonatan kple eƒe adekplɔvi

NUSƆSRƆ̃ 42

Nuteƒewɔla Yonatan Si Mevɔ̃na O

Fia Saul viŋutsu tsitsitɔ Yonatan nye aʋakalẽtɔ. David gblɔ be Yonatan zã wu hɔ̃ eye wòsesẽ wu dzata. Gbe ɖeka la, Yonatan kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔla 20 le to aɖe dzi. Egblɔ na eƒe adekplɔvi be: ‘Míadze wo dzi ne Yehowa na dzesi mí. Ne Filistitɔwo gblɔ na mí be míava la, ekema ele be míadze wo dzi.’ Filistitɔawo do ɣli be: ‘Miva wɔ aʋa kpli mí!’ Eya ta wo ame evea lia toa eye woɖu Filistitɔawo dzi.

Yonatan tsɔ eƒe nunɔamesi aɖewo na David

Esi Yonatan ye nye Saul viŋutsu tsitsitɔ ta la, eyae wòle be wòazu fia ɖe fofoa yome. Gake Yonatan nyae be Yehowa tia David be wòanye Israel-fia yeyea; ke hã meʋã ŋu o. Yonatan kple David zu xɔlɔ̃ veviwo. Wodo ŋugbe be yewoakpɔ yewo nɔewo ta ahaʋli yewo nɔewo ta. Yonatan tsɔ eƒe awu, yi, dati kple alidziblanu na David tsɔ ɖo kpe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dzi.

Esi David nɔ sisim le Saul nu la, Yonatan yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Lé dzi ɖe ƒo, mègavɔ̃ o. Yehowa tia wò be nànye fia. Fofonye gɔ̃ hã nya esia nyuie.’ Àdi be xɔlɔ̃ nyui aɖe nanɔ ye si abe Yonatan enea?

Yonatan de eƒe agbe afɔku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã yi ɖakpe ɖe exɔlɔ̃a ŋu. Enya be Fia Saul di be yeawu David eya ta egblɔ na fofoa be: ‘Nu vɔ̃e wònye be nàwu David elabena mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’ Saul do dziku ɖe Yonatan ŋu vevie. Ƒe aɖewo megbe la, Saul kple Yonatan siaa ku le aʋa aɖe me.

Le Yonatan ƒe ku megbe la, David di Yonatan viŋutsu Mefiboset yome mɔ. Esi David ke ɖe Mefiboset ŋu la, egblɔ nɛ be: ‘Esi fofowò nye xɔ̃nye vevi ta la, malé be na wò le wò agbe me katã. Ànɔ nye fiasã me eye àɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.’ David meŋlɔ exɔlɔ̃ Yonatan be gbeɖe o.

‘Milɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.’—Yohanes 15:12, 13

Nyabiasewo: Aleke Yonatan ɖee fia be dzi le ye ƒo? Aleke Yonatan ɖee fia be yenye nuteƒewɔla?

1 Samuel 14:1-23; 18:1-4; 19:1-6; 20:32-42; 23:16-18; 31:1-7; 2 Samuel 1:23; 9:1-13

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe