INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 41 axa 100-axa 101 mm. 2
  • David Kple Saul

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • David Kple Saul
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Woɖo Fia David
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • 1 Samuel Totoɖeme
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 41 axa 100-axa 101 mm. 2
David le ɣli dom ɖo ɖe Saul ƒe asaɖaa me

NUSƆSRƆ̃ 41

David Kple Saul

Esi David wu Goliat megbe la, Fia Saul tsɔe ɖo eƒe aʋawɔlawo nu. David ɖu aʋa geɖe dzi eye wòxɔ ŋkɔ ŋutɔ. Ɣesiaɣi si David gbɔ tso aʋagbedzi la, nyɔnuwo doa go nɔa ha dzim, nɔa ɣe ɖum eye wonɔa gbɔgblɔm be: ‘Saul wu ame akpewo eye David wu ame akpe akpewo!’ Eya ta Saul va nɔ ŋu ʋãm David eye wòdi be yeawui.

David nya saŋkuƒoƒo nyuie. Gbe ɖeka esi David nɔ saŋku ƒom na Saul la, fia la da akplɔe. David de axa nɛ enumake eye akplɔ la tɔ glia. Le ema megbe Saul gadze agbagba zi geɖe be yeawu David. Mlɔeba David si yi ɖabe ɖe gbedzi.

David tsɔ Saul ƒe akplɔ esime Saul dɔ alɔ̃

Saul kplɔ aʋawɔla 3,000 eye woti David yome nɔ edim. Saul va ge ɖe agado aɖe si me David kple eƒe amewo be ɖo la me. David ƒe amewo gblɔ nɛ dzaa be: ‘Mɔ ʋu na wò azɔ be nàwu Saul.’ David wɔ dzadzadza eye wòlã Saul ƒe awu toga. Saul mede dzesii o. Emegbe eve David be yemede bubu Yehowa ƒe amesiamina ŋu o. Melɔ̃ be yeƒe amewo nawu Saul o. Edo ɣli yɔ Saul gɔ̃ hã gblɔ nɛ be yeate ŋu awui esime mɔnukpɔkpɔ ʋu na ye hafi. Ðe Saul ƒe susu atrɔ eye magadi be yeawu David oa?

Ao. Saul gati David yome kokoko. Gbe ɖeka la, David kple nyruiyɔvia Abisai wɔ dzadzadza yi afi si Saul kple eƒe amewo le le zã me. Abner si nye Saul ŋudzɔla gɔ̃ hã dɔ alɔ̃. Abisai gblɔ be: ‘Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee nye esia! Na mawui.’ David gblɔ nɛ be: ‘Yehowa atu nu kple Saul. Na míatsɔ eƒe akplɔ kple tsigo ne míadzo.’

David lia to aɖe si dze ŋgɔ afi si Saul kple eƒe amewo le la. Edo ɣli ɖo ɖa gblɔ be: ‘Abner, nu ka tae mèdzɔ miaƒe fia la ŋu o? Afi kae Saul ƒe tsigo kple eƒe akplɔ le?’ Saul se David ƒe gbe eye wògblɔ be: ‘Àte ŋu awum hafi, gake mèwum o. Menya be wòe anye Israel-fia yeyea.’ Eya ta Saul trɔ yi eƒe aƒe me. Gake menye Saul ƒe aƒemetɔwo katãe lé fu David o.

“Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ.”—Romatɔwo 12:18, 19

Nyabiasewo: Nu ka tae Saul di be yeawu David? Nu ka tae David gbe be yemawu Saul o?

1 Samuel 16:14-23; 18:5-16; 19:9-12; 23:19-29; 24:1-15; 26:1-25

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe