INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 6/15 axa 12-14
  • Ernst Glück Ƒe Dɔ Sesẽ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ernst Glück Ƒe Dɔ Sesẽ La
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzadzraɖo Ðe Gbegɔmeɖeɖedɔa Ŋu
  • Dɔwɔwɔ Ƒe Ƒewo Kple Ƒe Siwo Wòtsɔ Lala
  • Dɔ Siwo Wòwɔ Emegbe
  • Nu Ðedzesi Aɖe Na Mawu Ƒe Nya La Lɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • New World Translation Ame Miliɔn Geɖe Kpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yehowa, Mawu Si Lɔ̃na Faa Ƒoa Nu Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Gɔmeɖeɖe Si Me Agbe Le!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 6/15 axa 12-14

Ernst Glück Ƒe Dɔ Sesẽ La

ƑE 300 kple edzivɔwoe nye esi va yi la, Ernst Glück tsɔ dɔ aɖe ɖo eɖokui dzi, eye le ŋutinya katã me la, ame ʋɛ aɖewo koe te kpɔ be yewoadze dɔ sia ƒomevi wɔwɔ gɔme. Eɖoe be yeaɖe Biblia gɔme ɖe gbe aɖe si mese o me.

Wodzi Glück le ƒe 1654 me le du sue si nye Wettin, si te ɖe Halle ŋu le Germany, me. Fofoa nye Luther sɔlemeha ƒe osɔfo, eye ale si mawusubɔsubɔ xɔ anyi nɔ ɖe aƒea me wɔe be Ernst tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu me ŋutɔ. Esi wòxɔ ƒe 21 la, ewu Mawu ŋu nunya sɔsrɔ̃ suku nu le Germany, eye wòʋu yi du si woyɔna fifia be Latvia me. Ɣemaɣi la, afi ma tɔ akpa gãtɔ mede suku o, eye agbalẽ ʋɛ aɖewo koe nɔ woƒe gbea me. Glück ŋlɔ bena: “Esi meva afi sia le nye sɔhɛmenɔɣi me la, gbagbãƒe gbãtɔ si mekpɔ le Latvia sɔlemeha ŋue nye be Biblia menɔ wo si o . . . Esia na meɖe adzɔgbe le Mawu ŋkume be masrɔ̃ gbe sia aɖu tu nɛ nyuie.” Eɖoe kplikpaa be yeana Biblia nasu Latviatɔwo si le wo degbe me.

Dzadzraɖo Ðe Gbegɔmeɖeɖedɔa Ŋu

Ɣemaɣi la, woyɔa nuto si me Glück yi ɖanɔ la be Livonia, eye Sweden nɔ edzi ɖum. Sweden fia teƒenɔla si kpɔa nutoa dzie nye Johannes Fischer. Etsɔ ɖe le dukɔa me tɔwo ƒe agbalẽsɔsrɔ̃ dodo ɖe ŋgɔ kple gadidi me vevie. Glück ƒo nu tso Biblia gɔme ɖeɖe le Latviagbe me ŋu na Fischer. Agbalẽtaƒe aɖe nɔ Fischer si le Riga si nye fiadua me. Ne eta Biblia ɖe Latviagbe me la, ate ŋu ado agbalẽsɔsrɔ̃ ɖe ŋgɔ, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ate ŋu akpɔ ga geɖe tso eme. Fischer bia tso Sweden Fia Charles XI si be wòaɖe mɔ ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu. Fia la ɖe mɔ nɛ be wòawɔ dɔa eye wòdo ŋugbe be yeana gakpekpeɖeŋu hena dɔa wɔwɔ. Esi Fiaa ɖe mɔ ɖe dɔa wɔwɔ ŋu le August 31, 1681 dzi la, edze gbegɔmeɖeɖedɔa gɔme.

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Glück nɔ dzadzram ɖo ɖe dɔa ŋu. Esi wònye be ese Germanygbe nyuie ta la, ate ŋu atiae be yeazã Martin Luther ƒe gɔmeɖeɖea atsɔ ɖe Biblia gɔme ɖe Latviagbe me hafi. Gake Glück di be yeƒe gɔmeɖeɖea nanye nyuitɔ kekeake, eye esia na wòƒo nya ta be esia wɔwɔ abia be yeaɖe Biblia gɔme tso Hebrigbe kple Helagbe gbãtɔwo me. Gake Glück menya nu boo aɖeke tso gbe siwo me woŋlɔ Biblia ɖo ŋu o, eya ta eyi Hamburg, Germany, be yeaɖasrɔ̃ Hebrigbe kple Helagbe. Esime wònɔ afi ma la, Jānis Reiters, si nye Livoniatɔ subɔsubɔhakplɔla aɖe anya kpe ɖe eŋu le Latviagbe kple Helagbe si me woŋlɔ Biblia ɖo siaa sɔsrɔ̃ me.

Dɔwɔwɔ Ƒe Ƒewo Kple Ƒe Siwo Wòtsɔ Lala

Glück wu eƒe gbesɔsrɔ̃a nu le ƒe 1680 me, eye wòtrɔ gbɔ va Latvia eye wòzu osɔfo. Eteƒe medidi o, edze eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa gɔme. Le ƒe 1683 me la, woɖo Glück wònye Alūksne sɔlemeha gã la ƒe osɔfo, eye afi ma koŋue wòwɔ eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa le.

Ɣemaɣi la, nya siwo woatsɔ aɖe Biblia me nya kple nufiafia geɖe gɔme menɔ Latviagbe me o. Le esia ta Glück zã Germanygbe me nya aɖewo le eƒe gɔmeɖeɖea me. Gake ewɔ etɔ sinua ɖe Mawu ƒe Nya la gɔme ɖe Latviagbe me, eye eŋunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be eƒe gɔmeɖeɖea nyo ŋutɔ. Glück to nya yeye aɖewo vae gɔ̃ hã, eye wolɔ̃a nya siwo wòto vae dometɔ geɖe zazã egbea le Latviagbe me. Wo dometɔ aɖewoe nye nya siwo wozãna le Latviagbe me na “kpɔɖeŋu,” “azãɖuɖu,” “dzɔtsu,” “tsa ŋku,” kple “ɖi ɖase.”

Johannes Fischer nɔa ale si gbegɔmeɖeɖedɔa le zɔ ɖemee ŋuti nyatakakawo ɖom ɖe Sweden fia, eye agbalẽ siwo woŋlɔna na wo nɔewo ɖee fia be kaka ƒe 1683 naɖo la, Glück wu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe nu. Ewu Biblia bliboa gɔme ɖeɖe nu le ƒe 1689 me, si fia be etsɔ ƒe enyi pɛ ko wu eƒe dɔ sesẽ la nui.a Agbalẽa ɖeɖe ɖe go he ɖe megbe ŋutɔ, gake le ƒe 1694 me la, eɖo eƒe taɖodzinua gbɔ—dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe Latvia Biblia mama na amewo ŋu.

Ŋutinyaŋlɔla aɖewo ke ɖi be menye Glück ŋutɔ ɖeka koe ɖe eƒe Biblia gɔme o. Ðikeke mele eme o be ewɔ Luther ƒe gɔmeɖeɖea ŋu dɔ, eye wòtrɔ asi le Biblia ƒe akpa aɖewo si gɔme woɖe ɖe Latviagbe me xoxo si nɔ anyi la me nyawo ŋu tsɔ de etɔa me. Ke hã, eƒe gɔmeɖeɖea ƒe akpa sue aɖe ko esiawo nye. Ðe gbegɔmeɖela bubuwo hã kpɔ gome le eƒe dɔa me kplia? Kpeɖeŋutɔ nɔ Glück si le eƒe gbegɔmeɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye ame bubuwo kpe ɖe eŋu le nuŋɔŋlɔawo me toto kple gɔmeɖeɖea ƒe nyonyome dodo kpɔ me. Ke hã, edze abe woƒe asi menɔ gbegɔmeɖeɖedɔa ŋutɔŋutɔ me o ene. Eya ta anye Glück ɖeka koe wɔ gbegɔmeɖeɖedɔa.

Glück ƒe gɔmeɖeɖea nye ŋgɔyiyi ɖedzesi aɖe ŋutɔ le Latviagbe ŋɔŋlɔ me, ke hã, nu bubu aɖe si le vevie wu kura do tso eme. Latviatɔwo ate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nya la le wo ŋutɔwo degbe me ahaxɔ eme nufiafia siwo naa agbe la azɔ. Womeŋlɔ nu si Ernst Glück wɔ na wo la be o. Elabena ƒe 300 kple edzivɔwoe nye esia si Alūksnetɔwo léa be na oɖumti eve aɖewo siwo dzi woda ŋkɔ ɖo be Glika ozoli, alo Glück ƒe oɖumtiwo. Glück yee do wo be woatsɔ anɔ ŋku ɖom Latviagbe me Biblia dzi. Blemanudzraɖoƒe sue aɖe le Alūksne afi si wodzra Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo ɖo, eye Glück ƒe gɔmeɖeɖea ƒe tata gbãtɔa ƒe kɔpi ɖeka hã le wo dome. Eye Glück ƒe Biblia kple ƒe si me wòwu eƒe dɔa nu, si nye ƒe 1689, siaa dze le Alūksne dziɖuɖua ƒe asidenutedzesi dzi.

Dɔ Siwo Wòwɔ Emegbe

Esime Glück va ɖo Latvia la, eteƒe medidi hafi wòdze Russiagbe sɔsrɔ̃ gɔme o. Le ƒe 1699 me la, eŋlɔ bena yegale yeƒe didi bubu aɖe gbɔ ɖom—eyae nye be yeaɖe Biblia gɔme ɖe Russiagbe me. Egblɔ le lɛta aɖe si wòŋlɔ le ƒe 1702 me be yegbugbɔ le Latviagbe me Biblia me tom. Gake nɔnɔme deamedzi siwo me wowɔ Biblia gɔmeɖeɖedɔa le nu nɔ yiyim. Latvia va zu aʋagbedzi le ŋutifafa me nɔnɔ ƒe geɖe megbe. Le ƒe 1702 me la, Russia ʋakɔwo ɖu Swedentɔwo dzi eye woxɔ Alūksne. Wokplɔ Glück kple eƒe ƒomea yi Russia.b Le zitɔɣi mawo me la, Glück bu Latviagbe me Biblia yeye si wòŋlɔ kple asi kpakple Russiagbe me gɔmeɖeɖe si wòwɔ la. Eku le Moscow le ƒe 1705 me.

Nu gã aɖe ŋutɔe Latviagbe me gɔmeɖeɖea kple Russiagbe me tɔa si bu la nye. Gake va se ɖe egbea la, ame sia ame si xlẽa Latviagbe me Biblia la ɖea vi tso Glück ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔa me.

Ame siwo wɔ dɔ sesẽ si nye Biblia gɔmeɖeɖe ɖe amewo degbewo me la dometɔ ɖeka koe Ernst Glück nye. Nu si do tso emee nye be amewo ate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nya la le gbegbɔgblɔ siwo le anyigba dzi la katã kloe me, eye woato esia me ano nyateƒe ƒe tsi xɔasiwo. Yehowa yi edzi le Biblia tata, siwo le gbegbɔgblɔ 2,000 kple edzivɔwo me, dzi tom le nanam be amewo nadze sii le afi sia afi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Tsɔe sɔ kple esia kpɔ; agbalẽnyala 47 ku kutri vevie ƒe adre hafi te ŋu wu Eŋlisigbe me Biblia si nye Authorized Version, alo King James Version, nu le ƒe 1611 me.

b Nyɔnuvi si wòxɔ nyi yi edzi nɔ agbe le Glück ƒe ku megbe, eye wòva ɖe Russia Fiagã Peter Gãtɔ emegbe. Le ƒe 1725 si me Peter ku la, eva zu Russia fianyɔnu Catherine I.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Glück ƒe gɔmeɖeɖea

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Yehowa Ðasefowo le Biblia fiam amewo le du si me Glück ɖe egɔme le

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe