Exlẽlawo Bia Be . . .
Nu Ka Tae Mawu Do Ŋugbe Be Yeana Agbe Mavɔ Amegbetɔwo?
▪ Biblia gblɔ be Mawu di be yeana “agbe mavɔ” mí. (Yohanes 6:40) Gake nu kae ʋãe wòtsɔ mɔkpɔkpɔ sia ɖo mía ŋkume? Dzɔdzɔenyenye ta koea?
Dzɔdzɔenyenye fia be woawɔ nu ɖe ame ŋu le mɔ nyuitɔ si dze la nu. Ðe míedze na agbe ŋutɔŋutɔa? Ao. Biblia gblɔ be: ‘Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.’ (Nyagblɔla 7:20) Ne ame wɔ nu vɔ̃ la, wohea to nɛ. Mawu xlɔ̃ nu amegbetɔ gbãtɔ, Adam, be gbe si gbe wòawɔ nu vɔ̃ la, ku kee wòaku. (1 Mose 2:17) Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Ke ne Adam ƒe dzidzimeviwo katã dze na ku la, ekema nu ka tae Mawu tsɔ agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ ɖo wo ŋkume ɖo?
“Nunana faa” ye agbe mavɔ si Mawu tsɔ ɖo mía ŋkume la nye. Enye ale si gbegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve de to hekeke tae la ɖeɖe fia. Biblia gblɔ be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o, eye nunana faa ye wònye be woto tafe si Kristo Yesu xe dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le eƒe amenuveve la ta.”—Romatɔwo 3:23, 24.
Togbɔ be mí katã míedze na ku hã la, Mawu tiae be yeana agbe mavɔ ame siwo lɔ̃ ye. Ðe esia nye nu si mesɔ oa? Biblia gblɔ be: “Ekema nya kae míagblɔ? Be madzɔmadzɔnyenye le Mawu gbɔa? Gbeɖe! Elabena egblɔ na Mose be: ‘Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔme atrɔ ɖo la ŋu.’ . . . Ekema ame kae nènye, be nàɖo nya ŋu na Mawu?”—Romatɔwo 9:14-20.
Le xexea ƒe akpa aɖewo la, dziɖuɖumegã alo ʋɔnudrɔ̃la aɖe ate ŋu atsɔ hlɔ̃dola aɖe si wole to sesẽ aɖe hem na la ƒe vodadawo akee. Ne hlɔ̃dolaa lɔ̃ faa le nu siwo wobia tso esi la wɔm eye wòle tɔtrɔwo wɔm le eƒe agbenɔnɔ me la, ʋɔnudrɔ̃la alo dukplɔla aɖe ate ŋu atso nya me be yeakpɔ nublanui nɛ ahaɖe eƒe tohehea dzi kpɔtɔ alo atsɔe akee keŋkeŋ gɔ̃ hã. Nuwɔwɔ alea anye amenuveve.
Nenema kee Yehowa hã ate ŋu atiae be yemahe to na nu vɔ̃ wɔlawo katã abe ale si wodze nɛ ene o. Ke boŋ lɔlɔ̃ ate ŋu aʋãe wòana agbe mavɔ ame siwo lɔ̃nɛ eye wonɔa agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Biblia gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia míe nye ale si wòɖo Via ɖa be wòakpe fu ahaku ɖe mía ta. Yesu gblɔ tso Fofoa ŋu be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
Ame siwo katã va dzea si Yehowa helɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu la dzea Mawu ŋu, dukɔ ka ke mee woɖatso o. Eya ta nu si koŋ ʋã Mawu wòtsɔ agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ɖo mía ŋkumee nye eƒe amenuveve, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o la ɖeɖe fia.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Enye amenuveve kple lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o la ɖeɖe fia