INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 1/1 axa 30-31
  • Ŋutsu Aɖe Si Nye Ðokuibɔbɔla Kple Dzinɔameƒotɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Aɖe Si Nye Ðokuibɔbɔla Kple Dzinɔameƒotɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Ŋuti Nufiame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 1/1 axa 30-31

Na Sɔhɛwo

Ŋutsu Aɖe Si Nye Ðokuibɔbɔla Kple Dzinɔameƒotɔ

YONA—AKPA GBÃTƆ

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ YONA 1:1-16; 2:1, 11–3:5.

Alekee nèsusu be ahom la ƒe howɔwɔ nɔ ɖiɖimee, eye alekee nèkpɔe be nɔnɔmea anɔ?

․․․․․

Seselelãme kae nàte ŋu ade dzesi le Yona kple tɔdziʋukulawo ƒe gbe me?

․․․․․

Gblɔ nu siwo ŋu Yona anɔ bubum esime wònɔ nyɔnyrɔm ɖe ƒua me kple esime ƒumelã gã la tsɔe mi. (Xlẽ Yona 2:2-10.)

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Ame kawo ƒomevie nɔ Niniwe, eye nu ka tae le gɔmedzedzea me la, Yona nɔ hehem ɖe megbe le wo gbɔ yiyi me? (Naxum 3:1)

․․․․․

Mɔ ka nue nèsusu be Niniwe nye “du gã aɖe le Mawu ŋku me” le? (Yona 3:3; 2 Petro 3:9)

․․․․․

Nu kae Yona ƒe nyateƒetoto naneke maɣlamaɣlae le nuƒoƒo tso eya ŋutɔ ƒe vodadawo kple eƒe Mawu la ŋu me ɖe fia le ame si ƒomevi wònye ŋu? (Gbugbɔ xlẽ Yona 1:9, 10.)

․․․․․

Esi wokɔ Yona tso tɔdziʋua me ƒu gbe ɖe atsiaƒua me ta la, alekee wòwɔ va nya nu siwo yi edzi le ʋua me emegbe? (Gbugbɔ xlẽ Yona 1:15, 16.)

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Vɔvɔ̃.

․․․․․

Ðokuibɔbɔ.

․․․․․

Dzinɔameƒo.

․․․․․

Ale si Yehowa bua amewoe, ame siwo adze ame vɔ̃ɖiwoe gɔ̃ hã.

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Kpɔ January 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 25-28 hena numeɖeɖe bubuwo.

NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA, ÀTE ŊU AXLẼ EŊLISIGBE ME TƆ LE www.watchtower.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe