Ðee Fia Be Yenye Kristo Yomedzela Vavã
‘Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati manyomanyo sia ati manyomanyo tsea ku si menyo na naneke o.’—MAT. 7:17.
1, 2. Mɔ kawo nue vovototo si le Kristo yomedzela vavãwo kple alakpatɔwo dome dze ƒãa le, vevietɔ le nuwuɣi sia me?
YESU gblɔ be vovototo si le aʋatso Kristotɔwo kple Kristotɔ vavãwo dome la ava dze ƒãa le woƒe kutsetsewo, siwo nye woƒe nufiafiawo kple agbenɔnɔ, me. (Mat. 7:15-17, 20) Le nyateƒe me la, nu siwo gena ɖe susu kple dzi me na ame la kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi godoo. (Mat. 15:18, 19) Ame siwo wotsɔ alakpanufiafiawo fia nui la tsea ‘ku si menyo na naneke o,’ ke ame siwo wofia gbɔgbɔmenyateƒewoe la tsea “ku nyui.”
2 Kutsetse ƒomevi eveawo siaa le dzedzem ƒãa le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Mixlẽ Daniel 12:3, 10.) Mawu ŋuti nukpɔsusu totrowoe le aʋatso Kristotɔwo si, eye wonyea alakpanuwɔlawo hã, gake ame siwo si gbɔgbɔmenugɔmesese deto le la ‘tsɔa gbɔgbɔ kple nyateƒe dea ta agu’ na Mawu. (Yoh. 4:24; 2 Tim. 3:1-5) Wokua kutri ɖea nɔnɔme siwo ɖi Kristo tɔ la fiana. Ke míawo ŋutɔwo ya ɖe? Esi nèle ŋugble dem le nu atɔ̃ siwo me dzro ge míegbɔna siwo dea dzesi Kristotɔ vavãwo ŋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye agbenɔnɔ kple nufiafiawo wɔa ɖeka kple Mawu ƒe Nya la? Ðe nye nuwɔnawo ɖoa atsyɔ̃ na nyateƒea le ame siwo le nyateƒea dim la ŋkumea?’
Nɔ Agbe Ðe Mawu Ƒe Nya La Nu
3. Nu kae dzea Yehowa ŋu, eye nu kae esia wɔwɔ lɔ ɖe eme na Kristotɔ vavãwo?
3 Yesu gblɔ be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme.” (Mat. 7:21) Ɛ̃, menye egbɔgblɔ be Kristotɔwoe míenye ye dzea Yehowa ŋu o, ke boŋ agbenɔnɔ abe Kristotɔwo ene ye dzea eŋu. Le Kristo yomedzela vavãwo gome la, esia lɔ woƒe agbemenuwɔna ɖe sia ɖe—ale si wowɔa nu ɖe ga, dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe, xexe sia ƒe kɔnuwo kple ŋkekenyuiwo, srɔ̃ɖeɖe kpakple ɖe ame bubuwo ŋu—la ɖe eme. Gake aʋatso Kristotɔwo ya ƒe nukpɔsusuwo kple nuwɔnawo wɔ ɖeka kple xexe sia, si ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo gale fievo dom ɖe edzi wu le ŋkeke mamlɛ siawo me la, tɔ.—Ps. 92:8 .
4, 5. Alekee míate ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe nya siwo dze le Maleaxi 3:18 la dzi le míaƒe agbe me?
4 Eya ta nyagblɔɖila Maleaxi ŋlɔ bena: ‘Miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple ame si mesubɔnɛ o la dome.’ (Mal. 3:18) Esi nèle ŋugble dem tso nya siawo ŋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye nuwɔna ɖia xexe sia tɔa, alo eto vovo? Ðe medina be mawɔ nu wòadze hanyetiwo ŋu ɣesiaɣi, eɖanye le suku alo dɔ mea, alo ɖe meléa Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi goŋgoŋ heʋlia nyateƒea ta ne ehiã?’ (Mixlẽ 1 Petro 3:16.) Ele eme be menye ɖe míedi be míawɔ nu abe ɖe míele dzɔdzɔe akpa ene ya o, gake ele be míato vovo kura tso ame siwo melɔ̃a Yehowa hesubɔnɛ o la gbɔ.
5 Ne èkpɔ be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ aɖewo la, ɖe manyo be nàdo gbe ɖa tso eŋu ahato Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple kpekpeawo dede edziedzi me ado ŋusẽ ɖokuiwò le gbɔgbɔ me oa? Zi ale si nète ŋu le wɔwɔm ɖe Mawu ƒe Nya la dzii la, zi nenemae nàtse ‘ku nyuiwo,’ siwo dometɔ aɖee nye “nuyi siwo ʋua [Mawu ƒe] ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.”—Heb. 13:15.
Ðe Gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe La
6, 7. Le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedeasia gome la, vovototo kae dze ƒãa le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome?
6 Yesu gblɔ be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Nu ka tae Yesu tsɔ Mawu Fiaɖuƒea wɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe nyati vevitɔ? Enyae be ye, ame si ava nye Fiaɖuƒea ƒe Fia, kple ye nɔvi amesiamina siwo woafɔ ɖe tsitre la, yewogbɔna nu vɔ̃ kple Abosam—siwo koŋ gbɔ ameƒomea ƒe kuxiwo tso la—ɖe ge ɖa. (Rom. 5:12; Nyaɖ. 20:10) Eya ta ede se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ma va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. (Mat. 24:14) Ame siwo gblɔnɛ kple nu ko be yewonye Kristo yomedzelawo la mewɔa dɔ sia o—le nyateƒe me la, womate ŋu awɔe hã o. Nu ka tae? Le susu etɔ̃ aɖewo ya teti ta: Gbã la, womate ŋu aɖe gbeƒã nu si gɔme womese o. Evelia, ɖokuibɔbɔ kple dzideƒo si hiã be woate ŋu akpe akɔ kple fewuɖuɖu kple tsitretsiɖeŋu siwo woate ŋu ado goe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedeasia na wo haviwo me la mele wo dometɔ geɖe si o. (Mat. 24:9; 1 Pet. 2:23) Eye etɔ̃lia, Mawu ƒe gbɔgbɔ la mele aʋatso Kristotɔwo dzi o.—Yoh. 14:16, 17.
7 Gake Kristo yomedzela vavãwo ya nya nu si Mawu Fiaɖuƒea nye kple nu si wòava wɔ la nyuie. Gawu la, wotsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me heɖea gbeƒãe le xexea me katã le Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me. (Zax. 4:6) Ðe nèle gome kpɔm le dɔ sia me edziedzia? Ðe nèle agbagba dzem be yeana yeƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa naganyo ɖe edzi wu, ɖewohĩ to ɣeyiɣi geɖe wu zazã le gbeadzi alo agbagbadzedze be wò nufiafiaɖaŋu naganyo ɖe edzi wu mea? Ame aɖewo dze agbagba be yewoana yewoƒe subɔsubɔdɔa naganyo ɖe edzi wu to Biblia ŋu dɔ wɔwɔ nyuie wu me. Apostolo Paulo, si lɔ̃a Ŋɔŋlɔawo me dzodzro kple amewo la gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”—Heb. 4:12; Dɔw. 17:2, 3.
8, 9. (a) Nuteƒekpɔkpɔ kawoe na vevienyenye si le Biblia zazã le subɔsubɔdɔa me dze ƒãa? (b) Alekee míawɔ abi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã nyuie wu me?
8 Esi nɔviŋutsu aɖe nɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe dɔa wɔm la, exlẽ nya siwo dze le Daniel 2:44 la na ŋutsu aɖe si nye Katolikotɔ heƒo nu tso ale si Mawu Fiaɖuƒea ava he ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ la ŋu nɛ. Ŋutsua ɖo eŋu gblɔ bena: “Edzɔ dzi nam be mègblɔ nyaawo nam ko o, ke boŋ èʋu Biblia hefia nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ lam.” Esi nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a xlẽ ŋɔŋlɔ aɖe na nyɔnu aɖe si nye Hela Orthodɔkstɔ la, nyɔnua ɖe ɖetsɔleme fia to nya geɖewo biabia me. Le go sia hã me la, wozã Biblia tsɔ ɖo nyaawo ŋu. Emegbe nyɔnua gblɔ be: “Mienya nu si tae melɔ̃ ɖo dze kpli mia? Mietsɔ Biblia ɖe asi va nye ʋɔtru nu hexlẽe nam.”
9 Ele eme be míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo le vevie, eye wòle be míana wo le gbeadzi ya. Gake Biblia lae nye míaƒe dɔwɔnu vevitɔ. Eya ta ne mèzãnɛ edziedzi le gbeadzi o la, ɖe manyo ŋutɔ be nàɖoe wò taɖodzinu be yeanɔ ezãm edziedzi oa? Ðewohĩ àte ŋu atia mawunyakpukpui vevi aɖewo siwo ɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea nye, kple ale si wòava kpɔ kuxi aɖewo koŋ, siwo ɖea fu na ame siwo le miaƒe nutoa me, gbɔ la me, eye nàdze agbagba anɔ wo zãm ne èle gbeƒã ɖem tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu.
Nenye Dada Na Wò Be Mawu Ƒe Ŋkɔ Le Ŋuwò
10, 11. Ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa zazã ŋu la, vovototo gã kae dze le Yesu kple ame siwo gblɔna be yewonye eyomedzelawo la dome?
10 “Yehowa be, miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.” (Yes. 43:12) Yesu Kristo, si nye Yehowa ƒe Ðasefo vevitɔ kekeake la, bui be Mawu ƒe ŋkɔ si le ye ŋu kple mɔnukpɔkpɔ si su ye si be yeaɖee afia ame bubuwo la nye bubu na ye. (Mixlẽ 2 Mose 3:15; Yohanes 17:6; Hebritɔwo 2:12.) Le nyateƒe me la, esi wònye be Yesu ɖe gbeƒã Fofoa ƒe ŋkɔ ta la, woyɔe be “Ðasefo Nyateƒetɔ la.”—Nyaɖ. 1:5; Mat. 6:9.
11 Gake ame siwo gblɔna alakpatɔe be yewonye Mawu kple Via teƒenɔlawo ya wɔ ŋukpenanu ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye woɖee ɖa le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me gɔ̃ hã. Bubumademade Mawu ƒe ŋkɔ ŋu sia tɔgbi dze le mɔfiame aɖe si wona Katoliko bisiɔpwo me, si gblɔ be “mele be woazã alo ayɔ Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (YHWH) ŋlɔna la” le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o.a Nuŋububu vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi!
12. Aleke wɔ wova nya Yehowa subɔlawo tɔ ɖe Yehowa ŋu wu le ƒe 1931 me?
12 Kristotɔ siwo li egbea la srɔ̃a Kristo kple ame siwo nye “ɖasefowo ƒe alilikpo gã” siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu, siwo zã Mawu ƒe ŋkɔa faa la. (Heb. 12:1) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe amewo na wonya wo tɔ ɖe Yehowa ŋu wu, esi wotsɔ ŋkɔ na wo ɖokuiwo be Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me. (Mixlẽ Yesaya 43:10-12.) Eya ta le gɔmesese vevi aɖe nu la, Kristo yomedzela vavãwo zu “ame siwo ŋu woyɔ [Mawu ƒe] ŋkɔ ɖo.”—Dɔw. 15:14, 17.
13. Alekee míate ŋu anɔ agbe wòasɔ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ si le mía ŋu la nu?
13 Alekee mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu anɔ agbe wòasɔ ɖe míaƒe ŋkɔ tɔxɛa nu? Mɔ ɖekae nye be míaɖi ɖase tso Mawu ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Paulo ŋlɔ bena: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee. Ke hã, aleke woawɔ ayɔ ame si dzi womexɔ se o la? Eye aleke woawɔ axɔ ame si ŋu nya womese kpɔ o la dzi ase? Eye aleke woawɔ asee, ne ame aɖeke meɖea gbeƒã o? Eye aleke woawɔ aɖe gbeƒã, ne womedɔ wo ɖa hafi o?” (Rom. 10:13-15) Ele hã be míatsɔ aɖaŋudzedze aʋu go subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia siwo gblẽa mía Wɔla la ŋu, abe dzo mavɔ ƒe nufiafia la, si le nyateƒe me la, enye Abosam ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖi si wotsɔ tɔ ɖe lɔlɔ̃ ƒe Mawu la ŋu la ene.—Yer. 7:31; 1 Yoh. 4:8; tsɔe sɔ kple Marko 9:17-27.
14. Aleke ame aɖewo wɔ nui esi wova nya Mawu ƒe ŋkɔ la?
14 Ðe wònyea dada na wò be Fofowò si le dziƒo la ƒe ŋkɔ le ŋuwòa? Ðe nèkpena ɖe amewo ŋu be woanya ŋkɔ kɔkɔe ma? Nyɔnu aɖe si le Paris, France, se be Yehowa Ðasefowo nya Mawu ƒe ŋkɔa, eya ta esi wògado go Ðasefo aɖe la, ebiae be wòafia ŋkɔ ma ye le yeƒe Biblia me. Esi wòxlẽ Psalmo 83:19 la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Ete Biblia sɔsrɔ̃, eye fifia enye nɔvinyɔnu nuteƒewɔla aɖe si le subɔsubɔm le dukɔ bubu me. Esi Australia nyɔnu aɖe, si nye Katolikotɔ la kpɔ Mawu ƒe ŋkɔ zi gbãtɔ le Biblia me la, efa dzidzɔvi. Emegbe eva zu mɔɖela, eye wòle dɔ sia dzi ƒe geɖewoe nye esia. Nyitsɔ laa le Jamaica la, Ðasefowo fia Mawu ƒe ŋkɔa nyɔnu aɖe le eya ŋutɔ ƒe Biblia me, eye eya hã fa dzidzɔvi. Eya ta nenye dzidzɔ na wò be Mawu ƒe ŋkɔ le ŋuwò, eye nàna amewo katã nanya ŋkɔ xɔasi ma abe ale si Yesu wɔe ene.
“Miganɔ Xexea . . . Lɔ̃m O”
15, 16. Alekee Kristotɔ vavãwo bua xexeae, eye biabia kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?
15 “Miganɔ xexea alo nu siwo le xexea me la lɔ̃m o. Ne ame aɖe lɔ̃a xexea la, Fofo la ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.” (1 Yoh. 2:15) Xexe sia kple gbɔgbɔ si wòɖena fiana la tsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Eya ta menye ɖeko Kristo yomedzela vavãwo medina be yewoanye xexea ƒe akpa aɖeke o. Ke wogbe nu le egbɔ hã, elabena Yakobo ƒe nya siawo le susu me na wo be: “Xɔlɔ̃dzedze xexea nye futɔnyenye na Mawu.”—Yak. 4:4.
16 Gake esi wònye be míedoa go tetekpɔ geɖewo le xexe sia me ta la, Yakobo ƒe nya mawo dzi wɔwɔ mele bɔbɔe o. (2 Tim. 4:10) Esia tae Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be: “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yoh. 17:15, 16) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medzea agbagba be maganye xexea ƒe akpa aɖeke oa? Ðe amewo nya be nyemekpɔa gome le kɔnu kple ŋkekenyui siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o kpakple esiwo medzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me o gake wòdze ƒãa be wonye xexea ƒe gbɔgbɔ ɖeɖe fia la me oa?’—2 Kor. 6:17; 1 Pet. 4:3, 4.
17. Nu kae ate ŋu aʋã dzianukwaretɔwo be woava subɔ Yehowa?
17 Enye nyateƒe be ale si míewɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la mana xexea nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o ya, gake ate ŋu ana dzianukwaretɔwo nadi be yewoanya nu geɖe tso mía ŋu. Nyateƒee, ne ame siawo kpɔe be míetu míaƒe xɔse ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi bliboe, eye be ekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi la, ate ŋu aʋã wo woawɔ nu abe ɖe wole gbɔgblɔm na amesiaminawo ene be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”—Zax. 8:23.
Ðe Kristotɔwo Ƒe Lɔlɔ̃ Vavã La Fia
18. Nu kae lɔlɔ̃ na Yehowa kple lɔlɔ̃ na mía haviwo lɔ ɖe eme?
18 Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo,” eye “ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mat. 22:37, 39) Lɔlɔ̃ sia (a·gaʹpe le Helagbe me) nye nyuiwɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si ame ɖena fiana le esi wòkpɔe be ele be yeawɔe ta, eye wotunɛ ɖe gɔmeɖose nyuiwo kple nudzeamewɔwɔ dzi, eye zi geɖe la, elɔa seselelãme sẽŋu ɖeɖe fia ɖe eme. Ete ŋu nyea numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ si nu sẽna ŋutɔ hã. (1 Pet. 1:22) Lɔlɔ̃ sia media eɖokui tɔ o, enana ame ƒoa nu hewɔa nu ɖokuitɔmadimaditɔe.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-7.
19, 20. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖe ŋusẽ si gbegbe le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ŋu la fia?
19 Esi lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe ta la, ekpena ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu wowɔa nu siwo ame bubuwo mete ŋu wɔna o. Le kpɔɖeŋu me, womeɖea mɔ ŋutigbalẽ, dekɔnuwo, kple dunyahehe me vovototodedeameme nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o. (Mixlẽ Yohanes 13:34, 35; Gal. 5:22) Ne ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ kpɔ lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna siawo la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, esi Yudatɔ ɖekakpui aɖe si le Israel de Kristotɔwo ƒe kpekpewo zi gbãtɔ la, ewɔ nuku nɛ be nɔvi siwo nye Yudatɔwo kple Arabtɔwo ƒo ƒu ɖekae le Yehowa subɔm. Eya ta ete kpekpeawo dede edziedzi, eye wòlɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Ðe wò hã èɖea lɔlɔ̃ sia si tso dzi me la fiaa nɔviwòwoa? Eye ɖe nèdzea agbagba doa gbe na ame yeye siwo vana miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me la vividoɖeameŋutɔe, metsɔ le dukɔ si me wotso, woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, alo ɖoƒe si wole me oa?
20 Esi míenye Kristotɔ vavãwo ta la, míedzea agbagba be míaɖe lɔlɔ̃ afia amewo katã. Le El Salvador la, sɔhɛ gbeƒãɖela aɖe nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe si nye Katolikotɔ, si xɔ ƒe 87, si melɔ̃a nu le eƒe subɔsubɔhaa gbɔ kura o. Gbe ɖeka la, nyɔnu sia dze dɔ vevie eye woxɔe ɖe kɔdzi. Esi woɖe asi le eŋu la, Ðasefoawo va srãe kpɔ hekpɔ eƒe nuɖunyawo gbɔ nɛ. Wonɔ esia wɔwɔ dzi abe ɣleti ɖeka ene. Nyɔnua ƒe sɔlemetɔ aɖeke meva srãe kpɔ o. Nu kae do tso eme? Etsɔ nɔnɔmewɔwɔ siwo wòzãna le subɔsubɔ me la ƒu gbe, do le haa me, eye wòyi eƒe Biblia nusɔsrɔ̃a dzi. Ɛ̃, ŋusẽ le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ la ŋu vavã! Ete ŋu wɔa dɔ ɖe ame dzi wu nya siwo míegblɔna kple nu ko.
21. Nu kae míawɔ be míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ nali ke?
21 Eteƒe madidi o, Yesu agblɔ na ame siwo katã gblɔna alakpatɔe be yewonye eyomedzelawo la be: “Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.” (Mat. 7:23) Eya ta mina míatse ku siwo dea bubu Fofo la kple Vi la siaa ŋu. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, woatsɔe asɔ kple ŋutsu dzeaɖaŋu, si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi.” (Mat. 7:24) Ɛ̃, ne míeɖee fia be míenye Kristo yomedzela vavãwo la, Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ali ke abe agakpe dzie wotui ɖo ene!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Katolikotɔwo ƒe Eŋlisigbe me gbalẽ siwo li egbea la dometɔ aɖewo, abe The Jerusalem Bible la ene, ɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ la gɔme be “Yahweh.”
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Vovototo kae le Kristo yomedzela vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome?
• ‘Kutsetse’ siwo wotsɔ dea dzesi Kristotɔ vavãwo la dometɔ aɖewo ɖe?
• Taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò le Kristotɔwo ƒe kuwo tsetse gome?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ðe nèzãa Biblia edziedzi le wò subɔsubɔdɔa mea?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ðe amewo nya be mèkpɔa gome le ŋkekenyui siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la me oa?