Alẽha Ðeka, Alẽkplɔla Ðeka
“Mi ame siwo dze yonyeme hã miabɔbɔ anɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.”—MAT. 19:28.
1. Alekee Yehowa wɔ nu ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu, eye nu ka tae esia mefia be metsɔ ɖeke kura le eme na dukɔ bubuwo me tɔwo o?
YEHOWA lɔ̃ Abraham, eya ta eɖe lɔlɔ̃ deto fia eƒe dzidzimeviwo. Ebu Israel dukɔa, si dzɔ tso Abraham me la, be wonye yeƒe ame tiatiawo, alo ye ‘ŋutɔ yeƒe dukɔ [alo dukɔ tɔxɛ]’ hena ƒe alafa 15 kple edzivɔwo. (Mixlẽ 5 Mose 7:6.) Ðe esia fia be Yehowa metsɔ ɖeke le eme na dukɔ bubuwo me tɔwo kura oa? Ao. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, woɖe mɔ na ame siwo menye Israel viwo o, siwo di be yewoasubɔ Yehowa, la be woawɔ ɖeka kple eƒe dukɔ tɔxɛ la. Wobua dzimetrɔla siawo, alo ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔ siawo, abe Israel dukɔa me viwo ene. Ele be woawɔ nu ɖe wo ŋu abe wo nɔviwo ene. (3 Mose 19:33, 34) Eye wobia tso woawo hã si be woawɔ ɖe Yehowa ƒe seawo katã dzi.—3 Mose 24:22.
2. Nya wɔmoyaa kae Yesu gblɔ, eye biabia kawoe nya sia fɔ ɖe te?
2 Ke hã, Yesu gblɔ nya wɔmoyaa sia na Yudatɔ siwo nɔ eƒe ŋkekea me be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” (Mat. 21:43) Ame kawoe anye dukɔ yeye sia me tɔwo? Eye alekee tɔtrɔ sia ka mí ame siwo li egbea?
Dukɔ Yeye La
3, 4. (a) Aleke apostolo Petro ɖe ame siwo nye dukɔ yeye la fiae? (b) Ame kawoe nye dukɔ yeye sia me tɔwo?
3 Apostolo Petro ɖe ame siwo nye dukɔ yeye sia fia kɔtɛ. Eŋlɔ na ehati Kristotɔwo be: “Mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu tɔ koŋ, bene miaɖe gbeƒã’ ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me la ‘ƒe nɔnɔme nyuiwo.’” (1 Pet. 2:9) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, dzɔdzɔme Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se be eyae nye Mesia lae nye ame gbãtɔ siwo va zu dukɔ yeye ma me tɔwo. (Dan. 9:27a; Mat. 10:6) Emegbe la, wova xɔ ame geɖe siwo menye Israel viwo o hã ɖe dukɔ sia me, elabena Petro yi edzi gblɔ be: “Mienye dukɔ tsã o, gake azɔ la, mienye Mawu ƒe dukɔ.”—1 Pet. 2:10.
4 Ame kawoe Petro nɔ nya sia gblɔm na? Le eƒe lɛtaa ƒe gɔmedzedze la, egblɔ be: “[Mawu dzi] mí yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o. Wodzrae ɖo ɖe dziƒo na mi.” (1 Pet. 1:3, 4) Eya ta dukɔ yeye sia me tɔwoe nye Kristotɔ amesiaminawo, ame siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le. Woawoe nye “Mawu ƒe Israel la.” (Gal. 6:16) Apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega aɖe me be gbɔgbɔ me Israel vi siawo ƒe xexlẽme nye ame 144,000. “Woƒle ame siawo tso amegbetɔwo dome, be woanye kutsetse gbãtɔ na Mawu kple Alẽvi la,” be woanye “nunɔlawo,” eye “woaɖu fia [kple Yesu] hena ƒe akpe ɖeka.”—Nyaɖ. 5:10; 7:4; 14:1, 4; 20:6; Yak. 1:18.
Ðe Israel Dukɔa Le Tsitre Ði Na Ame Bubu Aɖewo Hã?
5. (a) Ame kawoe wozãa nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe Israel” na? (b) Nu ka tae menye amesiaminawo koe wozãa nya “Israel” na ɣesiaɣi o?
5 Edze ƒãa be Kristotɔ amesiaminawo koe wozãa nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe Israel” si dze le Galatiatɔwo 6:16 la na. Ke hã, ɖe Yehowa ƒoa nu tso Israel dukɔa ŋu le kpɔɖeŋumɔ nu ɣeaɖewoɣi wòfiaa Kristotɔ bubuwo to vovo na amesiaminawoa? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le nya siawo siwo Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo la me. Egblɔ be: “Mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe aɖe, bene miaɖu nu ano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.” (Luka 22:28-30) Esia ava eme le “nuwo gbugbɔgawɔ” ƒe ɣeyiɣia me, alo nuwo ɖɔɖɔɖoɣi, le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.—Mixlẽ Mateo 19:28.
6, 7. Ame kawoe nyagbɔgblɔ si nye “Israel to wuieveawo” si wozã le Mateo 19:28 kple Luka 22:30 la le tsitre ɖi na?
6 Ame 144,000 la asubɔ abe fiawo, nunɔlawo, kple ʋɔnudrɔ̃lawo ene le dziƒo le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. (Nyaɖ. 20:4) Ame kawoe woadrɔ̃ ʋɔnui, eye ame kawo dzie woaɖu fia ɖo? Wogblɔ na mí le Mateo 19:28 kple Luka 22:30 be woadrɔ̃ ʋɔnu “Israel to wuieveawo.” Ame kawoe “Israel to wuieveawo” le tsitre ɖi na le afi sia? Wole tsitre ɖi na ame siwo katã si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le—ame siwo xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se gake womele nunɔla siwo nye fiawo ƒe ha la me o. (Womexlẽ Lewi toa kpe ɖe dzɔdzɔme Israel ƒe to 12 la ŋu o.) Ame siwo Israel ƒe to 12 la le tsitre ɖi na le mawunyakpukpui mawo mee nye ame siwo ame 144,000 la ƒe nunɔladɔ aɖe vi na. Mawu xɔ ame siawo siwo menye nunɔlawo o siwo nunɔlawo ƒe subɔsubɔdɔa aɖe vi na wo la hã be wonye yeƒe amewo, eye wòlɔ̃ wo. Esɔ nyuie be wotsɔ wo sɔ kple eƒe dukɔ si nɔ anyi le blema.
7 Esɔ nyuie ŋutɔ be esi apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega me be wotre ame 144,000 siwo nye gbɔgbɔ me Israel viwo nu keŋkeŋ do ŋgɔ na xaxa gãa vɔ la, ekpɔ “ameha gã” aɖe hã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o, siwo tso ‘dukɔwo katã’ me. (Nyaɖ. 7:9) Ame siawo atsi agbe le xaxa gã la me ayi ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Ɣemaɣi la, woafɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre woava kpe ɖe wo ŋu. (Yoh. 5:28, 29; Nyaɖ. 20:13) Ame siawo katãe “Israel to wuieveawo,” siwo Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la adrɔ̃ ʋɔnui la, le tsitre ɖi na.—Dɔw. 17:31; 24:15; Nyaɖ. 20:12.
8. Mɔ ka nue nu siwo yia edzi ƒe sia ƒe le Avuléŋkekea dzi la nye vɔvɔli na ƒomedodo si le ame 144,000 la kple ameƒomea me tɔ susɔeawo dome le?
8 Nu siwo yia edzi ƒe sia ƒe le Avuléŋkekea dzi la nye vɔvɔli na ƒomedodo sia si le ame 144,000 la kple ameƒomea me tɔ susɔeawo dome. (3 Mose 16:6-10) Gbã la, wobia tso nunɔlagã la si be wòatsɔ nyitsu asa nuvɔ̃vɔ si wòatsɔ “alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.” Eya ta ame siwo Nunɔlagã Yesu ƒe vɔsa la ɖea vi na gbãe nye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo, ame siwo ava nye nunɔlawo akpe ɖe eŋu woasubɔ le dziƒo. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔa gbɔ̃tsu eve saa vɔ ɖe Israel vi bubuawo ƒe nu vɔ̃wo ta le Avuléŋkekea dzi. Le go sia me la, nunɔlawo ƒe toa le tsitre ɖi na ame 144,000 la, eye Israel vi bubuawo le tsitre ɖi na ame siwo katã si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. Gɔmesese sia ɖee fia be nyagbɔgblɔ “Israel to wuieveawo” si dze le Mateo 19:28 la meku ɖe amesiamina siwo ava nye nunɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu la ŋu o, ke boŋ ame bubu siwo katã xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se ŋue wòku ɖo.a
9. Ame kawoe nunɔla siwo Xezekiel kpɔ le gbedoxɔa ŋuti ŋutegaa me la le tsitre ɖi na, eye ame kawoe Israel vi siwo tso to siwo me tɔwo menyea nunɔlawo o me la le tsitre ɖi na?
9 Gabu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Wona nyagblɔɖila Xezekiel kpɔ ŋutega aɖe si me woɖe nuwo fiae tsitotsito ku ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu. (Eze., ta 40-48) Le ŋutega sia me la, nunɔlawo wɔa dɔ le gbedoxɔa me, wonaa mɔfiame dukɔa eye woxɔa aɖaŋuɖoɖo kple ɖɔɖɔɖo tso Yehowa gbɔ na dukɔa. (Eze. 44:23-31) Le ŋutega ma ke me la, woɖee fia be to vovovoawo me tɔwo va dea ta agu na Mawu hesaa vɔ le gbedoxɔa me. (Eze. 45:16, 17) Eya ta le ŋutega sia me la, nunɔlawo le tsitre ɖi na amesiaminawo, eye Israel vi siwo tso to siwo me tɔwo menyea nunɔlawo o me la le tsitre ɖi na ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. Edze ƒãa le ŋutega sia me be ƒuƒoƒo evea siaa wɔa dɔ aduadu, gake nunɔlawo ƒe haa ye xɔa ŋgɔ le tadeagu dzadzɛa me.
10, 11. (a) Yesu ƒe nyawo me vava si doa ŋusẽ ame ƒe xɔse ka teƒe kpɔm míele? (b) Biabia kae fɔ ɖe te ku ɖe alẽ bubuawo ŋu?
10 Yesu ƒo nu tso “alẽ bubuwo,” siwo matso ‘alẽkpo’ si me “alẽha sue,” si me tɔwo nye eyomedzela amesiaminawo, tso la me o la ŋu. (Yoh. 10:16; Luka 12:32) Egblɔ be: “Makplɔ woawo hã avae, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka.” Aleke gbegbe wòdoa ŋusẽ míaƒe xɔsee nye esi be míele nya mawo me vava teƒe kpɔm! Woƒo hatsotso eve me tɔwo nu ƒu ɖekae—amesiaminawo ƒe ha sue la kple alẽ bubuawo ƒe ameha gã la. (Mixlẽ Zaxariya 8:23.) Togbɔ be alẽ bubuawo mesubɔna le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔa me o hã la, wosubɔna le eƒe xɔxɔnu xexetɔ me.
11 Gake ne Yehowa zãa blema Israel vi siwo tso to siwo me tɔwo menyea nunɔlawo o me ɣeaɖewoɣi wòtsia tsitre ɖi na alẽ bubuawo la, ɖe wòfia be ele be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã naɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawoa? Míadzro nyabiase sia me azɔ.
Nubabla Yeye La
12. Ðoɖo yeye ka ŋu nyae Yehowa gblɔ ɖi?
12 Yehowa gblɔ ɖoɖo yeye aɖe si wòawɔ na eƒe amewo la ŋu nya ɖi esime wògblɔ be: ‘Nu si mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.’ (Yer. 31:31-33) Yehowa ato nubabla yeye sia dzi ana ŋugbe si wòdo na Abraham la nava eme le ŋutikɔkɔe me ahanɔ anyi tegbee.—Mixlẽ 1 Mose 22:18.
13, 14. (a) Ame kawoe nye nubabla yeyea me tɔwo? (b) Ame kawoe nubabla yeyea ɖea vi na, eye aleke “wokuna ɖe” eŋui?
13 Yesu he susu yi nubabla yeye sia dzi le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me esime wògblɔ be: “Kplu sia tsi tsitre ɖi na nubabla yeye si wowɔ to nye ʋu, si woakɔ ɖe anyi ɖe mia ta dzi la.” (Luka 22:20; 1 Kor. 11:25) Ðe Kristotɔwo katã le nubabla yeye sia mea? Ao. Wo dometɔ aɖewo, abe apostolo siwo no nu le kplu ma nu le zã ma me ene la, nye nubabla yeyea me tɔwo.b Yesu wɔ nubabla bubu aɖe kpli wo be woava ɖu fia kpli ye le yeƒe Fiaɖuƒea me. (Luka 22:28-30) Woakpɔ gome kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me.—Luka 22:15, 16.
14 Ke ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te ya ɖe? Wonye ame siwo nubabla yeyea ɖea vi na. (Gal. 3:8, 9) Togbɔ be womenye nubabla yeyea me tɔwo o hã la, “wokuna ɖe” nubabla sia ŋu to wɔwɔ ɖe eƒe nudidiwo dzi me, abe ale si ko nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene be: ‘Amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo nɛ, wo ame siwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.’ Eye Yehowa gagblɔ kpee be: “Elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”—Yes. 56:6, 7.
Ame Kawoe Wòle Na Be Woaɖu Ŋkuɖodzinuawo?
15, 16. (a) Nu kae apostolo Paulo tsɔ nubabla yeyea do ƒome kple? (b) Nu ka tae mele be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la naɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o?
15 “Dzideƒo le” nubabla yeye la me tɔwo ‘si be yewoakpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la me.’ (Mixlẽ Hebritɔwo 10:15-20.) Ame siawoe axɔ “fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o” la. (Heb. 12:28) Eya ta ame siwo anye fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe Yesu Kristo ŋu le dziƒo la koe wòle na be woano nu le “kplu” si le tsitre ɖi na nubabla yeyea la nu. Ame siawo siwo nye nubabla yeyea me tɔwoe nye ame siwo ŋugbe wodo na Alẽvi la. (2 Kor. 11:2; Nyaɖ. 21:2, 9) Ame bubu siwo katã dea Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe la nye nuteƒekpɔla siwo dea bubu wɔnaa ŋu, gake womekpɔa gome le kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me o.
16 Paulo hã kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la mekpɔa gome le Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me o. Egblɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Elabena ɣesiaɣi si mieɖu abolo sia, eye mieno nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, va se ɖe esime wòava ɖo.” (1 Kor. 11:26) Ɣekaɣie Aƒetɔ la ‘ava ɖo’? Eyae nye ɣeyiɣi si me wòava kplɔ eƒe ŋugbetɔ amesiaminawo ƒe ha la me tɔ mamlɛa ayi woƒe aƒe, si nye dziƒo la, me. (Yoh. 14:2, 3) Eme kɔ ƒãa be, Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe ŋkuɖodziwɔnaa mayi edzi tegbee o. Nyɔnu la ƒe dzidzimea ƒe “ame susɔeawo,” siwo agakpɔtɔ anɔ anyigba dzi la ayi edzi anɔ fiẽnuɖuɖua ɖum va se ɖe esime wo katã woxɔ woƒe dziƒofetu la. (Nyaɖ. 12:17) Gake ne ɖe wòanye be ele na ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi la hã be woaɖu kpɔɖeŋunuawo la, ekema ahiã be woanɔ Ŋkuɖodzi ƒe wɔna sia wɔm yi ɖe mavɔmavɔ me.
‘Woazu Nye Dukɔ’
17, 18. Aleke nyagblɔɖi si le Ezekiel 37:26, 27 la va emee?
17 Yehowa gblɔ ɖekawɔwɔ si anɔ eƒe amewo dome la ɖi ale: “Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, nubabla mavɔ wòanye na wo, malé wo ɖe te, madzi wo ɖe dzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbee. Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.”—Eze. 37:26, 27.
18 Mɔnukpɔkpɔ su Mawu ƒe amewo katã si be ŋugbedodo dodzidzɔname sia, si nye Kristotɔwo ƒe ŋutifafanubabla la, me vava naɖe vi na wo. Ɛ̃, Yehowa do ŋutifafa ŋugbe na esubɔla toɖolawo katã. Woɖea gbɔgbɔ la ƒe kutsetse la fiana wòdzena ƒãa. Eƒe kɔkɔeƒe la, si le tsitre ɖi na Kristotɔwo ƒe tadeagu dzadzɛa le go sia me la, le wo dome. Wova zu eƒe dukɔ nyateƒe, elabena woɖe asi le trɔ̃subɔsubɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu eye Yehowa ɖeka koe nye Mawu si wodea ta agu na.
19, 20. Ame kawo hãe le ame siwo Yehowa yɔ be “nye dukɔ” la dome, eye nu kawoe Yehowa to nubabla yeyea dzi na wova eme?
19 Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na míi enye esi be míele hatsotso eve siawo ƒe ɖekawɔwɔ teƒe kpɔm le míaƒe ŋkekea me! Togbɔ be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ mele ameha gã si ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la si o hã la, edoa dzidzɔ na wo ŋutɔ be yewowɔ ɖeka kple ame siwo si mɔkpɔkpɔ sia le. Woku ɖe Mawu ƒe Israel la ŋu. Esi woɖe afɔ sia ta la, woawo hã wole ame siwo Yehowa yɔ be “nye dukɔ” la dome. Míekpɔ nyagblɔɖi sia va eme le wo gome be: “Ɣemaɣi la dukɔ geɖewo aku ɖe Yehowa ŋu ahazu nye dukɔ, eye manɔ dowòme.”—Zax. 2:15; 8:21; mixlẽ Yesaya 65:22; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
20 Yehowa to nubabla yeyea dzi na esiawo katã va eme. Ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la va zu Yehowa ƒe dukɔ si ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la me tɔwo. (Mixa 4:1-5) Woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi aku ɖe nubabla ma ŋu si fia be yewoalɔ̃ ɖe eƒe nudidiwo dzi ahawɔ wo dzi. (Yes. 56:6, 7) Le esia wɔwɔ me la, yayra si nye ŋutifafa si nu mayi o la sua woa kple Mawu ƒe Israel la si. Esia neva eme na wò hã—tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nenema kee amesiaminawo koŋue wozãa nya “hame” na. (Heb. 12:23) Ke hã, gɔmesese bubu ate ŋu anɔ nya “hame” ŋu, ate ŋu aku ɖe Kristotɔwo katã ŋu, metsɔ le eme be dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigbadzimɔkpɔkpɔ ye le wo si o.—Kpɔ April 15, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-23.
b Yesu nye nubabla ma ƒe Domenɔla, eya mele nubabla la me o. Esi wònye Domenɔla ta la, edze ƒãa be meɖu kpɔɖeŋunuawo o.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Ame kawoe nye “Israel to wuieveawo,” siwo ame 144,000 la adrɔ̃ ʋɔnui?
• Ƒomedodo kae le amesiaminawo, alẽ bubuawo, kple nubabla yeyea dome?
• Ðe wòle be Kristotɔwo katã nakpɔ gome le Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu mea?
• Ðekawɔwɔ ka ŋu nyae wogblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu?
[Akɔntabubu/Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Egbea la, ame geɖewo va le subɔsubɔm aduadu kple Mawu ƒe Israel la
7,313,173
4,017,213
1,483,430
373,430
1950 1970 1990 2009